bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Chronicles 16
2 Chronicles 16
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 17 →
1
Le Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè bla etɔ̃ vɔ adelia me la, Israel-fia Baesa tso ɖe Yuda ŋu. Egbugbɔ Rama-du tso, du sesẽe, bene yeaxe mɔ na amewo be womagate ŋu ado alo age ɖe Yuda-fia Asa ƒe nutome me o.
2
Tete Asa tsɔ klosalo kple sika le nudzraɖoƒe siwo le Aƒetɔ ƒe aƒe la kple fiasã la me ɖo ɖe Siria-fia Ben-Hadad, si le Damasko la gblɔ be:
3
“Na nye kple wò míabla nu abe ale si tɔ́nye kple tɔ́wò wowɔe ene. Nye asi me klosalo kple sika nye esi. Tu nubabla si le wò kple Israel-fia Baesa dome ne wòaho adzo le gbɔnye.”
4
Tete Ben-Hadad lɔ̃ ɖe fia Asa ƒe nyaa dzi nɛ, eye wòdɔ eƒe aʋakplɔlawo ɖo ɖe Israel-duwo me. Wosi Yion, Dan kple Abel-Mayim kpakple Naftali-du siwo katã me wodzraa nuwo ɖo la.
5
Esi Baesa see la, edzudzɔ Rama-dua tsotso, eye dɔa tsi nenema.
6
Asa fia la na Yuda blibo la yi ɖalɔ kpe kple ati siwo Baesa tsɔ le Rama-dua tsomee la, eye wòna wolɔ wo yi ɖagbugbɔ Geba kple Mizpa duwo tso.
7
Le ɣe ma ɣi me la, nukpɔla Xanani va Yuda-fia Asa gbɔ, eye wògblɔ nɛ be: “Esi nède me Siria-fia eye mèɖo ŋu ɖe Aƒetɔ, wò Mawu la ŋu o ta la, Siria-fia ƒe aʋakɔ sí dzo le gbɔwò.
8
Ðe aʋakɔ gãwo, tasiaɖamwo kple sɔdola geɖe fũu menɔ Etiopiatɔwo kple Libiatɔwo si hafi oa? Ke esi nède me Aƒetɔ la, ɖe nyemena nèɖu wo dzi oa?
9
Kpɔ ɖa, Aƒetɔ kpɔa nu le afi sia afi le xexea me godoo, bene yeado ŋusẽ ame siwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo. Èwɔ bometsinu le esia me, eya ta tso azɔ heyina la aʋa anɔ dowòme.”
10
Tete Asa do dziku ɖe nukpɔla la ŋu vevie, eye wòna wodee atikpofɔblanu kpekpe me, ɖe gaxɔ me. Asa sẽ ŋuta le dukɔmevi bubuwo hã ŋu le ɣe ma ɣi me.
11
Asa ƒe ŋutinya mamlɛawo tso gɔmedzedzea va se ɖe nuwuwua la, woŋlɔ wo ɖe Yuda kple Israel-fiawo ƒe Ŋutinyagbalẽ la me.
12
Le Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè bla etɔ̃ vɔ asiekelia me la, edze afɔdɔ sesẽ aɖe si wɔ fui ŋutɔ. Le dɔléle sia me gɔ̃ hã la, medi Aƒetɔ o, ke boŋ edi atikewɔlawo ƒe kpekpeɖeŋu.
13
Asa ku le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè bla ene vɔ ɖekɛlia me,
14
eye woɖii ɖe yɔdo si eya ŋutɔ ɖe na eɖokui ɖe David ƒe dua me la me. Wotsɔ atike ʋeʋẽe ƒomevi vovovo siwo ami ʋeʋẽe ɖala adodoewo wɔ la de eƒe aba me. Wodo dzo gã aɖe tsɔ de bubu eŋu le kunua wɔwɔ me.
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 17 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36