bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Chronicles 12
2 Chronicles 12
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 13 →
1
Esi Rexabeam ƒe fiaɖuƒe la li ke, eye ŋusẽ ɖo eŋu la, eya kple Israel-dukɔ blibo la gblẽ Aƒetɔ ƒe se la ɖi.
2
Le fia Rexabeam ƒe ƒè atɔ̃lia me la, Egipte-fia Sisak ho aʋa ɖe Yerusalem ŋu elabe womewɔ nuteƒe na Aƒetɔ o.
3
Etsɔ tasiaɖam akpe ɖeka alafa eve, sɔdola akpe bla ade kple aʋakɔ si mele xexlẽme o tso Egipte vɛ. Wonye Libiatɔwo, Sukitɔwo kple Etiopiatɔwo.
4
Exɔ Yuda-ʋawɔduawo, eye wògogo Yerusalem.
5
Tete gbeƒãɖela Semaya va Rexabeam kple Yuda-megã siwo sí le Sisak nu va ƒo ƒu ɖe Yerusalem la gbɔ gblɔ na wo be: “Aƒetɔ be: ‘Miegblẽm ɖi, eya ta nye hã metsɔ mi de asi na Sisak.’ ”
6
Tete Israel-megãwo bɔbɔ wo ɖokui, eye wogblɔ be: “Aƒetɔ tɔ dzɔ.”
7
Esi Aƒetɔ kpɔ be wobɔbɔ wo ɖokui la, eƒe gbe va na Semaya be: “Wobɔbɔ wo ɖokui eya ta nyemagatsrɔ̃ o, ke boŋ maxɔ na wo ʋɛ. Nyemaɖe nye dziku ɖe Yerusalem ŋu to Sisak dzi o.
8
Gake mana woasubɔe bene woakpɔ vovototo si le nye subɔsubɔ kple anyigba dzi dziɖulawo subɔsubɔ dome.”
9
Ale Egipte-fia Sisak ho ɖe Yerusalem ŋu. Elɔ Aƒetɔ ƒe aƒe la me kesinɔnuwo kple fiasã la me kesinɔnuwo. Elɔ nu sia nu; etsɔ sikakpoxɔnu siwo fia Salomo wɔ gɔ̃ hã dzoe.
10
Fia Rexabeam va wɔ akɔblikpoxɔnuwo ɖe sikatɔawo teƒe, eye wòtsɔ wo de asrafo siwo dzɔa fiasã la ƒe mɔnu la ƒe amegãwo si.
11
Ne fia la yina Aƒetɔ ƒe aƒe la me la, fia ŋu srafowo tsɔa akpoxɔnuawo dona kplii, eye wogagbugbɔa wo va dana ɖe agbonudzɔxɔa me.
12
Esi Rexabeam bɔbɔ eɖokui ta la, Aƒetɔ ƒe dziku la nu yi, eye metsrɔ̃ wo keŋ o. Gawu la, nu nyui wɔwɔ nu metso le Yuda o.
13
Ale fia Rexabeam li ke ɖe Yerusalem, eye wòɖu fia. Exɔ ƒe bla ene vɔ ɖekɛ esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe wui adrẽ le Yerusalem, du si Aƒetɔ tia le Israel-nutoawo katã me be woasubɔ ye le. Nɔa ŋkɔe nye Naama, Amon-nyɔnu.
14
Rexabeam wɔ nuvɔ̃ɖi elabe meɖoe kplikpaa be yeadi Aƒetɔ o.
15
Rexabeam ƒe ŋutinyawo tso gɔmedzedzea va se ɖe nuwuwu la, woŋlɔ wo ɖe Gbeƒãɖela Semaya ƒe Ŋutinyagbalẽ kple Nukpɔla Ido ƒe Ŋutinyagbalẽwo me. Aʋa nɔ Rexabeam kple Yerobeam dome ŋkekeawo katã.
16
Rexabeam ku, eye woɖii ɖe David ƒe du la me, eye via Abiya zu fia ɖe eteƒe.
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 13 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36