bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Chronicles 6
2 Chronicles 6
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 7 →
1
Tete Salomo gblɔ be: “Aƒetɔ, ègblɔ be yeanɔ alilikpo dodo me.
2
Ke nye la, metu xɔ tɔxɛ sia na wò ne wòanye nɔwòƒe tegbee.”
3
Israel-dukɔ blibo la le tsitre nu le afi ma. Tete fia la trɔ dze ŋgɔ wo, eye wòyra wo.
4
Egblɔ be: “Míakafu Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu, ame si ke nu do ŋugbe na tɔ́nye David, eye wòwɔ edzi la! Egblɔ be:
5
‘Tso keke gbe si gbe mekplɔ nye dukɔ do goe le Egipte-nyigba dzi la, nyemetia du aɖeke le Israel-toawo dome be woatu xɔ si ŋu nye ŋkɔ anɔ la nam ɖe afi ma o. Nyemetia ame aɖeke hã be wòaɖu nye dukɔ Israel dzi o.
6
Ke azɔ la, metia Yerusalem be woasubɔm le afi ma, eye metia David, be wòanɔ nye dukɔ Israel nu.’
7
Azɔ tɔ́nye David ɖo tame be yeatu xɔ si me woasubɔ Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la le,
8
ke Aƒetɔ gblɔ na tɔ́nye David be: Èwɔe nyuie be nèɖoe be yeatu xɔ si me woasubɔm le la.
9
Gake menye wòe atu xɔ la o, ke boŋ viŋutsu si wò ŋutɔ nàdzi lae.
10
Azɔ Aƒetɔ, wɔ ŋugbe si wòdo la dzi. Meva nyi tɔ́nye David ƒe do me; mele Israel ƒe fiazikpui la dzi, abe ale si Aƒetɔ la gblɔe la ene, eye metu xɔ be woasubɔ Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la le eme.
11
Metsɔ aɖaka si me nu, si Aƒetɔ bla kple Israel le la ɖo afi ma.”
12
Azɔ Salomo ɖatsi tsitre ɖe vɔsamlekpui la ŋgɔ le Israelviwo ƒe ha blibo la ŋgɔ, eye wòke eƒe abɔwo me do ɖe dziƒo.
13
Do ŋgɔ la, Salomo tsɔ akɔbli wɔ tsitretsiƒe si kɔ dzi la ɖe xɔxɔnua titina. Edidi meta eve kple afã, eye wòkeke meta eve kple afã. Ekɔ meta ɖeka kple afã. Eya dzie wòlia hedze klo le Israelviwo ƒe ha blibo la ŋkume, eye wòke eƒe abɔwo me do ɖe dziƒo
14
gblɔ be: “Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu, mawu aɖeke mele abe wò ene le dziƒo kple anyigba dzi o. Èwɔa wò nubabla dzi, eye nèvea wò dɔla siwo wɔa wò nya dzi tso dzi blibo me la nu.
15
Wòe wɔ ŋugbe si nèdo na wò dɔla, tɔ́nye David la dzi. Ẽ, wòe ke nu gblɔe nɛ, eye nètsɔ asi wɔ edzi, wòle dzedzem egbe sia.
16
Eya ta azɔ O Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu, wɔ ŋugbe si nèdo na wò dɔla, tɔ́nye David la dzi. Ègblɔ be: ‘Ne wò dzidzimeviwo lé be na woƒe nɔnɔme, eye wonɔ agbe ɖe nye sewo nu, abe ale si wò ŋutɔ nèwɔ le ŋkunye me ene la, wò ame siwo anɔ Israel-fiazikpui la dzi la, nu matso akpɔ o.’
17
Eya ta O Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu, wɔ ŋugbe sia si nèdo na wò dɔla David la dzi.
18
“Ke azɔ la, nyateƒe wònye be Mawu anɔ amegbetɔwo gbɔ le anyigba dzia? Kpɔ ɖa, dziƒo kple dziƒo ƒe dziƒowo katã gɔ̃ hã mede na wò o, ʋuu keke wòava nye xɔ sia si metu!
19
Ke hã la, Aƒetɔ, nye Mawu, trɔ ɖe nye wò dɔla ƒe gbedodoɖa kple kokoƒoƒo ŋu, ne nàɖo to wò dɔla ƒe ɣli kple gbe si dom wòle ɖa le ŋkuwò me.
20
Na wò ŋku nanɔ xɔ sia ŋu zã kple keli kple teƒe sia si nèdo ŋugbe be woasubɔ ye le la ŋu, eye nàse gbe si, wò dɔla, atrɔ ɖe teƒe sia ado ɖa la.
21
Ne nye, wò dɔla kple wò dukɔ Israel, trɔ ɖe gbedoxɔ sia gbɔ hedo gbe ɖa, ƒo koko na wò la, see le nɔwòƒe le dziƒo eye nàtsɔ vɔ̃ ake.
22
“Ne ame aɖe wɔ vɔ̃ ɖe ehavi ŋu eye wobia tso esi be wòaka atam, eye wòva ekaƒe le wò vɔsamlekpui ŋgɔ le xɔ sia me la,
23
ekema see le dziƒo, ne nàdrɔ̃ nyaa na wò dɔlawo. Bu fɔ ame si tɔ medzɔ o, ne nàhe to nɛ, eye nàtso afia na ame si tɔ dzɔ, eye nàwɔ nɛ abe ale si dzee la ene.
