bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Chronicles 14
2 Chronicles 14
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 15 →
1
Abiya ku, woɖii ɖe tɔgbuiawo ɖiƒe le David ƒe du la me, eye via Asa zu fia ɖe eteƒe. Le Asa ŋɔli la, anyigba la dzi fa ƒè ewo.
2
Asa wɔ nu si nyo, eye wòdze Aƒetɔ, eƒe Mawu la ŋu.
3
Eɖe dukɔ bubuwo me tɔwo ƒe vɔsamlekpuiwo kple nuxeƒewo ɖa, gbã aƒeliwo, eye wòtso nyɔnumawu Asera ŋu nuwo ƒu anyi.
4
Egblɔ na Yudatɔwo be woadi Aƒetɔ, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la, eye woawɔ eƒe se la kple nufiamewo dzi.
5
Eɖe nuxeƒewo kple lifivɔsamlekpuiwo hã ɖa le Yuda-duwo katã me, ale fiaɖuƒe la kpɔ gbɔdzɔe le ete.
6
Etso du sesẽwo ɖe Yuda, elabe anyigba la kpɔ gbɔdzɔe. Mewɔ aʋa aɖeke ɣe ma ɣi o, esi Aƒetɔ na eƒe to me fa ta.
7
Egblɔ na Yuda be: “Mina míagbugbɔ du siawo atso, aɖo gli aƒo xlã wo, atu gbetakpɔxɔwo, eye míade agbo kple gametiwo wo nu. Anyigba la gale mía si me elabe míedi Aƒetɔ, mía Mawu la, eya ta wòna ŋutifafa xɔ aƒe godoo.” Ale wotso duawo, eye nu dze edzi na wo le afi sia afi.
8
Aʋakɔ nɔ Asa si. Aʋawɔla siwo tso Yuda, eye akpoxɔnu kple akplɔ le wo si la le ame akpe alafa etɔ̃. Esiwo tso Benyamin, eye akpoxɔnu le wo si, wodaa da la le ame akpe alafa eve bla enyi. Ame siawo katã nye aʋawɔla kalẽtɔwo.
9
Zerax, Etiopiatɔ la ho aʋa ɖe Yuda kple aʋawɔla miliɔn ɖeka kple tasiaɖam alafa etɔ̃. Eva ɖo keke Maresa ke.
10
Asa ho yi ɖakpee, eye akpa eveawo dze aʋa ɖe Zefata-bali me le Maresa gbɔ.
11
Tete Asa yɔ Aƒetɔ, eƒe Mawu la gblɔ be: “Aƒetɔ, ale si nèxɔna na ŋusẽtɔ la, nenema ko nèxɔna na ame beli la hãe. Aƒetɔ, mía Mawu, xɔ na mí elabe ŋuwòe míeɖo ŋu ɖo, eye wò ŋkɔ me míeho aʋa ɖe ame gbogbo siawo ŋu le. Aƒetɔ, wò koe nye mía Mawu. Mègana amegbetɔ aɖeke nanɔ te ɖe nuwò o.”
12
Tete Aƒetɔ ɖu Etiopiatɔwo dzi. Asa kple eƒe aʋakɔ kpe aʋa kpli wo, eye Etiopiatɔwo sí.
13
Asa kple aʋakɔ si le eŋu la ɖe wo ɖe nu va se Gerar. Wosi Etiopiatɔwo vevie; ɖeke metsi agbe o elabe Aƒetɔ kple eƒe aʋakɔ lae tsrɔ̃ wo. Woha nu geɖe ŋutɔ.
14
Woɖu du siwo katã ƒo xlã Gerar la dzi elabe vɔvɔ̃ ɖo wo le Aƒetɔ ta. Nu geɖe le duawo katã me, ale woha wo keŋ.
15
Wodze lãnyilawo hã dzi, kaka woƒe agbadɔwo, eye wolé alẽ geɖe kple kposɔwo hegbɔ va Yerusalem.
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 15 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36