bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Chronicles 29
2 Chronicles 29
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 28
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 30 →
1
Xizkiya xɔ ƒe bla eve vɔ atɔ̃, esime wòzu fia. Eɖu fia ƒe bla eve vɔ asieke le Yerusalem. Nɔae nye Abiya, Zaxarya vi.
2
Xizkiya wɔ nu si dze Aƒetɔ ŋu abe tɔgbuia David ene pɛpɛpɛ.
3
Esime Xizkiya zu fia le ƒe gbãtɔ ƒe ɣleti gbãtɔ me la, eʋu Aƒetɔ ƒe aƒe la ƒe ʋɔtruwo, eye wòdzra wo ɖo.
4
Ena nunɔlawo kple Levi viwo va, eye wokpe ta ɖe gbadzaƒe si le ɣedzeƒe gome.
5
Egblɔ na wo be: “Mi Levi viwo, miɖo tom! Mikɔ mia ɖokui ŋu, eye mikɔ Aƒetɔ, mia tɔgbuiwo ƒe Mawu ƒe aƒe la hã ŋu. Miɖe nu makɔmakɔawo ɖa le kɔkɔeƒe la.
6
Elabe mía tɔgbuiwo mewɔ nuteƒe na Aƒetɔ, mía Mawu la o, eye wowɔ nu si medze eŋu o. Wogblẽe ɖi, eye woɖe kɔ ɖa le Aƒetɔ, ame si wotrɔ megbe dee la ƒe nɔƒe la ŋu.
7
Wodo akpata la ƒe ʋɔtruwo, wotsi akaɖiawo, eye womegatɔa dzo lifi alo gasaa numemevɔ le kɔkɔeƒe la na Israel ƒe Mawu la o.
8
Le esia ta Aƒetɔ do dɔmedzoe ɖe Yuda kple Yerusalem ŋu, eye wòhe to na wo wozu, ŋɔdzinu, nukunu kple nu si ŋu woaʋuʋu ta ɖo abe ale si miawo ŋutɔ miele ekpɔm kple ŋku lae ene.
9
Kpɔ ɖa, mía tɔ́wo tsi yi nu, eye mía viŋutsuwo, mía vinyɔnuwo kple mía srɔ̃wo le aboyo me le esia ta.
10
Azɔ meɖoe tso nye dzime ke be mabla nu kple Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la, ne dziku helihelĩ si wòdo ɖe mía ŋu la nu nafa.
11
Vinyewo, azɔ migahe ɖe megbe o. Miawoe Aƒetɔ tia be mianɔ tsitre ɖe eŋkume, awɔ eƒe dɔwo, eye mianye eƒe subɔlawo asa lifivɔ nɛ.
12
Tete Levi viwo tso ɖe woƒe ƒomeawo nu: Kehat ƒome la: Maxat, Amasai vi kple Yoel, Azarya vi. Merari ƒome la: Kis, Abdi vi kple Azarya, Yehalelel vi. Gerson ƒome la: Yoax, Zima vi kple Eden, Yoax vi.
13
Elizafan ƒome la: Simri kple Yeiel. Asaf ƒome la: Zaxarya kple Matanya.
14
Heman ƒome la: Yexiel kple Simei. Yedutun ƒome la: Semaya kple Uziel.
15
Ame siawo ƒo wo nɔviŋutsuwo nu ƒu, eye wokɔ wo ɖokui ŋu. Wova le fia ƒe gbeɖeɖe kple Aƒetɔ ƒe nya nu be yewoakɔ̀ Aƒetɔ ƒe aƒe la ŋu.
16
Nunɔlaawo ge ɖe Aƒetɔ ƒe xɔ la me be yewoakɔ eŋu. Woɖe nu makɔmakɔ siwo katã wokpɔ le Aƒetɔ ƒe gbedoxɔ me la do goe ɖe Aƒetɔ ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnua, eye Levi viawo xɔ nuawo tsɔ yi ɖe Kidron-tɔʋu la nu.
17
Wodze xɔa ŋu kɔkɔ gɔme le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, eye woɖo akpata la me le ŋkeke enyia gbe. Tso evea gbe la, wowɔ dɔ ŋkeke enyi, eye le ɣletia ƒe ŋkeke wui adelia dzi la, wowu dɔ blibo la nu.
18
Azɔ Levi viawo yi fia Xizkiya gbɔ ɖagblɔ nɛ be: “Míekɔ Aƒetɔ ƒe aƒe blibo la katã ŋu vɔ. Míekɔ numemevɔsamlekpui la, vɔsabolokplɔ̃ kple wo ŋu nuwo katã ŋuti hã vɔ.
19
Gawu la, míefɔ Aƒetɔ ƒe aƒe la me dɔwɔnu siwo ŋudɔwɔwɔ fia Axaz gbe le eƒe fiaɖuɣi, esime wògbe nuteƒewɔwɔ na Mawu la hã vɛ, eye míekɔ woawo hã ŋu. Kpɔ ɖa, wole Aƒetɔ ƒe vɔsamlekpui la ŋgɔ.
