bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Chronicles 33
2 Chronicles 33
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 32
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 34 →
1
Manase xɔ ƒe wui eve esime wòzu fia eye wòɖu fia ƒe bla atɔ̃ vɔ atɔ̃ le Yerusalem.
2
Ewɔ nuvɔ̃ɖi le Aƒetɔ ŋkume. Ewɔ ŋunyɔnu siwo dukɔ siwo Aƒetɔ nyà ɖa le Israelviwo ŋgɔ la wɔ la.
3
Elabe egbugbɔ tu nuxeƒe siwo tɔ́a Xizkiya gbã la. Eɖi vɔsamlekpuiwo na Baalwo, mè legba na nyɔnumawu Asera, eye wòde ta agu na dziŋgɔli me ŋusẽwo katã hesubɔ wo.
4
Eɖi vɔsamlekpui ɖe Aƒetɔ ƒe aƒe si ŋu Aƒetɔ gblɔ le be: “Yerusalem woasubɔm le tegbee” la me.
5
Eɖi vɔsamlekpui ɖe Aƒetɔ ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnu eveawo hã.
6
Manase mè viawo le dzo me tsɔ sa vɔe le Hinom vi ƒe bali la me. Esa dzo, ka afa, wɔ adze. Ewɔ ŋɔliyɔlawo kple akunyawɔlawo ŋudɔ eye wòwɔ nuvɔ̃ geɖe le Aƒetɔ ŋkume hedo dziku nɛ.
7
Emè legba, eye wotsɔe ɖo mawuxɔ la me. Evɔ wònye teƒe sia ŋue Mawu gblɔ na David kple via Salomo le be: “Xɔ sia me kple Yerusalem afi siae metia le Israel-towo ƒe nɔƒewo katã be woasubɔm le tegbee.
8
Nyemate Israel ƒe afɔ ɖa le anyigba sia si metia na mia tɔgbuiwo la dzi o; ɖeko woaɖɔ ŋu ɖo awɔ se, ɖoɖo kple kɔnu siwo katã mena wo to Mose dzi la dzi.”
9
Ke Manase na Yuda kple Yerusalemnɔlawo wɔ nuvɔ̃ɖi wu dukɔ siwo Aƒetɔ tsrɔ̃ ɖa le Israelviwo ŋgɔ gɔ̃ hã.
10
Togbɔ be Aƒetɔ gbe nya na Manase kple eƒe dukɔa hã la, womeɖo toe o.
11
Ale Aƒetɔ na Asiria-fia ƒe aʋakplɔlawo va dze wo dzi. Wolé Manase bɔ pãe, dee akɔblikunyowu me heɖe aboyoe yi Babilonia.
12
Esi Manase ɖo xaxa me la, eƒo koko na Aƒetɔ, eƒe Mawu la, eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi ŋutɔ le tɔgbuiawo ƒe Mawu la ŋkume.
13
Edo gbe ɖa na Mawu, eye Aƒetɔ se eƒe kokoƒoƒo nɛ, eye wogagbugbɔe va eƒe fiaɖuƒe la me le Yerusalem. To esia me Manase dze sii be Aƒetɔ ye nye Mawu.
14
Esia megbe la, eɖo gli ɖe David ƒe du la ŋu le bali la me, tso Gixon ƒe ɣetoɖoƒe gome, va ƒo xlã Ofel, ɖaɖo Tɔmelãgbo la nu. Eɖo gliawo wokɔ ŋutɔ. Azɔ eɖe aʋakplɔlawo da ɖe Yuda-du sesẽ ɖe sia ɖe me.
15
Eɖe amedzrowo ƒe mawuwo kple legba la ɖa le Aƒetɔ ƒe aƒe la me, hekpe ɖe vɔsamlekpui siwo wòɖi ɖe Aƒetɔ ƒe aƒe ƒe to dzi kple Yerusalem-dua me la ŋuti. Elɔ wo ɖaƒu gbe ɖe dua godo.
16
Edzra Aƒetɔ ƒe vɔsamlekpui la ɖo, eye wòsa ŋutifafavɔ kple akpedadavɔ le edzi. Eɖoe na Yuda be woasubɔ Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la ko.
17
Togbɔ be dukɔa gasaa vɔ le nuxeƒewo hã la, Aƒetɔ ko wosanɛ na.
18
Manase ƒe ŋutinya mamlɛawo, eƒe gbedodoɖawo na Mawu kple nukpɔlawo ƒe nya siwo wogblɔ nɛ le Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la ŋkɔ me la, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo ƒe Ŋutinyagbalẽ la me.
19
Ke eƒe gbedodoɖa kple ale si Mawu se eƒe kokoƒoƒo nɛ, eƒe alakpanuwɔna, teƒe siwo wòtu nuxeƒewo ɖo kple nyɔnumawu, Asera subɔƒe siwo wòɖo kple legba siwo wòme ɖi hafi va bɔbɔ eɖokui la, woŋlɔ wo ɖe Nukpɔlawo ƒe Ŋutinyagbalẽ la me.
20
Manase ku, eye woɖii ɖe eƒe aƒeme. Via Amon zu fia ɖe eteƒe.
21
Amon xɔ ƒe bla eve vɔ eve esime wòzu fia eye wòɖu fia ƒe eve le Yerusalem.
22
Ewɔ nuvɔ̃ɖi le Aƒetɔ ŋkume abe tɔ́a Manase ene. Amon sa vɔ na legba siwo katã tɔ́a Manase wɔ la, eye wòsubɔ wo.
23
Ke eya mede ta agu na Aƒetɔ abe ale si tɔ́a Manase bɔbɔ eɖokui la ene o, ke Amon na fɔɖiɖi dzi ɖe edzi.
24
Eŋumewo ɖo nugbe ɖe eŋu, eye wowui le eƒeme.
25
Ke dukɔmetɔwo hã wu ame siwo katã ɖo nugbe ɖe fia Amon ŋu la, eye wotsɔ via Yosiya ɖo fiae ɖe eteƒe.
← Chapter 32
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 34 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36