bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Chronicles 32
2 Chronicles 32
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 31
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 33 →
1
Le nyadzɔdzɔ siawo kple nuteƒewɔwɔ siawo megbe la, Asiria-fia Sanxerib ho ɖe Yuda ŋu, va ƒu asaɖa anyi ɖe eƒe du sesẽwo ŋu, di be yeagbã wo axɔ wo.
2
Esi Xizkiya kpɔ be Sanxerib va, eye wòɖo be yeawɔ aʋa kple Yerusalem la,
3
eya kple eƒe dumegãwo kpakple aʋawɔlawo de adaŋu be yewoaxe tsivudo siwo le dua godo eye wokpe ɖe eŋu.
4
Woƒo ameha gã aɖe nu ƒu eye woxe vudowo katã kple tɔʋu si sí va to anyigba la dzi la. Wogblɔ be: “Nu ka ta tsi abɔ ɖi Asiria-fiawo nava kpɔ?”
5
Fia la dzra ɖo ɖe wo ŋu. Eɖɔ glia ƒe gbagbãƒewo katã ɖo, tu gbetakpɔxɔwo ɖe wo dzi, eye wòɖo gli bubu ɖe xoxotɔ godo. Eɖo gli ɖe David ƒe du la ƒe Milo la ŋu, eye wòna wowɔ aʋawɔnuwo kple akpoxɔnuwo fũu.
6
Eɖo aʋakplɔlawo ɖe aʋakɔawo nu, eye wòyɔ wo va egbɔ ɖe gbadzaƒe si le dugbo la nu. Eƒo nu de dzi ƒo na wo be:
7
“Misẽ ŋu eye milé dzi ɖe ƒo. Migavɔ̃ o. Asiria-fia kple ame gbogbo siwo katã le eŋu la megadzi ŋɔ na mi o, elabe ame si le mía dzi la, sesẽ wu ame si le edzi.
8
Eya la, amegbetɔ ƒe ŋusẽ ŋu wòle dzi ɖom ɖo, ke míawo la, Aƒetɔ, mía Mawu la li kpli mí, akpe ɖe mía ŋu axɔ míaƒe aʋawo awɔ na mí.” Yuda-fia Xizkiya ƒe nya siawo de dzi ƒo na dukɔ la ŋutɔ.
9
Le nu siawo megbe, esime Asiria-fia Sanxerib kple eƒe aʋakɔ la katã gale Laxis kasa la, edɔ ame ɖe Yuda-fia Xizkiya kple Yudatɔ siwo katã le egbɔ le Yerusalem la be:
10
“Ale nye Sanxerib, Asiria-fia, mele gbɔgblɔm nye esi: ‘Nu ka ŋu miele dzi ɖom ɖo gabɔbɔ nɔ Yerusalem si meɖe to ɖo la?
11
Xizkiya le mia blem be, Aƒetɔ, mia Mawu la, aɖe mi tso nye Asiria-fia si me. Ðeko dɔ kple tsikɔ awu mi miaku.
12
Menye Xizkiya sia kee ɖe Aƒetɔ ƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwo ɖa eye wògblɔ na Yuda kple Yerusalem be: ‘Vɔsamlekpui ɖeka sia ko ŋgɔ miasubɔ le, eye eya ɖeka ko dzi miatɔ dzo lifi le oa?
13
Nu si nye kple tɔgbuinyewo míetu kple dukɔ bubuwo la, ɖe miesee oa? Ðe dukɔ mawo ƒe mawuwo te ŋu xɔ na wo tso asinye mea?
14
Dukɔ siwo tɔgbuinyewo tsrɔ̃ la ƒe mawuwo dometɔ kae te ŋu ɖee tso asinye me, hafi miawo ya miaƒe mawu ate ŋu ɖe mi tso asinye me?
15
Eya ta migana Xizkiya nable mi alo akplɔ mi trae o. Migaxɔ edzi se o. Dukɔ alo fiaɖuƒe aɖeke ƒe mawu aɖeke mete ŋu ɖe eƒe dukɔ tso nye kple tɔgbuinyewo si me kpɔ o. Miaƒe mawu la mate ŋu aɖe mi tso asinye me koŋ o.’ ”
16
Asiria-fia ƒe dɔlawo hã gblɔ nya geɖe ɖe Aƒetɔ, Mawu kple eƒe dɔla Xizkiya ŋu.
17
Asiria-fia ŋlɔ agbalẽ hã ɖe alɔ me le Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la ŋu gblɔ ɖe eŋu be: “Ale si dukɔ aɖeke ƒe mawu mete ŋu ɖee tso asinye me kpɔ o la, nenema ke Xizkiya ƒe mawu hã mate ŋu aɖe eƒe dukɔ tso asinye mee o.”
