bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Chronicles 22
2 Chronicles 22
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 23 →
1
Adzoha kple Arabiatɔ siwo va wɔ aʋa la wu fiaviŋutsu tsitsitɔwo katã. Eya ta Yerusalemnɔlawo tsɔ Axazya, Yoram ƒe dɔmlɔea ɖo fiae ɖe eteƒe eye Axazya, Yuda-fia Yoram viŋutsu zu fia.
2
Axazya xɔ ƒe bla ene vɔ eve esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe ɖeka le Yerusalem. Nɔae nye Atalya, Omri vinyɔnu.
3
Eya hã to Axab ƒe aƒe la ƒe ʋe me elabe nɔa ɖo aɖaŋu nɛ wòwɔ nuvɔ̃ɖi.
4
Ewɔ nuvɔ̃ɖi le Aƒetɔ ŋkume abe Axab ƒe ƒometɔwo ene, elabe le tɔ́a ƒe ku megbe la, woawoe ɖo aɖaŋu nɛ wòva zu ku nɛ.
5
Axazya xɔ woƒe aɖaŋuɖoɖo eye wòwɔ ɖeka kple Israel-fia Yoram, Axab vi, woho aʋa ɖe Siria-fia Xazael ŋu. Wokpe aʋa la le Ramot-Gilead. Yoram xɔ abi.
6
Egbugbɔ yi Yezreel be woada gbe le ye ŋu, le abi si wode eŋu le Rama, esime eya kple Siria-fia Xazael wokpe aʋa la ta. Yuda-fia Axazya, Yoram vi, yi be yeakpɔ Yoram, Axab vi la ɖa le Yezreel elabe ele dɔ lém.
7
Ke Mawu ɖoe be Axazya nadze anyi to Yoram gbɔyiyi me. Esi wòva la, eya kple Yoram wodo go be yewoaɖakpe Yehu, Nimsi vi, ame si Aƒetɔ si ami na be wòatsrɔ̃ Axab ƒe ƒome la.
8
Esime Yehu nɔ to hem na Axab ƒe ƒomea la, edo go Yuda-megãwo kple Axazya nɔviŋutsu ƒe viwo, ame siwo subɔa Axazya eye wòwu wo.
9
Axazya sí ɖabè ɖe Samaria. Ke Yehu na woɖadii eye wolée. Wokplɔe vɛ na Yehu eye wowui heɖi elabe wogblɔ be: “Yosafat, ame si di Aƒetɔ kple dzi blibo la ƒe tɔgbuiyɔvi ye.” Ale Axazya ƒe ƒometɔ aɖeke megali ate ŋu aɖu fia o.
10
Azɔ esi Atalya, Axazya nɔ kpɔ be ye vi ku la, etso eye wòtsrɔ̃ Yuda-fiaƒome blibo la.
11
Ke Yoseba, fia la vinyɔnu, fi Yoas, fia Axazya viŋutsu le fiavi siwo wobe yewoawu la dome. Ekplɔ eya kple edzikpɔla ɖaɣla ɖe xɔdɔmea ememetɔ me. Ale wɔ Yoseba, fia Yoram vinyɔnu, si nye nunɔla Yoyada srɔ̃ kple Axazya nɔvinyɔnu la ɣla ɖevia ɖe Atalya eye mewu eya o.
12
Eɣla eɖokui ɖe wo gbɔ le Mawu ƒe aƒe la me ƒe ade esime Atalya ɖu dukɔa dzi.
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 23 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36