20
Tete fia Xizkiya fɔ ŋdi kanya ƒo dumegãwo nu ƒu, eye woyi Aƒetɔ ƒe aƒe la me.
21
Wokplɔ nyitsu adrẽ, agbo adrẽ, alẽvi adrẽ kple gbɔ̃tsu adrẽ ɖe asi yii be woatsɔ sa nuvɔ̃vɔe ɖe fiaɖuƒe la, kɔkɔeƒe la kple Yuda ta. Fia ɖe gbe na nunɔlawo, Aron ƒe dzidzimeviawo be woatsɔ lãawo asa vɔe le Aƒetɔ ƒe vɔsamlekpui la dzi.
22
Wowu nyitsuawo, eye nunɔlawo xɔ ʋua hlẽ ɖe vɔsamlekpuia ŋu; wowu agboawo, eye wohlẽ ʋua ɖe vɔsamlekpuia ŋu; wowu alẽviawo, eye wohlẽ ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ŋu.
23
Azɔ wokplɔ nuvɔ̃vɔsa gbɔ̃tsuawo va fia la kple ameha la ŋkume, eye woawo tsɔ asi da ɖe wo dzi.
24
Tete nunɔlaawo wu wo, eye wotsɔ woƒe ʋu wɔ nuvɔ̃vɔsa le vɔsamlekpuia dzi, bene woatsɔ alé avu ɖe Israel blibo la nu, elabe fia la ɖe gbe be woasa nuvɔ̃vɔ kple numemevɔ ɖe Israel blibo la ta.
25
Fia la ɖo Levi viwo Aƒetɔ ƒe aƒe la me, eye wolé gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo ɖe asi ɖe David kple fia ƒe nukpɔla Gad kpakple Mawu ƒe gbeƒãɖela Natan ƒe ɖoɖo nu, elabe Aƒetɔ ye wɔ ɖoɖo sia to eƒe gbeƒãɖelawo dzi.
26
Levi viawo le tsitre, David ƒe hadzinuawo le wo si, eye nunɔlawo lé kpẽawo ɖe asi.
27
Tete Xizkiya ɖe gbe be woasa numemevɔ le vɔsamlekpui la dzi. Esi wodze numemevɔ la sasa gɔme la, Aƒetɔ ƒe ha la kple kpẽawo kpakple Israel-fia David ƒe hadzinuawo de asi ɖiɖi me.
28
Ameha blibo la le gbe dom ɖa. Hadzilawo le ha dzim, kpẽkulawo le kpẽ kum va se ɖe esime wowu numemevɔsa la nu.
29
Esi wowu enu la, fia kple ame siwo katã le eŋu la dze klo do gbe ɖa.
30
Azɔ fia Xizkiya kple dumegãwo gblɔ na Levi viwo be woatsɔ David kple nukpɔla Asaf ƒe nyawo adzi kafukafuhawo na Aƒetɔ. Ale wodzi kafukafuhaawo kple dzidzɔ, eye wodze klo do gbe ɖa.
31
Emegbe fia Xizkiya gblɔ na wo be: “Azɔ miekɔ mia ɖokui ŋu na Aƒetɔ vɔ. Mite va Aƒetɔ ƒe aƒe la me kple vɔsanuwo kple akpedanunanawo.” Ameha blibo la tsɔ vɔsanuwo kple akpedanunanawo vɛ, eye ame siwo katã ŋu wòdze la tsɔ numemevɔsawo hã vɛ.
32
Numemevɔsa si ameha la he vɛ la nye nyitsu bla adrẽ, agbo alafa ɖeka kple alẽvi alafa eve. Esiawo katã nye numemevɔsa na Aƒetɔ.
33
Nunana kɔkɔeawo le nyitsu alafa ade kple alẽ akpe etɔ̃.
34
Ke esi nunɔlawo megade ha ako numemevɔsalãwo katã o ta la, wo nɔvi Levi viwo kpe ɖe wo ŋu va se ɖe esime dɔ blibo la wu nu. Le ɣe ma ɣi me la, nunɔla bubuwo hã kɔ wo ɖokui ŋu. Elabe Levi viwo léa fɔ ɖe wo ɖokui ŋu kɔkɔ ŋu wu nunɔlaawo.
35
Hekpe ɖe numemevɔsalã gbogboa ŋu la, lãawo ƒe ami si tsɔ ge wole asa ŋutifafavɔ kple wain si wotsɔ kpe ɖe numemevɔsa ŋu vɛ la hã li. Ale wɔ wogbugbɔ Mawu subɔsubɔ le Aƒetɔ ƒe aƒe la me gaɖo te.
36
Xizkiya kple dukɔ blibo la kpɔ dzidzɔ le nu si Mawu wɔ na dukɔ la ŋuti, elabe ɖeko nua va dzɔ kpata.
← Chapter 28
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 30 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36