bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Chronicles 5
2 Chronicles 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 6 →
1
Ale dɔ siwo katã Salomo wɔ le Aƒetɔ ƒe aƒe la ŋu la wu enu. Salomo tsɔ nu siwo ŋu tɔ́a David kɔ̀ la kple klosalo kple sika kpakple nu bubuawo katã ɖada ɖe Mawu ƒe aƒe la ƒe nudzraɖoƒe la.
2
Ale Salomo ƒo ƒu Israel-dukɔ ƒe ame tsitsiwo, toawo ƒe tatɔwo kple Israel-ƒomeawo ƒe tatɔwo katã ɖe Yerusalem, ne woaɖakɔ Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka tso David ƒe du si nye Zion la me vɛ.
3
Tete Israelviwo ƒe ame tsitsiwo katã kpe ta ɖe fia la gbɔ na ŋkekenyui la le dzinu adrẽlia me.
4
Israel-me tsitsiawo katã va, eye Levi viwo kɔ aɖaka la.
5
Wokɔ aɖaka la, godoƒegbadɔ la kple nu kɔkɔe siwo katã le agbadɔ la me la vɛ. Nunɔlawo kple Levi viwoe kɔ nuawo vɛ.
6
Azɔ fia Salomo kple Israel-dukɔa ƒe ameha blibo si kpe ta ɖe egbɔ la tsi tsitre ɖe aɖaka la ŋgɔ, eye wotsɔ alẽ kple nyi siwo womate ŋu axlẽ alo abu akɔnta le wo ŋu o la sa vɔe.
7
Tete nunɔlaawo kɔ Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la va da ɖe enɔƒe le kerubiawo ƒe aʋala te le megbexɔ si nye kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒe la me.
8
Kerubiawo keke woƒe aʋala ɖe aɖaka la ƒe nɔƒe ale be wotsyɔ aɖaka la kple etsɔtiawo dzi.
9
Atiawo didi ale be wokpɔa wo nu le megbexɔ la me tso kɔkɔeƒe la, ke womekpɔa wo tso gota ya o. Egale nenema va se ɖe egbe sia.
10
Naneke mele aɖaka la me o, negbe nuŋlɔkpe eve siwo Mose da ɖe eme le Xoreb la koe. Afi ma Aƒetɔ bla nu kple Israelviwo le, esime woʋu tso Egipte la.
11
Nunɔla siwo katã va la kɔ̀ wo ɖokui ŋu eye womede vovo wo dome ɖe hatsotsowo nu o. Wodo tso kɔkɔeƒe la,
12
eye Levi vi siwo nye hadzilawo katã: Asaf, Heman, Yedutun kple wo viwo kpakple wo nɔviwo le aklala biɖibiɖi wuwo me. Wolé gakogoe, saŋku kple kasaŋku ɖe asi, eye wotsi tsitre ɖe vɔsamlekpui la ƒe ɣedzeƒe gome. Nunɔla alafa ɖeka kple bla eve siwo nye kpẽkulawo la le wo gbɔ.
13
Kpẽkulawo kple hadzilawo lé ha la ɖekae kple gbe sɔsɔe hele Aƒetɔ kafum, le akpe dam nɛ kple kpẽawo kple gakogoeawo kpakple hadzinuawo sesĩe. Wokafu Aƒetɔ be: “Eƒe dɔme nyo, eye eƒe lɔlɔ̃ matrɔ li tegbee.” Tete alilikpo yɔ xɔ la, Aƒetɔ ƒe xɔ blibo la taŋ,
14
eye Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe yɔ Mawu ƒe xɔ la ale gbegbe be le alilikpoa ta, nunɔlawo megate ŋu yi subɔsubɔ la dzi o, elabe Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe yɔ Mawu ƒe xɔ la.
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36