bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Chronicles 3
2 Chronicles 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 4 →
1
Ale Salomo dze Aƒetɔ ƒe xɔ la tutu gɔme le Yerusalem, ɖe Moria-to la dzi le teƒe si Aƒetɔ ɖe eɖokui fia tɔ́a David le. Afi sia nye Ornan Yebusitɔ la ƒe lugbɔƒe si David dzra ɖo ɖi la.
2
Salomo dze xɔa tutu gɔme le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè enelia me le ɣleti evelia ƒe ŋkeke evea gbe.
3
Dzidzeme si dzi Salomo ɖo be woatu Mawu ƒe xɔ la ɖo: Eƒe didime ɖe dzidzeme xoxoa nu le meta bla eve vɔ adrẽ; eƒe kekeme le meta asieke.
4
Akpata le xɔa ŋgɔ. Eƒe didime le meta asieke, si nye gbedoxɔa ƒe kekeme, eye eƒe kɔkɔme le meta bla atɔ̃ vɔ ene. Wofa sika nyuitɔ ɖe xɔa me.
5
Eklã sesewuʋuƒowo ɖe xɔa lolotɔ me, eye wòfa sika nyuitɔ ɖe wo ŋu. Eɖe detiwo kple kɔsɔkɔsɔwo ƒe nɔnɔme ɖe ʋuƒoawo dzi.
6
Eɖo kpe xɔasi ɖe xɔa me tsɔ ɖo atsyɔ̃ nɛ. Sika la tso Parvayim.
7
Efa sika ɖe daɖedziawo, kpuiawo, gliawo kple ʋɔtruawo ŋu le xɔa me, eye wòɖe kerubiwo ƒe nɔnɔme ɖe gliawo ŋu.
8
Ewɔ kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒe ɖe xɔa me. Edidi meta asieke, abe xɔa ƒe kekeme ene, eye wòkeke meta asieke. Etsɔ sika nyuitɔ ton bla eve ƒe kpekpeme fa ɖe kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒe la ƒe gliawo ŋu.
9
Gatagbadzɛawo ƒe kpekpeme le sika gram alafa atɔ̃ bla adrẽ. Efa sika ɖe xɔa tametɔwo me.
10
Ekpa kerubi eve ƒe nɔnɔme ɖe kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒe la, eye wofa sika ɖe wo ŋu.
11
Kerubi kpakpa eveawo ƒe aʋalawo didi abe meta ewo ene. Ðeka ƒe aʋala ɖeka didi abe meta eve kple afã ene, eye wòɖatɔ xɔ la ƒe gli. Aʋala evelia hã didi abe meta ene kple afã ene, eye wòɖatɔ kerubi bubua ƒe aʋala nu.
12
Kerubi evelia hã ƒe aʋala ɖeka didi abe meta eve kple afã ene, eye wòɖatɔ xɔa ƒe glia. Eƒe aʋala evelia hã didi abe meta eve kple afã ke ene, eye wòɖatɔ kerubi gbãtɔ ƒe aʋala nu.
13
Kerubi siawo ƒe aʋalawo ƒe kekeme katã de meta ewo lɔƒo. Wole tsitre ɖe afɔ eve dzi, eye wotrɔ mo ɖe xɔ la me.
14
Salomo na wotsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzẽtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɣia lɔ̃ xɔmetsovɔe, eye wowɔ kerubiwo ƒe nɔnɔme ɖe eme.
15
Fia la wɔ sɔti eve ɖe xɔ la ŋgɔ, ɖe sia ɖe kɔ abe meta wui atɔ̃ kple afã ene. Eɖo ta, si le abe meta eve kple afã ene la ɖe sɔti ɖe sia ɖe tame.
16
Ewɔ kɔsɔkɔsɔwo, eye wòtsɔ wo lɔ̃ gaɖɔe ɖe sɔtiawo ƒe tawo ŋu, eye wowɔ yevuboɖa tsetse alafa ɖeka ɖe kɔsɔkɔsɔawo dome.
17
Etu sɔtiawo ɖe akpata la ŋgɔ, ɖeka le ɖusime, eye evelia le miame. Ena ŋkɔ ɖusimetɔ be Yaxin eye wòna ŋkɔ miametɔ be Boaz.
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36