18
Wodo ɣli sesĩe le Yuda-gbe me be yewoatsɔ de vɔvɔ̃ lã me na ame siwo le glia dzi le Yerusalem aɖe dzi le wo ƒo, ale be woate ŋu axɔ du la.
19
Woƒo nu ɖe Yerusalem ƒe Mawu la ŋu abe ɖe wòle abe dukɔ bubuwo ƒe mawu, siwo amegbetɔ wɔ kple asi ko la ene.
20
Ke fia Xizkiya kple Mawu ƒe gbeƒãɖela Yesaya, Amoz vi, do gbe ɖa na Mawu le nya sia ta, eye wodo ɣli ɖo ɖe dziƒo.
21
Tete Aƒetɔ dɔ dɔla aɖe ɖa wòva wu asrafoawo kple aʋakplɔlaawo keŋ le Asiria ƒe asaɖa la me. Ale Asiria-fia tsɔ ŋukpe gbugbɔ yi eƒe anyigba dzi. Esi wòge ɖe eƒe mawu ƒe aƒeme la, eya ŋutɔ ƒe alimevi aɖewo va dzae wu kple yi ɖe afi ma.
22
Ale Aƒetɔ xɔ na fia Xizkiya kple Yerusalemnɔlawo tso Asiria-fia Sanxerib kple futɔ bubuwo katã si me. Ena wonɔ kple dukɔ siwo katã ƒo xlã wo godoo va kpe le ŋutifafa me.
23
Ame geɖewo he nunanawo vɛ na Aƒetɔ le Yerusalem. Wotsɔ nunana xɔasiwo vɛ na Yuda-fia Xizkiya hã, ale be tso esia dzi la, eŋkɔ de du le dukɔwo katã dome.
24
Le ŋkeke mawo me la, Xizkiya lé dɔ eye wòku kloe. Edo gbe ɖa na Aƒetɔ eye Aƒetɔ ɖo eŋu nɛ kple dzesi aɖe.
25
Ke Xizkiya de asi dàda me, eye meɖe eƒe akpedada fia Aƒetɔ le nyui si wòwɔ nɛ la ta o, eya ta Aƒetɔ do dziku ɖe eya kple Yuda-dukɔa kpakple Yerusalem ŋu.
26
Tete Xizkiya kple Yerusalemnɔlawo bɔbɔ wo ɖokui, eye Aƒetɔ ƒe dzi fa ale be megahe to na wo le Xizkiya ƒe agbenɔɣi o.
27
Kesinɔnu kple bubu geɖe ŋutɔ su Xizkiya si. Etu nudzraɖoƒe geɖe siwo me klosalo, sika, kpe xɔasiwo, atike ʋeʋẽewo, akpoxɔnuwo kple nu xɔasi ƒomevi vovovowo nɔ.
28
Etu nudzraɖoƒewo na bli, wain kple ami hã. Etu lãxɔ na nyihawo, eye wotɔ kpɔ na alẽhawo.
29
Etso duwo na eɖokui, eye alẽha kple nyiha gãwo nɔ esi elabe Mawu na kesinɔnu geɖe ŋutɔe.
30
Xizkiya siae xe Gixon-tɔʋu la le dzigbe, eye wòna tsia tsa va xa ɖe David ƒe du la ƒe ɣetoɖoƒe gome. Nu sia nu si Xizkiya wɔ la dze edzi nɛ.
31
Ðeko esi amedɔdɔwo tso Babilon va be yewoabia nu tso nukunu si dzɔ le anyigba la dzi ta se la, ɣe ma ɣi ko Mawu ɖe asi le eŋu, na wòwɔ eya ŋutɔ ƒe susu ŋudɔ be yeatsɔ doe kpɔ, ne yeanya nu si le eƒe dzime.
32
Xizkiya ƒe ŋutinya mamlɛa kple eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo la, woŋlɔ wo ɖe gbeƒãɖela Yesaya, Amoz vi, ƒe Ŋutegagbalẽ kple Yuda kple Israel-fiawo Ŋutinyagbalẽ me.
33
Xizkiya ku, eye woɖii ɖe kɔkɔƒe le David ƒe dzidzimeviwo ƒe ɖiƒe. Yuda blibo la kple Yerusalemnɔlawo katã de bubu eŋu le eƒe ku me. Via Manase zu fia ɖe eteƒe.
← Chapter 31
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 33 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36