bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Chronicles 31
2 Chronicles 31
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 30
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 32 →
1
Esi wowu nu siawo katã nu la, Israelvi siwo katã va la ho yi Yuda-duwo me. Wogbã aƒeliwo, mu nyɔnumawu Aserawo, eye wogbã nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwo le Yuda, Benyamin, Efrayim kple Manase nutowo me va se ɖe esime wogblẽ wo katã. Emegbe Israel blibo la gbugbɔ yi woƒe duwo me, le woƒe nunɔamesiwo gbɔ.
2
Xizkiya ɖo nunɔlawo kple Levi viwo ƒe hawo, hatsotsohatsotso, eye hatsotso ɖe sia ɖe le eƒe dɔ nu ɖe numemevɔsa kple ŋutifafavɔsa ŋu. Woawoe asubɔ, ada akpe, eye woakafu le Aƒetɔ ƒe agbadɔwo ƒe agbowo nu.
3
Fia la na nu tso eya ŋutɔ ƒe kesinɔnuwo me be woatsɔ sa numemevɔ ŋdi kple fiẽ, le dzudzɔgbewo, Dzinu Yeye Ŋkeke Nyui ɖuɣiwo kple ŋkekenyui ɖoɖi bubuwo dzi, abe ale si woŋlɔe ɖe Aƒetɔ ƒe se la me ene.
4
Ebia tso Yerusalemnɔlawo si be woana nu siwo nye nunɔlawo kple Levi viwo tɔ gome la wo, bene woavo alé fɔ ɖe Aƒetɔ ƒe se la ŋu.
5
Esi wòse esia la, Israelviwo tsɔ bli, wain, ami kple anyitsi kpakple agblemenukuwo ƒe ŋgɔgbetɔwo va na. Woɖe woƒe nu sia nu ƒe akpa ewolia va na fũu.
6
Israelvi kple Yudavi siwo le Yuda-duwo me la hã tsɔ woƒe nyiwo kple alẽwo ƒe ewoliawo va na. Wogatsɔ nunana siwo ŋu wokɔ na Aƒetɔ, woƒe Mawu la hã vɛ gleglegle.
7
Wodze ƒuƒoƒo nuawo gɔme le ɣleti etɔ̃lia me, eye wowu enu le ɣleti adrẽlia me.
8
Esi Xizkiya kple eƒe dumegãwo va kpɔ nu siwo woli kɔe ɖi la, wokafu Aƒetɔ kple eƒe dukɔ Israel.
9
Fia bia gbe nunɔlawo kple Levi viwo le nu siwo woli kɔe ɖi la ŋu,
10
eye nunɔlagã Azarya, si nye Zadok ƒe dzidzimevi la ɖo eŋu nɛ be: “Tso esime wode asi nudzɔdzɔawo tsɔtsɔ va Aƒetɔ ƒe aƒe la me la, míeɖu nu ɖi ƒo, wògasusɔ fũu, elabe Aƒetɔ yra eƒe dukɔ la eya ta nu gbogbo siawo susɔ ɖo.”
11
Tete Xizkiya ɖe gbe be woawɔ xɔwo ɖe Aƒetɔ ƒe aƒe la me, eye wowɔe.
12
Woɖi anukware tsɔ nudzɔdzɔawo, siwo nye nuwo ƒe akpa ewoliawo kple nunana siwo ŋu wokɔ la de xɔawo me dedie. Wotsɔ Xananya, Levi vi ɖo wo nu, eye nɔvia ŋutsu Simei nye eƒe kpeɖeŋutɔ.
13
Woɖo Levi vi bubu ewo be woawɔ dɔ le Xananya kple nɔvia Simei te. Woawoe nye: Yexiel, Azarya, Naxat, Asahel, Yerimot, Yozabad, Eliel, Yismaxya, Maxat kple Benanya. Fia Xizkiya kple nunɔlagã Azarya, Mawu ƒe aƒe la dzikpɔlae wɔ ɖoɖoa alea.
14
Woɖo Kore, Yimna vi, ame si nye Levi vi, eye wònye agbonudzɔla le gbedoxɔa ƒe ɣedzeƒekpa dzi la be wòanɔ nu siwo amewo va naa Aƒetɔ faa la xɔm, eye wòanɔ wo mam hã.
15
Ame siwo le ete le nunɔlawo ƒe duwo me be woama nuwo na wo nɔviwo ƒe hawo, tsitsiawo kple ɖeviwo siaa, dedie la woe nye: Eden, Minyamin, Yesua, Semaya, Amarya kple Sexanya.
16
Ame siwo mele eme o la woe nye: Ŋutsu siwo ŋkɔ woŋlɔ ɖe dzidzimegbalẽ la me, eye woxɔ ƒe etɔ̃ alo wu nenema, ame siwo katã vaa Aƒetɔ ƒe aƒe la me be woawɔ woƒe subɔsubɔdɔ le woƒe ɖoɖowo nu.
17
Woŋlɔ nunɔlawo ƒe ŋkɔ ɖi le woƒe ƒomewo nu, eye woŋlɔ Levi vi siwo xɔ tso ƒe bla eve dzi la ƒe ŋkɔwo ɖi ɖe woƒe dɔdeasiwo kple hatsotsowo nu.
18
Wode nunɔlawo kple woƒe vidzĩwo, wo srɔ̃wo, wo viŋutsuviwo kple wo vinyɔnuviwo katã ƒe ŋkɔ agbalẽ me elabe ele na wo be woanɔ wo ɖokui ŋu kɔm na woƒe dɔ.
19
Le nunɔla siwo le du siwo nye Aron ƒe dzidzimeviwo tɔ kple wo ŋu agbletawo gome la, woɖo ame tɔxɛwo ɖi be woama nuɖuɖua na wo. Ame siawo maa nuɖuɖu na ŋutsu siwo le nunɔlawo ƒe ƒomea me kple ame bubu siwo katã ƒe ŋkɔ le Levi viwo ƒe ƒomegbalẽa me la.
20
Xizkiya wɔ nu si nyo, eye wòdzɔ, eye wòle eteƒe la le Yuda-nyigba blibo la dzi, eye eƒe nuwɔna dze Aƒetɔ, eƒe Mawu la ŋu.
21
Nu sia nu si gɔme wòdze be yeawɔ, eɖanye le Mawu ƒe aƒe la me alo nufiafia alo se la ŋu, be yeatsɔ adi yeƒe Mawui la, ewɔe kple dzi blibo eye nu dze edzi nɛ.
← Chapter 30
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 32 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36