bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Chronicles 7
2 Chronicles 7
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 8 →
1
Esi Salomo do gbe ɖa vɔ la, dzo tso dziƒo va fiã numemevɔsa kple vɔsawo eye Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe yɔ gbedoxɔ la.
2
Nunɔlawo mete ŋu ge ɖe Aƒetɔ ƒe xɔ la me o, elabe Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe yɔ xɔ bliboa.
3
Esi Israelviwo katã kpɔ ale si dzo la ɖiɖi ɖe anyi kple ale si Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe yɔ xɔa la, wodze klo, de ta agu ɖe kpe si woɖo ɖe anyigba la dzi. Wosubɔ Aƒetɔ, eye woda akpe gblɔ nɛ be: “Elabe eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee!”
4
Tete fia la kple dukɔ la tsɔ lãwo sa vɔe le Aƒetɔ ŋkume.
5
Fia Salomo tsɔ nyi akpe bla eve vɔ eve kple alẽ akpe alafa ɖeka bla eve sa vɔe. Aleae fia la kple dukɔ blibo la kɔ Mawu ƒe xɔ la ŋui.
6
Nunɔlawo le tsitre ɖe wo nɔƒe, Levi viwo lé Aƒetɔ ƒe hadzinu siwo David, fia la, wɔ la ɖe asi bene woatsɔ David ƒe kafukafuha ada akpe na Aƒetɔ elabe eƒe amenuveve li tegbee! Nunɔlawo le hadzilawo kasa le kpẽ kum esime ameha blibo la le tsitre nu.
7
Salomo kɔ̀ nɔƒe titinatɔ si le Aƒetɔ ƒe aƒe la ŋgɔ la ŋu, elabe afi mae wòtsɔ numemevɔsa kple ŋutifafavɔsalã ƒe ami sa vɔe le. Salomo sa vɔa le afi ma, elabe akɔblivɔsamlekpui si wòɖi la melolo na numemevɔsalã, nuɖuɖuvɔsa la kple ami la o.
8
Salomo kple Israel blibo la ɖu ŋkekenyui la ŋkeke adrẽ sɔŋ, eye ame geɖe ŋutɔ va tso Xamat-dodonu va se ɖe Egipte-tɔʋua nu.
9
Wotsɔ ŋkeke adrẽ kɔ̀ vɔsamlekpui la ŋu, eye woɖu ŋkekenyuia ŋutɔ ŋkeke adrẽ. Le ŋkeke enyia gbe la, wowɔ takpekpe tɔxɛ.
10
Le dzinu adrẽlia ƒe ŋkeke bla eve vɔ atɔ̃lia gbe la, Salomo ɖo dukɔ la ɖe aƒe. Wodzo kple dzidzɔ kple aseyetsotso, le nu nyui si Aƒetɔ wɔ na David, Salomo kple eƒe dukɔ Israel la ta.
11
Ale Salomo wu Aƒetɔ ƒe aƒe la kple fiasã la nu, eye wòwɔ nu sia nu si wòdi be yeawɔ le Aƒetɔ ƒe aƒe la kple eya ŋutɔ ƒe aƒe la me vɔ pɛpɛpɛ.
12
Aƒetɔ ɖe eɖokui fia Salomo le zã me, eye wògblɔ nɛ be: “Mese wò gbedodoɖa, eye metia teƒe sia ne wòanye afi si woasa vɔ nam le.
13
Ne mexe dziƒo nu, eye tsi megale dzadzam o, ne meɖe gbe na ʋetsuviwo be woava gblẽ nu le anyigba dzi, ne meɖo dɔ vɔ̃ ɖe nye dukɔ la me,
14
eye nye dukɔ, si ŋu nye ŋkɔ le la, bɔbɔ wo ɖokui, do gbe ɖa, di nye ŋkume, eye wodzudzɔ nu vlo wɔwɔ la, ekema maɖo to asee le dziƒo, atsɔ woƒe nuvɔ̃wo ake, eye mada gbe le anyigba la ŋu.
15
Azɔ nye ŋku anɔ ʋuʋu, eye nye to anɔ keke ɖi, ɖe gbe si woado ɖa le teƒe sia ŋu.
16
Azɔ metia xɔ sia, eye mekɔ̀ eŋu be wòanye afi si woasubɔm le tegbee. Ẽ, nye ŋku kple nye dzi anɔ afi ma ŋu ɖaasi.
17
Ke wò la, ne ènɔ agbe nyui le ŋkunye me abe tɔ́wò David ene, eye nèwɔ se siwo katã mede na wò dzi helé nye ɖoɖowo kple kɔnuwo me ɖe asi la,
18
ekema mana wò fiazikpui la nali ke abe ale si mebla nu kple tɔ́wò David, gblɔ nɛ ene be: ‘Wò ame siwo anɔ Israel-fiazikpui la dzi la nu matso akpɔ o!’
19
“Ke ne miegbugbɔ le yonyeme, eye mieɖe asi le nye ɖoɖo kple nye se siwo mede na mi la ŋu, eye mieyi ɖasubɔ mawu bubuwo hede ta agu na wo la,
20
ekema maho mi ɖa le nye anyigba si metsɔ na mi la dzi. Maɖe xɔ sia, si ŋu mekɔ̀ be woasubɔm le eme la hã ɖa le nye ŋku ta, eye mawɔe wòazu hamelo kple alɔmeɖenu le dukɔwo katã dome.
21
Ekema, xɔ sia, si xɔ ŋkɔ fifia la awɔ mo yaa na ame sia ame si va yina la, eye wòabia be: ‘Nu ka ta Aƒetɔ wɔ anyigba sia kple xɔ sia ale?’
22
Ale amewo aɖo eŋu be: ‘Esi wogblẽ Aƒetɔ, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu si kplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi la ɖi, eye woɖaku ɖe mawu bubuwo ŋu, de ta agu na wo hesubɔ wo la tae. Esia ta Aƒetɔ he dzɔgbevɔ̃e siawo katã va wo dzii ɖo.’ ”
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 8 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36