bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Chronicles 23
2 Chronicles 23
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 22
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 24 →
1
Ke le ƒè adrẽlia me la, Yoyada do dzi ɖabla nu kple ame alafawo ƒe kplɔlawo. Woawoe nye Azarya, Yeroxam vi, Ismael, Yehohanan vi, Azarya, Obed vi, Maaseya, Adaya vi kple Elisafat, Zixri vi.
2
Wotsa le Yuda godoo eye wokplɔ Levi viwo kple Israel-tatɔwo tso Yuda-duwo katã me va Yerusalem.
3
Ameha blibo la bla nu kple fia la le Mawu ƒe aƒe la me, eye Yoyada gblɔ na wo be: “Kpɔ ɖa, fiavie aɖu fia, abe ale si Aƒetɔ do ŋugbe le David ƒe dzidzimeviwo ŋui ene.
4
Nu si miawɔ lae nye esi: Mi nunɔlawo kple Levi vi siwo yina dɔ me le dzudzɔgbe la, akpa etɔ̃lia nadzɔ agboawo nu.
5
Akpa etɔ̃lia bubu nanɔ fiasã la me, eye akpa etɔ̃lia mamlɛa nanɔ Gɔmeɖoɖogbo la nu. Dukɔ blibo la nanɔ Aƒetɔ ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnu.
6
Ame aɖeke nagava Aƒetɔ ƒe aƒe la me o, negbe nunɔlawo kple Levi vi siwo le dɔ wɔm le afi ma la ko. Woawo ya kpɔ mɔ age ɖe eme elabe wo ŋu kɔ, ke dukɔ blibo la nawɔ Aƒetɔ ƒe ɖoɖo dzi.
7
Levi viwo naƒo xlã fia la, eye wo dome ame sia ame nalé aʋawɔnu ɖe asi. Ame si va aƒea me la, woawui. Afi sia afi si fia la to la, minɔ eŋu.”
8
Levi viawo kple Yudatɔwo katã wɔ ɖe ale si nunɔla Yoyada ɖe gbe na wo la dzi pɛpɛpɛ. Nunɔla Yoyada meɖe asi le dɔwɔhatsotsoawo ŋu woyi aƒe o. Ame siwo ado le dɔ me le dzudzɔgbe la dzi kple ame siwo ava dɔ me le dzudzɔgbe la dzi la katã li, eye ame sia ame le eƒe amewo nu.
9
Nunɔla Yoyada tsɔ fia David ƒe akplɔwo, akpoxɔnu gãtɔ kple suetɔ siwo le Mawu ƒe aƒea me la na ame alafawo ƒe kplɔlawo,
10
eye wòɖo ameawo katã ɖi, tso xɔa ƒe anyigbeme godzi va yi eƒe dzigbeme godzi. Woƒo xlã vɔsamlekpui la hã eye ame sia ame lé aʋawɔnu ɖe asi.
11
Tete Yoyada kplɔ Yoas doe, ɖɔ fiakuku la nɛ, eye wòtsɔ nubablagbalẽ la de esi. Ale wòɖoe fiae. Yoyada kple viawo si ami nɛ, eye wodo ɣli be: “Fia nenɔ agbe tegbee!”
12
Esi Atalya se ameha siwo le du dzi le aseye tsom ɖe fia la ŋu la ƒe hoowɔwɔ la, edo va dukɔ la gbɔ le Aƒetɔ ƒe aƒe la me.
13
Kasia, ekpɔ fia la le tsitre ɖe eƒe sɔti la gbɔ le kɔkɔƒea ƒe mɔnu. Aʋakplɔlawo kple kpẽkulawo ƒo xlãe, eye dukɔ blibo la le aseye tsom; kpẽwo le ɖiɖim eye hadzilawo tsɔ hadzinu vovovowo le kafukafuha dzim. Atalya dze eƒe awuwo, eye wòdo ɣli be: “Dugbãnuɖoɖo ye! Dugbãnuɖoɖo ye!”
14
Nunɔla Yoyada yɔ asrafo alafawo ƒe kplɔlawo va xexe, eye wògblɔ na wo be: “Migawui ɖe Aƒetɔ ƒe aƒe la me o. Mikplɔe to ameawo dome yii. Ne ame aɖe dze eyome la, miwui kple yi.”
15
Ale wolée, kplɔe va ɖo fiasã la gbɔ, eye wowui ɖe Sɔgbo la nu.
16
Yoyada bla nu kple dukɔ blibo la kple fia la be yewoanye Aƒetɔ ƒe dukɔ.
17
Tete dukɔ blibo la ge ɖe Baal ƒe subɔƒe la. Womu eƒe vɔsamlekpuiwo ƒu anyi, gbã eƒe legbawo, eye wowu Matan, Baal nunɔla ɖe vɔsamlekpuiawo ŋgɔ.
18
Yoyada tsɔ Aƒetɔ ƒe aƒe la me dɔwo de asi na nunɔlawo kple Levi viwo, ame siwo David ma ɖe hatsotsowo me be woakpɔ Aƒetɔ ƒe aƒe la me dɔwo gbɔ. David ɖo wo be woasa Aƒetɔ ƒe numemevɔsa kple dzidzɔ kple hadzidzi abe ale si woŋlɔ ɖe Mose ƒe se la mee ene.
19
Yoyada ɖo agbonudzɔlawo ɖe Aƒetɔ ƒe aƒe la ƒe agbowo nu be ame makɔmakɔ aɖeke nagage ɖe eme o.
20
Tete Yoyada ɖe ame alafawo ƒe kplɔlawo dukɔ la ƒe ame ŋkutawo, dziɖulawo kple dukɔ blibo la katã, eye wokplɔ fia la tso Aƒetɔ ƒe aƒe la me zɔ dzigbegbo la nu yi fiasã la me, eye wòtsɔ fia la ɖo fiazikpui dzi.
21
Dukɔ blibo la kpɔ dzidzɔ le anyigba la dzi, eye dua me fa elabe wowu Atalya kple yi.
← Chapter 22
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 24 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36