bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Chronicles 13
2 Chronicles 13
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 14 →
1
Le fia Yerobeam ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè wui enyilia me la, Abiya zu fia le Yuda.
2
Eɖu fia ƒe etɔ̃ le Yerusalem. Nɔa ŋkɔe nye Mixaya; enye Uriel si tso Gibea vinyɔnu. Aʋa nɔ Abiya kple Yerobeam dome.
3
Abiya dze aʋa kple aʋakalẽ tiatia akpe alafa ene, eye Yerobeam ɖe aʋakalẽ tiatia akpe alafa enyi ɖakpe aʋa kplii.
4
Abiya tsi tsitre ɖe Zemarayim-to kɔgo le Efrayim-tonyigba dzi, eye wògblɔ be: “Yerobeam kple Israelviwo katã, miɖo to miasee!
5
Ðe mienyae be Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la, tsɔ Israel-fiaɖuƒe la na David kple eƒe dzidzimeviwo tegbee, to dzenubabla me oa?
6
Ke Yerobeam, Nebat vi, si nye David vi, Salomo ƒe dɔla la, dze aglã ɖe eƒe aƒetɔ ŋu.
7
Yakame kple ame ɖigbɔ ƒe vi aɖewo hã ƒo ƒu ɖe eŋu, eye wodo dzi tsi tre ɖe Rexabeam, Salomo vi ŋu. Ke esi Rexabeam nye ɖevi eye dzi mele eƒo o ta la, mete ŋu nɔ te ɖe wo nu o.
8
“Azɔ miebu be yewoate ŋu anɔ te ɖe Aƒetɔ ƒe fiaɖuƒe si le David ƒe dzidzimeviwo si me la nu, elabe miesɔ gbɔ fũu eye sikanyivi siwo Yerobeam tsɔ wɔ mawuwo na mi la le mia gbɔ ta.
9
Menye miawoe nyà Aƒetɔ ƒe nunɔlawo, Aron kple Levi ɖa le mia dome eye mieɖo nunɔlawo na mia ɖokui ɖe wo teƒe abe anyigba bubu dzi tɔwo ene oa? Ame sia ame si nyatsɔ nyitsui ɖeka kple agbo adrẽ vɛ be woaɖo ye ko la, wotsɔnɛ ɖoa mawu manye mawuwo ƒe nunɔlae.
10
Ke míawo ya la, Aƒetɔ ye nye mía Mawu; míetrɔ le eyome o. Ẽ, Aron ƒe dzidzimeviwo nye nunɔla siwo subɔa Aƒetɔ, eye Levi viwoe le subɔsubɔdɔwo nu.
11
Ŋdi sia ŋdi kple fiẽ sia fiẽ la, wotɔa dzo lifi, eye wosaa numemevɔ na Aƒetɔ. Wodaa abolo ɖe kplɔ̃ kɔkɔe la dzi, eye wosia akaɖi siwo le sikakaɖitiawo dzi la fiẽ sia fiẽ, elabe míawo míelé Aƒetɔ, mía Mawu la, ƒe dɔdeasia me ɖe asi; ke miawo ya mietrɔ le eyome.
12
Kpɔ ɖa, Mawu le mía dzi, eye wònye mía kplɔla, eye eƒe nunɔlawo le klalo be yewoaku aʋakpẽwo ɖe mia ŋu. O Israelviwo, migawɔ aʋa kple mia tɔgbuiwo ƒe Mawu la o, elabe madze edzi na mi o.”
13
Ke Yerobeam na xadelawo ƒo xlã wo be yewoadze wo dzi to megbe; ale be Yerobeam ƒe aʋakɔwo le Yuda ŋgɔ, eye xadelawo le megbe.
14
Kasia Yuda-ʋakɔ be yeakpɔ la, woxaxa wo ɖe domedome. Tete wodo ɣli yɔ Aƒetɔ, eye nunɔlawo ku kpẽawo.
15
Yuda-ʋakɔa do aʋaɣli. Eva eme be esi Yuda-ŋutsuwo do ɣli la, Mawu si Yerobeam kple Israel-ʋakɔ la katã le Abiya kple Yuda ŋgɔ.
16
Israel-ʋakɔ sí le Yuda-ʋakɔa nu, eye Mawu na woɖu wo dzi.
17
Abiya kple eƒe aʋakɔ ɖu wo dzi keŋkeŋ; wowu Israel-ʋawɔla tiatia akpe alafa atɔ̃ sɔŋ.
18
Ale wobɔbɔ Israelviwo ɖe anyi. Yudatɔwo kpɔ ŋusẽ elabe woɖo dzi ɖe wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la ŋu.
19
Abiya ti Yerobeam kple eƒe aʋakɔ la yome ɖaxɔ du siawo: Betel, Yesana kple Eron kpakple wo ŋu kɔƒewo.
20
Ŋusẽ megaɖo Yerobeam ŋu kpɔ le Abiya ŋɔli o. Mlɔeba Aƒetɔ ƒoe ƒu anyi, wòku.
21
Ke ŋusẽ ɖo Abiya ŋu, eye wòli ke. Eɖe srɔ̃ wui ene, eye wòdzi ŋutsuvi bla eve vɔ eve kple nyɔnuvi wui ade.
22
Abiya ƒe ŋutinya mamlɛawo, eƒe nuwɔnawo kple eƒe nyawo la, woŋlɔ wo ɖe Mawu ƒe gbeƒãɖela Ido ƒe Ŋutinyagbalẽ me.
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 14 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36