bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Chronicles 11
2 Chronicles 11
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 12 →
1
Esi Rexabeam gbɔ va Yerusalem la, eƒo aʋawɔla akpe alafa ɖeka bla enyi nu ƒu tso Yuda kple Benyamin toawo me be yeawɔ aʋa kple Israel agbugbɔ fiaɖuƒe la axɔ.
2
Ke Aƒetɔ ƒe gbe va na Semaya, Mawu ƒe ame be:
3
“Gblɔ na Yuda-fia Rexabeam, Salomo vi kple Israelvi siwo katã le Yuda kple Benyamin la be:
4
‘Migaho ɖawɔ aʋa kple mia nɔviwo o. Ame sia ame netrɔ yi aƒe elabe gbɔnye nu sia tso.’ ” Ale woɖo to Aƒetɔ hegbugbɔ, eye womegawɔ aʋa kple Yerobeam o.
5
Rexabeam nɔ Yerusalem, eye wòwɔ du siawo aʋawɔduwoe:
6
Betlehem, Etam, Tekoa,
7
Bet-Zur, Soko, Adulam,
8
Gat, Maresa, Sif,
9
Adorayim, Laxis, Azeka,
10
Zora, Ayalon kple Xebron. Du siawo zu aʋawɔdu sesẽwo.
11
Rexabeam wɔ wo me mɔ́wo wosesẽ, eye wòɖe aʋakplɔlawo ɖo wo me. Edzra nuɖuɖu, ami kple wain ɖo ɖe wo me.
12
Eda akpoxɔnu kple akplɔ ɖe du sia du me, eye wòwɔ wo wozu du sesẽwo ŋutɔ. Ale Yuda kple Benyamin zu etɔ.
13
Azɔ nunɔla kple Levi vi siwo le Israel bliboa la ʋu tso woƒe nutowo katã me va Rexabeam gbɔ.
14
Yerobeam kple viawo nyà wo ɖa be womagawɔ nunɔladɔ na Aƒetɔ o; ale Levi viwo gblẽ woƒe duwo kple nuwo ɖi, eye woʋu va Yuda kple Yerusalem.
15
Eya ŋutɔ ɖo nunɔlawo ɖe nuxeƒewo kple azizã kpakple nyivi subɔƒe siwo wòwɔ la.
16
Ame siwo katã ƒe dzi ku ɖe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu ŋu, eye wodi be yewoasubɔ eya ko la, tso Israel-toawo katã me, dze Levi viawo yome va Yerusalem bene woasa vɔ na Aƒetɔ, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la.
17
Ame siawoe na Yuda-fiaɖuƒe la li ke, eye wodo ŋusẽ Rexabeam, Salomo vi la wònɔ te ƒe etɔ̃, elabe le ɣeyiɣi sia me la, wonɔ agbe abe ale si wonɔe le fia David kple fia Salomo ŋɔli ene.
18
Rexabeam ɖe Maxalat, si nye Yerimot, David viŋutsu ƒe vinyɔnu. Nɔa ye nye Abixail, Eliab vinyɔnu kple Yese tɔgbuiyɔvi.
19
Eya dzi viŋutsuwo nɛ siwo nye: Yeus, Semarya kple Zaham.
20
Eyome Rexabeam ɖe Maaxa, Absalom vinyɔnu, eye eya hã dzi Abiya, Attai, Ziza kple Selomit nɛ.
21
Rexabeam lɔ̃ srɔ̃a Maaxa, Absalom vinyɔnu wu le srɔ̃awo kple eƒe ahiãviwo dome. Srɔ̃ wui enyi kple ahiãvi bla ade nɔ esi, eye viŋutsu bla eve vɔ enyi kple vinyɔnu bla ade nɔ esi.
22
Rexabeam tsɔ Abiya Maaxa viŋutsu ɖo tatɔe ɖe nɔviawo nu elabe edi be eya nava ɖu fia.
23
Rexabeam dze aɖaŋu; ema via ŋutsuawo ɖe Yuda kple Benyamin nutoawo katã me. Eɖo wo ɖe aʋawɔduawo me, eye wòna nuɖuɖu wo kpaŋkpaŋ heɖe srɔ̃ na wo.
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 12 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36