bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Chronicles 34
2 Chronicles 34
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 33
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 35 →
1
Yosiya xɔ ƒè enyi esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe bla etɔ̃ vɔ ɖekɛ le Yerusalem.
2
Ewɔ nu si dzɔ le Aƒetɔ ŋkume. Eto tɔgbuia David ƒe ʋe me, eye medze to ɖusi alo miame o.
3
Le Yosiya ƒe ƒè enyilia me, esime wòganye ɖekakpui ko la, ede asi tɔgbuia David ƒe Mawu la didi me. Le ƒe wui evelia me la, ede asi nuxeƒewo kple nyɔnumawu Asera subɔƒewo, aklama kpakpɛwo kple legba siwo wolólo hekɔ la ɖeɖeɖa me le Yuda kple Yerusalem.
4
Eya ŋutɔ le eteƒe wogbã Baalwo ƒe vɔsamlekpuiwo. Wokaka lifivɔsaƒe siwo le wo dzi la. Womu nyɔnumawu Asera ƒe ati kɔkɔawo ƒu anyi, eye wogbã aklama kpakpɛ kple legba siwo wolólo hekɔ la. Wotu wo memie helɔ kɔ ɖe ame siwo sa vɔ na wo tsã la ƒe yɔdowo dzi.
5
Etɔ dzo nunɔlawo ƒe ƒuwo le woƒe vɔsamlekpui dzi, eye wòkɔ Yuda kple Yerusalem ŋu.
6
Ewɔ esia le duwo kple aƒedowo me le Manase, Efrayim kple Simeon towo hã me ɖado ɖe keke Naftali ke.
7
Esi wòto Israel-nyigba bliboa me, mu woƒe vɔsamlekpuiwo kple nyɔnumawu Asera subɔƒewo, gbã legbawo gudugudu wozu wɔ, eye wòkaka lifivɔsaƒewo katã vɔ la, etrɔ gbɔ va Yerusalem.
8
Le Yosiya ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè wui enyilia me, esime wòɖe nu gbegblẽwo ɖa le anyigba la kple xɔa me vɔ la, edɔ Safan, Azalya vi kple dua dziɖula Maaseya kpakple Yoax, fia ƒe agbalẽŋlɔla Yoaxaz vi ɖa be woaɖadzra Aƒetɔ, Mawu la ƒe aƒe la ɖo.
9
Wova Xilkiya, nunɔlagã gbɔ, eye wotsɔ ga si amewo he va Mawu ƒe aƒe la me si Levi vi siwo dzɔa agbo nu la dzɔ le Manase, Efrayim kple Israelvi mamlɛawo katã si le Yuda, Benyamin kple Yerusalem blibo la katã vɛ.
10
Wotsɔ gaa na dɔdzikpɔla siwo le gbedoxɔa dzi kpɔm la, eye woawo hã tsɔe na be woatsɔe ɖɔ gbedoxɔa ɖoe.
11
Woawo tsɔ ga la na atikpalawo kple gliɖolawo ne woatsɔ aƒle kpe fúfuwo, xɔblatiwo kple daɖedzitiwo atsɔ adzra xɔ siwo Yuda-fiawo gblẽ ɖi wogbã la ɖo.
12
Ameawo wɔ dɔa anukwaretɔe. Levi vi ene kpɔ wo dzi. Wotia: Yaxat kple Obadya siwo nye Levi viwo tso Merari-ƒome la me kple Zaxarya kpakple Mesulam tso Kehat-ƒome la me ɖo dɔwɔlawo nu. Wotsɔ Levi vi bubu siwo katã nya hadzinuwo ŋudɔwɔwɔ la
13
ɖo agbatsɔlawo nu. Dɔ vovovoawo wɔlawo dzikpɔlawo, agbalẽŋlɔlawo, dɔnunɔlawo kple agbonudzɔlawo katã tso Levi viwo dome.
14
Esime wotsɔ ga si amewo na Aƒetɔ ƒe aƒe la me la do goe gbɔna la, nunɔla Xilkiya fɔ Aƒetɔ ƒe Segbalẽ si wòna to Mose dzi la.
15
Xilkiya gblɔ na agbalẽŋlɔla Safan be: “Mefɔ Segbalẽ la le Aƒetɔ ƒe aƒe la me”, eye wòtsɔ agbalẽ la nɛ.
16
Sefan tsɔ agbalẽa vɛ na fia la gblɔ be: “Dɔ siwo katã nèdɔ mí, wò dɔlawo la, míele wo dzi.
