bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Chronicles 17
2 Chronicles 17
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 18 →
1
Yosafat zu fia ɖe tɔ́a Asa teƒe, eye wòglã eɖokui ɖe Israel ŋu.
2
Eɖe asrafowo ɖo Yuda-du sesẽwo katã me, eye wòɖo dzɔlawo ɖe Yuda-nyigba la kple Efrayim-du siwo katã tɔ́a Asa xɔ la me.
3
Aƒetɔ nɔ kple Yosafat elabe enɔ agbe abe ale si tɔ́a nɔe le eƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzeɣi me ene, eye mesubɔ Baal o.
4
Ke eya subɔ tɔ́a ƒe Mawu la, eye wòwɔ eƒe sewo dzi; mewɔ nu abe ale si Israel wɔ la ene o.
5
Ale Aƒetɔ na Yosafat ƒe fiaɖuɖu li ke, eye Yuda blibo la na adzɔ Yosafat, ale be kesinɔnu kple bubu geɖe su esi.
6
Dzi ɖo eƒo ɖe Aƒetɔ subɔsubɔ ŋu eya ta eɖe nuxeƒewo kple nyɔnumawu Asera-subɔƒewo ɖa le Yuda-dukɔ la me.
7
Le Yosafat ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè etɔ̃lia me la, edɔ eƒe amegãwo Ben-Xayil, Obadya, Zaxarya Netaneel kple Mixaya ɖa be woaɖafia nu le Yuda-duwo me.
8
Levi viwo kple nunɔlawo kpe ɖe wo ŋu yi. Levi viawoe nye: Semaya, Netanya, Zebadya, Asahel, Semiramot, Yonatan, Adoniya, Tobiya kple Tob-Adoniya, eye nunɔlaawoe nye Elisama kple Yoram.
9
Wotsɔ Aƒetɔ ƒe segbalẽ la ɖe asi, eye wofia nu le Yuda. Wotsa le Yuda-duawo katã me hefia nu dukɔ la.
10
Le vɔvɔ̃ na Aƒetɔ ta, dukɔ siwo katã ƒo xlã Yuda la mewɔ aʋa kple Yosafat o.
11
Filistitɔwo dometɔ aɖewo tsɔ nunanawo kple klosalo si nye adzɔga la vɛ na Yosafat. Arabiatɔwo hã tsɔ agbo akpe adrẽ alafa adrẽ kple gbɔ̃tsu akpe adrẽ alafa adrẽ va nae.
12
Yosafat kpɔ ŋusẽ ɖe edzi. Etu mɔ́wo kple nudzraɖoƒeduwo ɖe Yuda.
13
Ewɔ dɔ gãwo le Yuda-duawo me.
14
Asrafo kalẽtɔwo nɔ esi le Yerusalem. Woƒe xexlẽme, ɖe woƒe ƒomeawo nu lae nye esi: Etia aʋakplɔla Adna tso Yuda ɖo aʋakalẽtɔ akpe alafa etɔ̃ nu.
15
Aʋakplɔla Yehohanan nye ame si kplɔe ɖo. Ena eya le ame akpe adrẽ alafa eve bla enyi nu.
16
Ame etɔ̃lia nye aʋakplɔla Amasya, Zixri vi, ame si tsɔ eɖokui na Aƒetɔ faa. Eya le aʋakalẽtɔ akpe alafa eve nu.
17
Aʋakplɔla siwo tso Benyamin la nye: Aʋakplɔla Elyada, ame si le ame akpe alafa eve nu. Wonye da kple akpoxɔnu ŋudɔwɔlawo.
18
Yozabad nye ame si kplɔe ɖo. Ele ame akpe alafa ɖeka bla enyi siwo blaa akpa nyuie ɖe aʋawɔwɔ ŋu ɣe sia ɣi la nu.
19
Ame siawo katã kpɔa fia la si nu, hekpe ɖe asrafo siwo wòɖo du sesẽawo me le Yuda bliboa me la ŋu.
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 18 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36