bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Chronicles 2
2 Chronicles 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 3 →
1
Salomo ɖo be yeatu xɔ si me woasubɔ Aƒetɔ le kple fiasã na ye ɖokui.
2
Edi agbatsɔla akpe bla adrẽ kple kpedɔwɔla akpe bla enyi tso tonyigba dzi de dɔa me. Wo dzikpɔlawo le ame akpe etɔ̃ alafa ade.
3
Fia Salomo ɖo du ɖe Tiro-fia Xuram be: “Èwɔ nyui na tɔ́nye David, eye nèɖo sederti ɖee be wòatsɔ atu xɔe anɔ eme.
4
Kpɔ ɖa, mebe matu xɔ na Aƒetɔ, nye Mawu, ne woasubɔe le eme. Makɔ eŋu nɛ, ne woatɔ dzo lifi le eŋkume, ada vɔsabolo ɖe eŋgɔ, eye woasa numemevɔ nɛ le afi ma ŋdi kple fiẽ, le dzudzɔgbewo, le Dzinu Yeye Ŋkeke Nyui ɖuɣiwo kple le Aƒetɔ, mía Mawu ƒe ŋkekenyui bubuwo dzi. Esia nye Israel ƒe dɔdeasi tegbee.
5
Xɔ lolo ŋutɔ mebe matu elabe mía Mawu la lolo wu mawu bubuwo katã.
6
Ke ame ka ate ŋu atu xɔ nɛ, esime dziƒo kple dziƒowo ƒe dziƒo gɔ̃ hã melolo nɛ wòanɔ o? Menye lifi ko mate ŋu atɔ dzoe le eŋkume oa?
7
Eya ta ɖo aɖaŋudɔwɔla aɖe ɖem. Amea nenya sika, klosalo, akɔbli kple ga yibɔ ŋu ɖaŋu. Nenya aɖabɛ dzĩtɔ, ka dzẽ kple aɖabɛ blɔtɔ ŋudɔwɔwɔ, eye wòanya atiŋɔŋlɔ hã nyuie. Medi be wòava kpe ɖe aɖaŋudɔwɔla siwo tɔ́nye David tia, eye wole gbɔnye le Yuda kple Yerusalem la ŋu.
8
Menya be wò amewo nya Lebanon-ti ŋudɔwɔwɔ, eya ta ɖo sederti, sesewuti kple papawuti ɖem tso Lebanon. Nye amewo akpe ɖe wò amewo ŋu,
9
ne woadi atiwo nam geɖe fũu elabe xɔ si tu ge mala la alolo, eye wòanye nukpɔkpɔ tɔxɛ.
10
Kpɔ ɖa, matsɔ lu gigli ton akpe eve, ƒo ton akpe eve, wain lita akpe alafa ene kple ami lita akpe alafa ene aɖo ɖe wò dɔla siwo awɔ atidɔ la.
11
Tete Xuram Tiro-fia ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Salomo be: “Aƒetɔ lɔ̃ eƒe dukɔ eya ta wòtsɔ wò ɖo fiae ɖe wo nu.”
12
Xuram gagblɔ be: “Woakafu Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu, dziƒo kple anyigba Wɔla, be wòna vi nyanu fia David. Ena nunya kple nugɔmesesee be wòatu gbedoxɔ na Aƒetɔ, eye wòatu fiasã na eɖokui.
13
“Azɔ mele Xuram Abi ɖom ɖe wò. Enye aɖaŋudɔwɔla si nunya le tagbɔ na.
14
Nɔa tso Dan-to la me, eye tɔ́a tso Tiro. Enya sika kple klosalo, akɔbli kple ga yibɔ, kpe kple ati ŋudɔwɔwɔ. Enya aɖabɛ dzĩtɔ kple blɔtɔ, avɔ dzĩ xɔasi kple aklala biɖibiɖi ŋudɔwɔwɔ. Enya nɔnɔme vovovowo ŋɔŋlɔ, eye wòtea ŋu ŋlɔa aɖaŋu si woɖɔ nɛ la hã. Na wòakpe ɖe wò aɖaŋudɔwɔlawo kple nye aƒetɔ David ƒe aɖaŋudɔwɔlawo ŋu.
15
Azɔ lu kple ƒo, ami kple wain siwo ƒe nya nègblɔ la, àte ŋu aɖo wo ɖe mí, wò dɔlawo.
16
Ati agbɔsɔsɔ sinu nèhiã la, míatso wo le Lebanon-toa dzi, abla wo tatata atsɔ to ƒu dzi ava Yafo na wò, eye wò la, nàva fɔ wo yi Yerusalem.”
17
Fia Salomo na woxlẽ amedzro siwo katã le Israel-nyigba dzi abe ale si tɔ́a David wɔ kpɔ ene. Ekpɔ ŋutsu akpe alafa ɖeka bla atɔ̃ vɔ etɔ̃ alafa ade.
18
Ena wo dome akpe bla adrẽ zu agbatsɔlawo, ame akpe bla enyi zu kpedɔwɔlawo le tonyigba la dzi, eye ame akpe etɔ̃ alafa ade nye dɔdzikpɔla siwo kpɔa egbɔ be ameawo nawɔ dɔ.
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36