bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Chronicles 19
2 Chronicles 19
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 20 →
1
Yuda-fia Yosafat gbugbɔ yi eƒeme le Yerusalem dedie.
2
Tete nukpɔla Yehu, Xanani vi, yi ɖakpee, eye wògblɔ na fia Yosafat be: “Ame vɔ̃ɖi ŋu nèyi ɖakpe ɖoa? Ame siwo lé fu Aƒetɔ, wòawo nèlɔ̃a? Esia ta Aƒetɔ do dziku ɖe ŋuwò.
3
Ke hã la, wokpɔ nu nyui aɖe le mewò. Eya nye èɖe nyɔnumawu Aserawo ɖa le anyigba la dzi, eye nèdi Aƒetɔ kple wò dzi.”
4
Yosafat nɔ Yerusalem; emegbe egatsa le dukɔ la me tso Beer-Seba va ɖo Efrayim-tonyigba dzi, eye wòtrɔ amewo ɖe Aƒetɔ, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la ŋu.
5
Eɖo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe Yuda-du sesẽwo katã me ɖekaɖeka, du sia du kple etɔ,
6
eye wògblɔ na ʋɔnudrɔ̃lawo be: “Milé fɔ ɖe nu si wɔm miele la ŋu nyuie, elabe menye amewo miele nya me tsom na o, ke boŋ Aƒetɔ ye, eye wòle mia gbɔ ne miele nya me tsom.
7
Eya ta mivɔ̃ Aƒetɔ, eye mikpɔ nyuie le miaƒe nuwɔnawo me, elabe le Aƒetɔ gbɔ la, afiaŋkunɔtsotso, amedzidede kple zãnuxɔxɔ aɖeke meli o.”
8
Le Yerusalem hã la, Yosafat fia amewo tso Levi viwo, nunɔlawo kple ƒometatɔwo dome be woadrɔ̃ nya siwo ku ɖe Aƒetɔ ƒe se la kple dzrewɔwɔ ŋu. Ame siawo nɔ Yerusalem.
9
Exlɔ̃ nu wo be: “Mitsɔ Aƒetɔ -vɔvɔ̃ wɔ miaƒe dɔdeasi nyateƒetɔe kple miaƒe dzi blibo.
10
Ne mia nɔvi siwo le woƒe duwo me he nya aɖe si ku ɖe ʋukɔkɔɖi, sewo, ɖoɖowo kple kɔnuwo ŋu vɛ la, mixlɔ̃ nu wo le nya la ŋu bene womagaɖi fɔ le Aƒetɔ gbɔ, ne dɔmedzoe nagava mia kple mia nɔviwo siaa dzi o. Miwɔ alea ne miagaɖi fɔ o.
11
Mikpɔ ɖa, nunɔlagã Amarya le mia nu atso nya me le nya siwo katã ku ɖe Aƒetɔ subɔsubɔ ŋu. Yuda-nyigbanunɔla Zebadya, Ismael vi, le mia nu atso nya me le nya siwo katã woatsɔ va fia gbɔe la ŋu. Levi viwo nye dɔnunɔlawo akpe ɖe mia ŋu. Misẽ ŋu ne miawɔ nu siawo katã. Aƒetɔ nenɔ kple ame nyui la.”
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 20 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36