bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Exodus 1
Exodus 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 2 →
1
Israel viŋutsu siwo yi Egipte kple Yakob la ŋkɔwoe nye esiwo gbɔna. Ɖe sia ɖe yi kple eƒemetɔwo:
2
Ruben, Simeon, Levi, Yuda,
3
Isaxar, Zebulon, Benyamin,
4
Dan, Naftali, Gad kple Aser.
5
Yakob vi kple tɔgbuiyɔvi siawo katã ƒe xexlẽme de bla adrẽ. Via Yosef ya nɔ Egipte xoxo.
6
Yosef kple nɔvia ŋutsuawo kpakple dzidzime ma katã va ku.
7
Ke Israelviwo va dzi fũu. Wova sɔ gbɔ hekpɔ ŋusẽ ale gbegbe, eye wokaka ɖe anyigba la ƒe afi sia afi.
8
Eva eme be fia yeye aɖe si menya naneke le Yosef ŋu o la va zi dzi le Egipte.
9
Eya gblɔ na eƒe dukɔ la be: “Mikpɔ ɖa, Israelviwo va sɔ gbɔ wu mí. Wole ŋusẽ hã kpɔm wu mí.
10
Mina míadze aye ɖe wo ŋu, be womagadzi fũu ɖe edzi o. Ne menye nenema o, ne aʋa dzɔ la, woava de míaƒe futɔwo dzi ɖe mía ŋu, akpɔ mɔnu así dzo le míaƒe anyigba la dzi.”
11
Ale Egiptetɔwo tia dɔdzikpɔlawo ɖo Israelviwo nu be woawɔ funyafunya wo, aɖo dɔ sesẽ na wo. Wona Israelviwo tsò nudzraɖodu na Egipte Fiagã la. Du siawoe nye Pitom kple Ramses.
12
Gake zi geɖe ale si Egiptetɔwo le Israelviwo tem ɖe anyi la, nenema ke wole dzidzim ɖe edzi, le ta kekem wu. Ale Egiptetɔwo de asi vɔvɔ̃ me na Israelviawo.
13
Esia dɔ Egiptetɔwo be wogazi Israelviwo dzi wu, eye wona wowɔ dɔ kutɔkutɔe.
14
Wote wo ɖe anyi kple dɔ sesẽ wɔwɔ ale gbegbe be agbenɔnɔ ve helihelĩ le woƒe ve me. Egiptetɔwo na Israelviwo nya anyi tsɔ me anyikpee. Wo zi wo dzi wowɔ agbledɔ vovovowo hã. Wona wowɔ dɔ siawo nublanuimakpɔmakpɔtɔe.
15
Tete Egipte Fiagã la gblɔ na Hebri-vixela siwo ƒe ŋkɔwoe nye Sifra kple Pua la be:
16
Ne miele vi xem na Hebri-nyɔnu aɖe, eye miekpɔ be ŋutsu dzim wòle la, miwu ɖevia; ke nenye nyɔnu dzim wòle la, mina ɖevia natsi agbe.”
17
Gake vixelaawo vɔ̃a Mawu, eya ta womewɔa fia la ƒe sea dzi o; ke boŋ wonana be ŋutsuviawo tsia agbe.
18
Ale Egipte Fiagã yɔ vixelaawo, eye wòbia wo be: “Nu ka ta miena ŋutsuviawo le agbe tsim?”
19
Vixelaawo ɖo eŋu na Egipte Fiagã be: “Hebri-nyɔnuwo mele abe Egipte-nyɔnuwo ene o. Ŋusẽ le wo ŋu ŋutɔ, ale be kasia vixela naɖo Hebri-nyɔnu si le ku lém la gbɔ la, eya ŋutɔ dzi via xoxo.”
20
Ale Mawu wɔ nyui na vixelaawo. Dukɔ la dzi ɖe edzi hesẽ ŋu hã.
21
Esi vixelaawo vɔ̃a Mawu ta la, ena woƒe ƒomewo li ke.
22
Tete Egipte Fiagã de se na eƒe dukɔ blibo la be: “Ne Hebri-nyɔnu dzi ŋutsuvi la, mitsɔ ɖevia ƒu gbe ɖe Nil-tɔsisi me; ke ne edzi nyɔnuvi la, mina ɖevia natsi agbe.”
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40