bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Chronicles 26
2 Chronicles 26
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 25
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 27 →
1
Tete Yuda-dukɔ blibo la tsɔ Uziya, ame si xɔ ƒe wui ade la, ɖo fiae ɖe tɔ́a Amazya teƒe.
2
Le Amazya ƒe ku megbe la, Uziya xɔ Elot-du, eye wògbugbɔe tso wògazu Yuda tɔ.
3
Uziya xɔ ƒe wui ade esime woɖoe fiae, eye wòɖu fia ƒe bla atɔ̃ vɔ eve le Yerusalem. Nɔae nye Yekolya, tso Yerusalem.
4
Uziya hã wɔ nu si dze Aƒetɔ ŋu abe tɔ́a Amazya ene pɛpɛpɛ.
5
Le Zaxarya ame si fia Mawu vɔvɔ̃e ƒe agbenɔɣi la, Uziya subɔ Mawu, eye zi ale si wòsubɔ Aƒetɔ la, Mawu na nu dze edzi nɛ.
6
Uziya wɔ aʋa kple Filistitɔwo. Egbã Gat, Yabne kple Asdod-duwo ƒe gliwo, eye wòtso duwo ɖe Asdod-nutome kple teƒe bubuwo le Filistitɔwo dome.
7
Mawu de edzi ɖe Filistitɔwo kple Arabiatɔ, siwo nɔ Gur-Baal kple Meunitɔwo ŋuti.
8
Amontɔwo xe adzɔ na Uziya. Eva kpɔ ŋusẽ ale gbegbe be eŋkɔ de keke Egipte-liƒo dzi ke.
9
Uziya tu gbetakpɔxɔ sesẽwo ɖe Yerusalem ɖe Dzogoedzigbo, Balimegbo kple Dzogoe la dzi, eye wòwɔ wo wosesẽ.
10
Etu gbetakpɔxɔwo ɖe gbedadaƒo, eye wòɖe vudo geɖewo elabe lãha geɖe nɔ esi le balia me kple gbedadaƒo. Agbledede dzɔa dzi nɛ ale ena amewo de waingble ɖe towo ŋu kple anyigba nyonuwo dzi.
11
Asrafo hatsotso vovovo siwo nɔ klalo na aʋa la nɔ esi. Uziya ƒe agbalẽŋlɔla Yeiel kple dɔdzikpɔla Maaseya tia asrafoawo xlẽ, heŋlɔ ɖe agbalẽ me le Xananya, ame si tso fia ƒe aʋakplɔlawo dome la ƒe dzikpɔkpɔ te.
12
Ƒometatɔ siwo le asrafoawo nu la ƒe xexlẽme nye akpe eve alafa ade.
13
Ame siawo de aʋakalẽtɔ akpe alafa etɔ̃ kple adrẽ alafa atɔ̃. Wole klalo ɣe sia ɣi be yewoakpe ɖe fia la ŋu ɖe futɔwo ŋu.
14
Uziya na wotsɔ akpoxɔnu, akplɔ, gakuku, gawu, da kple akafo me kpewo gɔ̃ hã na asrafoawo dome ame sia ame.
15
Ewɔ mɔ̀ si aɖaŋuwɔlawo to vɛ la ɖe Yerusalem, eye wòtsɔ wo ɖo gbetakpɔxɔ tame kple gliawo ƒe dzogoewo dzi, be woatsɔ ada aŋutrɔwo kple kpe gãwoe. Uziya ŋkɔ de du eye ŋusẽ ɖo eŋu ale gbegbe, elabe wokpe ɖe eŋu nukutɔe.
16
Ke esi ŋusẽ ɖo eŋu la, ede asi dàda me, si na wòva dze anyi. Ewɔ alakpanu ɖe Aƒetɔ, eƒe Mawu la ŋu. Ege ɖe Aƒetɔ ƒe aƒe la me be yeatɔ dzo lifi le lifivɔsamlekpui dzi.
17
Tete nunɔla Azarya kplɔe ɖo yi, eye nunɔla kalẽtɔ bla enyi hã kpe ɖe eŋu.
18
Wotsi tre ɖe eŋu gblɔ nɛ be: “Wò, Uziya, menye wòe atɔ dzo lifi na Aƒetɔ o. Ke boŋ nunɔlawo, Aron ƒe dzidzimeviwo ame siwo ŋu wokɔ la koe kpɔ mɔ awɔe. Do go le kɔkɔeƒe la, elabe èwɔ nu tovo. Aƒetɔ, Mawu made bubu aɖeke ŋuwò o.”
19
Ke Uziya do dziku. Ɣe ma ɣi la, elé dzidzɔdonu la ɖe asi be yeado dzudzɔ. Esi wòdo dziku ɖe nunɔlawo ŋu alea la, ŋutigbalẽdɔ dziŋɔ aɖe ƒo ɖe eƒe ŋgonu, le nunɔlawo ŋkume, le lifidzudzɔmlekpui la xa, le Aƒetɔ ƒe aƒe la me.
20
Nunɔlagã Azarya kple nunɔla bubuawo nye kɔ be yewoakpɔe ɖa, kasia woakpɔ la, ŋutigbalẽdɔ dziŋɔ ƒo ɖe eƒe ŋgonu! Wonyàe afɔ tsɔtsɔe, eye eya ŋutɔ hã wɔ kabakaba do le afi ma elabe Aƒetɔ ƒoe.
21
Ŋutigbalẽdɔ dziŋɔ sia tsi fia Uziya ŋu va se ɖe eƒe kugbe. Le dɔlélea ta la, enɔ aga le xɔ bubu me, eye wotsri Aƒetɔ ƒe aƒe la me vava nɛ. Via Yotam va nɔ fiasã la nu, eye wòɖu dukɔ la dzi.
22
Nu bubu siwo Uziya wɔ, tso gɔmedzedzea va se ɖe nuwuwua la, gbeƒãɖela Yesaya, Amoz vi la, ŋlɔ wo ɖi.
23
Uziya ku, eye woɖii ɖe ameɖiƒe si nye tɔgbuiawo tɔ la ƒe agble me, ke womeɖii ɖe fiawo ɖiƒe o, elabe wogblɔ be: “Ŋutigbalẽdɔ le eŋu.” Via Yotam zu fia ɖe eteƒe.
← Chapter 25
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 27 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36