bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Chronicles 20
2 Chronicles 20
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 21 →
1
Esia megbe la, Moabtɔwo kple Amontɔwo ho aʋa ɖe Yuda-fia Yosafat ŋu. Menuitetɔ aɖewo kpe ɖe wo ŋu.
2
Wova gblɔ na Yosafat be: “Aʋakɔ gã aɖe ho ɖe ŋuwò tso Edom le ƒua godo gbɔna. Wova ɖo Xazezon-Tamar xoxo.” Afi mae nye En-Gedi.
3
Vɔvɔ̃ lé Yosafat, eye wòɖo be yeasí Aƒetɔ atso. Azɔ ena woɖe gbeƒã le Yuda bliboa godoo be woatsi nu adɔ.
4
Yuda-dukɔ la va ƒo ƒu be yewoabia Aƒetɔ ƒe kpekpeɖeŋu. Yuda-duawo katã me wotso va be yewoadi Aƒetɔ ƒe mɔ.”
5
Tete Yosafat tsi tsitre le Yuda kple Yerusalem ƒe takpekpe la me le Aƒetɔ ƒeme le gbadzaƒe yeye la ŋgɔ,
6
eye wògblɔ be: “Aƒetɔ, mía tɔgbuiwo ƒe Mawu, ɖe menye wòe nye Mawu le dziƒo oa? Ẽ, wòe ɖua dukɔwo ƒe fiaɖuƒewo katã dzi, eye asiwò me ŋusẽ kple ŋutete le. Ame aɖeke mete ŋu nɔa te ɖe nuwò o.
7
O, mía Mawu, ɖe menye wòe nyà anyigba sia dzi nɔlawo ɖa le wò dukɔ Israel ŋgɔ, eye nètsɔ anyigba la na xɔ̃wò Abraham be wòanye eƒe dzidzimeviwo tɔ tegbee oa?
8
Wotso aƒe ɖe edzi, eye wotu kɔkɔeƒe hã ɖe edzi na wò be woasubɔ wò agblɔ be:
9
‘Ne dzɔgbevɔ̃e aɖe dzɔ ɖe mía dzi abe tohehe ene, aʋawɔwɔe o, dɔ vɔ̃e o, dɔtoto ye o, míava tsi tsitre ɖe xɔ sia ŋgɔ, le ŋkuwò me, elabe wò ŋkɔ le xɔ sia ŋu, eye míado ɣli ayɔ wò le míaƒe xaxa me la, nàsee ne nàɖe mí.’
10
Azɔ kpɔ ɖa, Amontɔwo kple Moabtɔwo kpakple Seir-todzitɔwo ho ɖe mia ŋu. Evɔ la, ame siawo dome mèɖe mɔ na Israel be woato, esime wotso Egipte o, ke boŋ wode axa na wo, eye wometsrɔ̃ wo o.
11
Kpɔ ale si wobe yewoaɖo eteƒe na mí la ɖa! Wova be yewoanyà mí ɖa tso wò anyigba si nètsɔ na mí tegbee la dzi.
12
O, mía Mawu, màdrɔ̃ ʋɔnu wo oa? Elabe ŋusẽ aɖeke mele mía ŋu, míatsɔ akpe akɔ kple aʋakɔ gã sia si tso ɖe mía ŋu la o. Míenya nu ka míawɔ o; wò ko ŋu míaƒe ŋku le.”
13
Ɣe ma ɣi me la, Yuda blibo la le tsitre ɖe Aƒetɔ ŋkume; woƒe vidzĩwo, wo srɔ̃wo kple wo viwo keŋ.
14
Tete Aƒetɔ ƒe gbɔgbɔ dze Levi vi aɖe dzi le ƒuƒoƒea. Eŋkɔe nye Yexaziel, Zaxarya vi. Enye Asaf ƒomea me tɔ, eye tɔgbuiawoe nye Asaf, Matanya, Yiel kple Benaya.
15
Egblɔ be: “Yuda-dukɔ blibo la, mi Yerusalemnɔlawo kple fia Yosafat, miɖo to miasee. Aƒetɔ be: ‘Migavɔ̃ o eye aʋakɔ gã sia megadzi ŋɔ na mi o, elabe aʋa la menye mia tɔ o; ke boŋ Mawu tɔe.
16
Etsɔ la, miho yi ɖakpe wo. Woalia to ato Ziz-mɔ la dzi ava. Miake ɖe wo ŋu le balia nu le Yeruel-gbedadaƒo ŋgɔ.
17
Menye miawoe le aʋa sia wɔ ge o. Mitsi tsitre ɖi ko ne miakpɔ ale si Aƒetɔ le xɔxɔ ge na mii la ɖa! O Yuda kple Yerusalem, migavɔ̃ o, eye dzika megatso mia ƒo o. Etsɔ la, mido yi ɖakpe wo; Aƒetɔ li kpli mi!”
18
Tete fia Yosafat kple Yuda katã kpakple Yerusalemnɔlawo katã bɔbɔ de ta agu ɖe Aƒetɔ ŋkume, eye wosubɔe.
