bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Chronicles 36
2 Chronicles 36
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 35
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
1
Tete dukɔ la tia Yoaxaz, Yosiya vi ɖo fiae ɖe tɔ́a teƒe le Yerusalem.
2
Yoaxaz xɔ ƒe bla eve vɔ etɔ̃ esime wòzu fia eye wòɖu fia ɣleti etɔ̃ le Yerusalem.
3
Egipte-fia ɖee le zi dzi le Yerusalem, eye wòzi dukɔa dzi be wòaxe adzɔ klosalo kilo akpe etɔ̃ alafa ene kple sika kilo bla etɔ̃ vɔ ene.
4
Egipte-fia tsɔ Yoaxaz nɔviŋutsu Elyakim ɖo fiae ɖe Yuda kple Yerusalem nu, eye wòtrɔ ŋkɔ nɛ be Yehoyakim, ke Nexo kplɔ nɔvia Yoaxaz ya yi Egipte.
5
Yehoyakim xɔ ƒe bla eve vɔ atɔ̃, esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe wuiɖekɛ le Yerusalem. Ewɔ nuvɔ̃ɖi le Aƒetɔ, eƒe Mawu la ŋkume.
6
Babilon-fia Nebukadnezar tso ɖe eŋu, va lée bɔ pãe, eye wòkplɔe yi Babilon.
7
Nebukadnezar lɔ Aƒetɔ ƒe aƒe la me ŋudɔwɔnu aɖewo ɖada ɖe eƒe fiasã me le Babilon.
8
Yehoyakim ƒe ŋutinya mamlɛawo, ŋunyɔnu siwo wòwɔ kple nuvɔ̃ɖi si wokpɔ le eŋu la, woŋlɔ wo ɖe Israel kple Yuda fiawo Ŋutinyagbalẽ la me. Via Yehoyakin zu fia ɖe eteƒe.
9
Yehoyakin xɔ ƒè enyi esime wòzu fia, eye wòɖu fia ɣleti etɔ̃ kple ŋkeke ewo le Yerusalem. Ewɔ nuvɔ̃ɖi le Aƒetɔ ŋkume.
10
Esi ƒe trɔ la, Nebukadnezar dɔ woɖakplɔe, lɔ Aƒetɔ ƒe aƒe la me ŋudɔwɔnu veviwo kpe ɖe eŋu, va Babilon. Etsɔ nɔvia ŋutsu Zedekiya ɖo fiae ɖe Yuda kple Yerusalem nu.
11
Zedekiya xɔ ƒe bla eve vɔ ɖekɛ, esime wòzu fia eye wòɖu fia ƒe wuiɖekɛ le Yerusalem.
12
Ewɔ nuvɔ̃ɖi le Aƒetɔ, eƒe Mawu la ŋkume. Mebɔbɔ eɖokui na gbeƒãɖela Yeremya esime wòɖe gbeƒã Aƒetɔ ƒe numegbe nɛ o.
13
Zedekiya dze aglã ɖe Nebukadnezar, ame si na wòtà Mawu nɛ be yeawɔ nuteƒe la ŋu. Etri to, sẽ dzime, eye wògbe be yematrɔ ɖe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la ŋu o.
14
Gawu la, nunɔlawo ƒe tatɔwo katã kple dukɔ la hã tra mɔ vevie, elabe woawo hã subɔ dukɔ siwo ƒo xlã wo la ƒe legba nyɔŋuawo. Woƒo ɖi Aƒetɔ ƒe aƒe le Yerusalem si ŋu wòkɔ la.
15
Aƒetɔ, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la ɖo eƒe amedɔdɔwo ɖe wo enuenu elabe eƒe dukɔ la kple eƒe nɔƒe la wɔ nublanui nɛ.
16
Ke woɖe alɔ me le Mawu ƒe amedɔdɔawo ŋu, do vlo eƒe nyaawo, eye woɖu fewu le gbeƒãɖelaawo ŋu, va se ɖe esime Aƒetɔ va do dɔmedzoe ɖe eya ŋutɔ ƒe dukɔ la ŋu vevie ale gbegbe be womete ŋu tsi enu o.
17
Eya ta Aƒetɔ kplɔ Kaldea-fia vɛ wòho aʋa ɖe wo ŋu. Ewu woƒe ɖekakpuiwo kple yi le aƒe la ƒe kɔkɔeƒe la me. Mekpɔ nublanui na ɖekakpui alo ɖetugbi, ame tsitsi alo amegãɖeɖi o; etsɔ wo katã de asi nɛ.
18
Babilon-fia lɔ Mawu ƒe aƒe la me ŋudɔwɔnuwo katã, gãtɔwo kple suetɔwo siaa, Aƒetɔ ƒe aƒe la me kesinɔnuwo, fia la kple dumegãwo ƒe kesinɔnuwo, eye wotsɔ wo katã yi Babilon.
19
Wotɔ dzo Mawu ƒe aƒe la, mu Yerusalem ŋu gliawo ƒu anyi, tɔ dzo fiasãwo katã, eye wogblẽ woƒe nu xɔasiwo katã.
20
Ekplɔ ame siwo metsi yi nu o la yi Babilon, eye wozu kluvi na eya kple eƒe dzidzimeviwo va se ɖe esime Persia-fiaɖuƒe la va.
21
Ale nya si Aƒetɔ gblɔ to Yeremya dzi la va eme be: Va se ɖe esime anyigba la nakpɔ gbɔɖeme. Edzudzɔ le ŋkeke siwo katã wònye aƒedo la me hewu ƒe bla adrẽ la nu.
22
Le Kores, Persia-fia ƒe ƒè gbãtɔ me la, Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ to eƒe gbeƒãɖela Yeremya dzi la va eme. Aƒetɔ nyɔ Kores, Persia-fia ƒe gbɔgbɔ be wòaɖe gbeƒã le eƒe fiaɖuƒe blibo la me, eye wòana woaŋlɔ agbalẽ atu edzi be:
23
“ ‘Kores, Persia-fia, be: ‘Aƒetɔ, Dziƒo Mawu la tsɔ anyigba dzi fiaɖuƒewo katã nam, eye wòɖoe nam be matu xɔ na ye ɖe Yerusalem si le Yuda la. Ame sia ame si nye eƒe dukɔmevi le mia dome la, Aƒetɔ, eƒe Mawu nenɔ kplii. Mina ne wòayi!’ ”
← Chapter 35
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36