24
“Ne futɔwo si wò dukɔ Israel, elabe wowɔ vɔ̃ ɖe ŋuwò, eye wotrɔ ɖe ŋuwò, va ʋu wò ŋkɔ me do gbe ɖa, ƒo koko na wò le xɔ sia me la,
25
ekema nàsee le dziƒo. Tsɔ wò dukɔ Israel ƒe nuvɔ̃ ke, eye nàgakplɔ wo va anyigba si nètsɔ na wo kple wo tɔgbuiwo la dzi.
26
Ne èna dziƒo nu xe, tsi megale dzadzam o, elabe wowɔ vɔ̃ ɖe ŋuwò, ke woʋu woƒe nuvɔ̃ me, trɔ ɖe xɔ sia gbɔ, ʋu wò ŋkɔ me, eye woɖe asi le woƒe nuvɔ̃ ŋu, esi nèhe to na wo ta la,
27
ekema nàsee le dziƒo. Tsɔ wò dɔlawo, wò dukɔ Israel, ƒe nuvɔ̃ ke. Nàfia ale si woanɔ agbe nyui la wo, eye nàna tsi nadza ɖe wò anyigba si nètsɔ na wò dukɔ abe domenyinu ene la dzi.
28
Ne dɔ to le anyigba la dzi, alo dɔ vɔ̃ va, alo bli dze heteku, alo nukuwo hlɔ̃, alo ʋetsuviwo kple ŋɔwo va, alo ne wò dukɔ ƒe futɔwo mimi wo ɖo le woƒe duwo me le anyigba la dzi, alo ne fuɖename alo dɔléle aɖe va la,
29
ekema nase woƒe gbedodoɖa. Gbe sia gbe si woado ɖa, koko ɖe sia ɖe si woaƒo ɖe ame aɖe alo wò dukɔ Israel katã ta la, ne ame sia ame nya eƒe fukpekpe kple vevesese, eye wòdo abɔ ɖe xɔ sia gbɔ la,
30
ekema nàsee le nɔwòƒe le dziƒo, eye nàtsɔ vɔ̃ ake. Wò ɖeɖe koe nya nu si le amegbetɔ ƒe dzime. Wɔ na ame sia ame abe ale si dzee la ene.
31
Ale woavɔ̃ wò, eye woawɔ wò nya dzi le woƒe agbenɔɣi katã le anyigba si nètsɔ na mía tɔgbuiwo la dzi.
32
“Nenema ke, ne amedzro siwo menye wò dukɔ Israelvi o, se wò ŋkɔ gã la, wò ŋusẽ kple wò xɔname, eye wòtso didiƒe va trɔ ɖe xɔ sia gbɔ do gbe ɖa la,
33
ekema nàsee le nɔwòƒe le dziƒo. Nàwɔ nu sia nu si amedzro la bia wò la nɛ, be anyigba dzi dukɔwo katã nanya wò, avɔ̃ wò abe wò dukɔ Israel ene, ale be woadze sii be wosubɔa wò le xɔ sia si metu la me.
34
“Ne wò dukɔ ho aʋa ɖe woƒe futɔwo ŋu, ɖe ale si nàɖo wo ɖa nu, eye wotrɔ mo ɖe du sia si nètia kple xɔ si metu be woasubɔ wò le eme la gbɔ la,
35
ekema nàse woƒe gbedodoɖa kple kokoƒoƒo eye nàna wòadze edzi na wo.
36
“Amegbetɔ aɖeke meli si mewɔa nuvɔ̃ o. Ke ne wò dukɔ wɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò, eye nèdo dziku, tsɔ wo de futɔ aɖe si me, eye woɖe aboyo wo yi didiƒe alo kpuiƒe,
37
wova wo ɖokui me le anyigba si dzi woɖe aboyo wo yii eye wotrɔ dzime ƒo koko na wò be: ‘Míewɔ nuvɔ̃, míeda vo, eye míesẽ tame la’
38
ẽ, ne wotrɔ ɖe ŋuwò kple woƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo le afi ma, eye wotrɔ ɖe woƒe anyigba sia, si nètsɔ na wo tɔgbuiwo kple du sia, si nètia na wo kpakple xɔ si metu be woasubɔ wò le eme la gbɔ la,
39
ekema nàsee le nɔwòƒe le dziƒo, eye nàxɔ na wo. Nàtsɔ nuvɔ̃ si dukɔ la wɔ ɖe ŋuwò la ke wo.
40
Azɔ nye Mawu, meɖe kuku na wò, wò ŋku nanɔ ʋuʋu, eye wò to nanɔ te ɖe gbe si woado ɖa na wò le teƒe sia ŋu.
41
Azɔ, O Aƒetɔ, Mawu, tso nàyi wò gbɔɖemeƒe, wò kple wò ŋusẽ nubablaɖaka! O Aƒetɔ, Mawu, nàdo xɔxɔ na wò nunɔlawo abe awu ene. Na wò ame kɔkɔewo natso aseye le wò nu nyui wɔwɔ ŋu.
42
O Aƒetɔ, Mawu, mègaɖe mo ɖa le wò amesiamina la ŋu o. Ðo ŋku wò lɔlɔ̃ matrɔ la dzi na wò dɔla David.”
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 7 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36