19
Levi vi siwo le Kehat kple Korax ƒe ƒomeawo me la tsi tsitre, eye wokafu Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la, sesĩe.
20
Le evea gbe ƒe ŋdi kanya la, woho ɖo ta Tekoa-gbedadaƒo. Esi wonɔ mɔ dzem la, Yosafat tsi tsitre ƒo nu na wo be: “Yuda kple Yerusalemnɔlawo, miɖo tom. Mixɔ Aƒetɔ, mia Mawu dzi se ekem ali ke mi. Mixɔ eƒe gbeƒãɖelawo hã dzi se, ekem ana wòadze dzi na mi.”
21
Ede adaŋu kple dukɔ la be ne woho la, Aƒetɔ ƒe hadzila siwo ɖoa atsyɔ̃ kɔkɔe, eye wodzia kafukafuha la nanɔ aʋakɔ la ŋgɔ anɔ ha dzim be: “Mida akpe na Aƒetɔ, Elabe eƒe amenuveve li tegbee!”
22
Esi wode asi hadzidzi kple aseyetsotso me la, Aƒetɔ na xadelawo ɖo Amonviwo, Moabviwo kple Seir-todzitɔ siwo ho ɖe Yuda ŋu la dome, eye wofiti wo.
23
Tete Amonviwo kple Moabviwo sɔ ɖe Seir-todzitɔwo ŋu, eye wotsrɔ̃ wo keŋ. Esi wotsrɔ̃ Seir-todzitɔwo vɔ la, wotrɔ ɖe wo nɔewo ŋu azɔ hewu keŋkeŋ.
24
Esi Yudatɔwo va ɖo gbetakpɔxɔ si le gbedadaƒoa gbɔ, kpɔ aʋakɔa ta ɖa la, kpɔ ɖa, ame kukuwo le anyigba fũu. Ame aɖeke mesí o.
25
Yosafat kple eƒe aʋakɔwo yi be yewoaɖaha aboyonuwo le wo gbɔ. Wokpɔ lãhawo fũu, adzɔnuwo, awuwo kple nu xɔasi geɖewo. Nuawo sɔ gbɔ ale gbegbe be wode wo tsɔ ge do kpo. Ŋkeke etɔ̃ sɔŋ wonɔ nuawo lɔlɔ dzi elabe wosɔ gbɔ ŋutɔ.
26
Le ŋkeke enea gbe la, wokpe ta ɖe Beraka-bali la me, eye wokafu Aƒetɔ. Esia ta woyɔa bali la be Beraka-bali va se ɖe egbe.
27
Azɔ Yosafat le ŋgɔ na Yuda kple Yerusalem ŋutsuwo katã, wotrɔ gbɔ va Yerusalem kple dzidzɔ elabe Aƒetɔ do dzidzɔ na wo be eɖu woƒe futɔwo dzi na wo.
28
Woge ɖe Yerusalem kple saŋkuwo, kasaŋkuwo kple kpẽwo, eye wòyi Aƒetɔ ƒe aƒe la me.
29
Vɔvɔ̃ na Aƒetɔ ɖo anyigbawo ƒe fiaɖuƒewo katã me, esime wose be Aƒetɔ wɔ aʋa kple Israel ƒe futɔwo.
30
Ale Yosafat ƒe fiaɖuƒe la me fa elabe eƒe Mawu na gbɔdzɔe godoo va kpe.
31
Yosafat xɔ ƒe bla etɔ̃ vɔ atɔ̃ esime wòzu fia ɖe Yuda dzi. Eɖu fia ƒe bla eve vɔ atɔ̃ le Yerusalem. Nɔa nye Azuba, Silxi vinyɔnu.
32
Eto tɔ́a Asa ƒe ʋe me tututu, medze to afi aɖeke o, eye wòwɔ nu si dzɔ le Aƒetɔ ŋkume,
33
ke womeɖe nuxeƒeawo ɖa o, eye dukɔ la mekpɔ trɔ woƒe dzi ɖe wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la ŋu haɖe o.
34
Yosafat ƒe ŋutinya mamlɛawo, tso gɔmedzedzea va se ɖe nuwuwua la, woŋlɔ wo ɖe Yehu, Xanani vi la, ƒe nya siwo wotsɔ de Israel-fiawo ƒe Agbalẽ me la me.
35
Esia megbe la, Yuda-fia Yosafat ɖawɔ ɖeka kple Israel-fia Axazya. Ewɔ nu vlo be ewɔ esia.
36
Ewɔ ɖeka kplii be yewoakpa tɔdziʋu siwo ade Tarsis la, eye wokpa ʋuawo le Ezeon-Geber.
37
Tete Eliezer, Dodava vi, tso Maresa ɖe gbeƒã ɖe Yosafat ŋu be: “Esi nèwɔ ɖeka kple Axazya ta la, Aƒetɔ agblẽ nu si nèwɔ la me.” Ale ʋuawo gbã, eye womete ŋu de Tarsis o.
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 21 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36