17
Wolɔ ga si wokpɔ le Aƒetɔ ƒe aƒe la me la na dɔdzikpɔlaawo kple dɔwɔlaawo.”
18
Azɔ Safan, agbalẽŋlɔla gagblɔ na fia la be: “Agbalẽ aɖee nye esi nunɔla Xilkiya tsɔ nam.” Safan xlẽe na fia la.
19
Esi fia la se agbalẽa me nyawo la, edze awu le eɖokui ŋu.
20
Fia la ɖe gbe na Xilkiya kple Axikam, Safan vi, Abdon, Mixa vi kple agbalẽŋlɔla Safan kpakple fia ƒe subɔla Asaya be:
21
“Miyi ɖabia nu ɖe nye kple ame siwo susɔ le Israel kple Yuda la nu, le agbalẽ si wofɔ la me nyawo ŋuti. Aƒetɔ ƒe dɔmedzoe si va mía dzi la nu sesẽ ŋutɔ elabe mía tɔgbuiwo melé eƒe nyawo me ɖe asi o, eye womewɔ ɖe nu siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la dzi o.”
22
Ale Xilkiya kple fia ƒe ameawo yi nyɔnugbeƒãɖela Xulda si nye Salum srɔ̃ la gbɔ. Enɔ Yerusalem ƒe to evelia me. Salum nye Tikva vi henye Xasra ƒe tɔgbuiyɔvi. Eyae kpɔa gbedoxɔmewuwo dzi. Woɖagblɔ nya la na nyɔnua.
23
Eɖo eŋu na wo be: “Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la le gbɔgblɔm be:
24
‘Aƒetɔ, be: Kpɔ ɖa, dzɔgbevɔ̃e kple fiƒode siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ si woxlẽ na Yuda-fia me la, ava teƒe sia kple edzinɔlawo dzi.
25
Elabe wogblẽm ɖi ɖasa lifivɔ na mawu tutɔwo, ale wotsɔ woƒe asinudɔwɔwɔwo do dziku nam vevie. Eya ta woakɔ nye dɔmedzoe ɖe teƒe sia dzi eye womate ŋu atsi enu o.
26
Azɔ migblɔ na Yuda-fia, ame si dɔ mi ɖa be miava bia nu la be: “Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la be: ‘Le nya siwo nèse ŋuti la,
27
esi nètrɔ dzime, bɔbɔ ɖokuiwò na Mawu, esime nèse nya siwo wogblɔ ɖe teƒe sia kple emenɔlawo ŋu, bɔbɔ ɖokuiwò na Mawu, dze awu le ɖokuiwò ŋu, eye nèfa avi le ŋkunye me ta la, nye hã mesee na wò.
28
Wò la, tohehe si mahe va teƒe sia kple emenɔlawo dzi la, makpɔ eteƒe o, elabe mana nàyi tɔgbuiwòwo gbɔ ado ŋgɔ. Aku woaɖi le ŋutifafa me.’ ” Amedɔdɔawo he gbedeasia vɛ na fia la.
29
Tete fia la na woƒo Yuda kple Yerusalem ame tsitsiwo katã nu ƒu.
30
Fia la, Yudatɔwo katã, Yerusalemnɔlawo keŋ, nunɔlawo, Levi viwo, dukɔ blibo la, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, woyi Aƒetɔ ƒe aƒe la me. Fia la tsi tsitre xlẽ nubablagbalẽ si wofɔ le Aƒetɔ ƒe aƒe la me la me nyawo na wo wose ɖe to me.
31
Fia la tsi tsitre ɖe enɔƒe, eye wòbla nu kple Aƒetɔ be yeanɔ eyome, alé eƒe sewo, sededewo kple ɖoɖowo me ɖe asi tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me. Edo ŋugbe be yeawɔ nubablaa ƒe nyawo dzi abe ale si woŋlɔ ɖe agbalẽa me la ene.
32
Esia yome ena ame sia ame le Yerusalem kple Benyamin hã ɖe adzɔgbe be yewoawɔ nubabla la dzi. Ale Yerusalemnɔlawo zɔ ɖe Mawu, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la ƒe nubabla nu.
33
Yosiya ɖe ŋunyɔnuwo katã ɖa le Israelviwo ƒe anyigba la katã dzi, eye wòna ame sia ame si le Israel la subɔ Aƒetɔ, woƒe Mawu la. Le eƒe agbe me ŋkekeawo me la, womete ɖa le wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la ŋu o.
← Chapter 33
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 35 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36