bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Chronicles 4
2 Chronicles 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 5 →
1
Ewɔ akɔblivɔsamlekpui. Edidi meta asieke, keke meta asieke, eye wòkɔ meta ene kple afã.
2
Ekɔ̀ gazɔ tegblẽ aɖe. Tso toga ɖeka yi toga kemɛ le meta ene kple afã, eye wògoglo meta eve kple vɔ. Ka si didi abe meta wui ene kple afã ene la atui kpe ɖo.
3
Wodo atsiã na gazɔ la gɔme kple goɖoɖowo ɖe agbaka eve me va kpe ɖo; atsiãdodo ɖe sia ɖe xɔ meta ene kple afã, eye wokɔ̀ atsiãdodo la kple gazɔ la ɖekae.
4
Gazɔ la le akɔblinyitsu wui eve ƒe dzime. Etɔ̃etɔ̃ dze ŋgɔ dzigbeme, ɣetoɖoƒe, anyigbeme kple ɣedzeƒe. Wo katã trɔ megbe do eme lɔƒo.
5
Gazɔ la tri abe asibidɛ ene ƒe kekeme ene. Eto le abe kplu toga ene, eye wòɖi dzogbenyaseƒoƒo. Tsi lita akpe bla ade lɔƒo anɔ eme.
6
Ewɔ gagba ewo siwo me woaklɔ nuwo le. Etsɔ atɔ̃ ɖo gbedoxɔa ƒe anyigbeme, eye wòtsɔ atɔ̃ hã ɖo dzigbeme. Woawo me woaklɔ numemevɔsalãwo le. Gazɔ la li be nunɔlawo nale tsi le eme.
7
Salomo wɔ sikakaɖiti ewo ɖe woƒe ɖoɖoa nu, eye wòtsɔ wo ɖo gbedoxɔ la me; atɔ̃ le anyigbeme, eye atɔ̃ le dzigbeme.
8
Ewɔ kplɔ̃ ewo hã da ɖe xɔa me; atɔ̃ le anyigbeme, eye atɔ̃ le dzigbeme, eye wògawɔ sikatsikunu alafa ɖeka hã.
9
Ewɔ nunɔlawo ƒe nɔƒe kple nɔƒe lolotɔ, eye wòde agbo wo nu. Efa akɔbli ɖe agboawo ŋu.
10
Etsɔ gazɔ la ɖo ɖusime le xɔa ƒe anyigbeme ƒe ɣedzeƒe kpa dzi.
11
Xuram wɔ zeawo, sofiawo kple gagbaawo. Ale Xuram wu dɔ siwo katã le Mawu ƒe xɔ la ŋu la nu na fia Salomo.
12
Ewɔ sɔti eveawo, ta mligo siwo le sɔti eveawo dzi,
13
kple yevuboɖatsetse alafa ene siwo le gaɖɔ eveawo ŋu la. Yevuboɖatsetsewo le agbaka eve me le gaɖɔ ɖeka ŋu, eye woxatsa wo ɖe ta mligo siwo le sɔti eveawo dzi la ŋu.
14
Ewɔ anyinɔawo kple gagba siwo le anyinɔawo dzi;
15
gazɔ ɖeka kple nyi wui eve siwo le ete,
16
zeawo, sofiawo kple gafloawo. Xuram, aɖaŋutɔ gã la, tsɔ akɔbli si ŋu wozrɔ̃ la wɔ nu siawo katã na fia Salomo be woanɔ Aƒetɔ ƒe xɔ la me.
17
Fia la na wokɔ̀ nuawo le Yordan-balia me le tsunyigba dzi le Sukot kple Zaredata dome la.
18
Nu siwo Salomo wɔ la sɔ gbɔ ale gbegbe be akɔbli si ŋudɔ wowɔ la mele dadame o.
19
Salomo tsɔ sika nyuitɔ wɔ Mawu ƒe aƒea me nu siawo katãe: vɔsamlekpui la kple kplɔ̃ siwo dzi woada vɔsabolo ɖo,
20
akaɖitiawo kple woƒe akaɖi siwo ɖoɖo la bia be woanɔ bibim le megbexɔ la ŋgɔ la,
21
seƒoƒoawo, akaɖiawo kpakple dzokatsɔnu; wo katã nye sika dzadzɛtɔ.
22
Akaɖitsinuawo, agba goboeawo, gatsiwo kple dzoɖenuawo hã nenema ke. Xɔa ƒe ʋɔtruwo: kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒe la ƒe ʋɔtruwo nye sika.
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 5 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36