bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Exodus 9
Exodus 9
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 10 →
1
Azɔ Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Yi Egipte Fiagã la gbɔ, ne nàgblɔ nɛ be Aƒetɔ, Hebritɔwo ƒe Mawu la be: ‘Ɖe asi le nye dukɔ la ŋu, ne woaɖasubɔm.
2
Ne ègbe asiɖeɖe le wo ŋu eye nègalé wo ɖi la,
3
kpɔ ɖa, nye Aƒetɔ, matsrɔ̃ wò lãhawo le gbedzi. Mana dɔléle dziŋɔ nadze wò lãwo katã dzi. Adze sɔwo, tedziwo, kposɔwo, nyihawo, gbɔ̃ kple alẽwo dzi.
4
Ke made vovototo Israelviwo ƒe lãwo kple Egiptetɔwo tɔwo dome ale be Israelviwo ƒe lã aɖeke maku o.’ ”
5
Aƒetɔ ɖo ɣeyiɣi gblɔ be: “Etsɔ nye, Aƒetɔ mawɔ nu sia le anyigba sia dzi.”
6
Esi ŋu ke la, Aƒetɔ wɔ nu si wòbe yeawɔ la. Egiptetɔwo ƒe lãwo katã ku gake Israelviwo tɔ ya ƒe ɖeka gɔ̃ hã meku o.
7
Egipte Fiagã la dɔ ame ɖa; ke wokpɔ be Israelviwo ƒe lãwo ya ɖeka gɔ̃ hã meku o. Gake Egipte Fiagã la gasẽ dzime, eye meɖe asi le dukɔ la ŋu o.
8
Aƒetɔ gblɔ na Mose kple Aron be: “Miɖe kpomedzɔble ɖe asiƒome eye mina Mose nahlẽe ɖe ya me le Egipte Fiagã la ŋkume.
9
Azu abe ʋuʋudedi ene akaka ɖe Egipte-nyigba blibo la dzi, eye wòana ƒoƒoe si me dɔ vɔ̃ le la nate amewo kple lãwo siaa le Egipte-nyigba blibo la dzi.”
10
Woku kpomedzɔble ɖe asiƒome tsɔ va tsi tsitre ɖe Egipte Fiagã la ŋkume. Mose hlẽe ɖe ya me eye wòtrɔ zu ƒoƒoedɔ vɔ̃ te amewo kple lãwo siaa le Egipte-nyigba blibo la dzi.
11
Ƒoƒoea te Egiptetɔwo ƒe dzotɔwo hã abe Egiptetɔ bubuawo ke ene, eye le esia ta la, womete ŋu nɔ te ɖe Mose nu o.
12
Ke Aƒetɔ na Egipte Fiagã la ƒe dzime gasẽ kokoko, eye abe ale si wògblɔ na Mose ene la, Fiagã la meɖo to wo o.
13
Aƒetɔ gagblɔ na Mose be: “Fɔ yi Fiagã la gbɔ etsɔ ŋdi kanya nàɖatsi tsitre ɖe eŋkume agblɔ nɛ be: ‘Aƒetɔ, Hebritɔwo ƒe Mawu la be: Ɖe asi le nye dukɔ ŋu ne woayi aɖasubɔm.
14
Ne ègasẽ to azɔ ya la, mawɔ fu wò ŋutɔ, ŋuwòmewo kple wò dukɔ la vevie bene nànyae be ame aɖeke meli abe nye ene le anyigba blibo la dzi o.
15
Elabe mate ŋu atsɔ dɔ vɔ̃ atsrɔ̃ wò ŋutɔ kple wò dukɔ la ɖa le anyigba dzi xoxoxo hafi.
16
Ke mena nètsi agbe be maɖe nye ŋusẽ afia wò, eye nye ŋkɔ naɖi le anyigba ƒe afi sia afi.
17
Ke ègale dàdam hegbe be yemaɖe asi le nye dukɔ ŋu woadzo o.
18
Eya ta etsɔ ɣe alewo ɣi la, mana tsikpe sesẽ nadza vevie. Tsikpe sia tɔgbe medza kpɔ le Egipte-nyigba dzi tso esime woɖo dukɔa gɔme anyi o.
19
Eya ta na woadi beɖoƒe na wò lãhawo kple wò nu siwo katã le agbleta la. Ame kple lã si tsi gbedzi, eye womele beɖoƒe o la, tsikpe aƒo wo, eye wòaku.’ ”
20
Egipte Fiagã la ŋume siwo Aƒetɔ ƒe nya la tso dzika ƒo na la na woƒe kluviwo kple woƒe lãhawo yi ɖe bebeƒe.
21
Ke esiwo nya la metso dzika ƒo na o la gblẽ wo tɔwo ɖe gbedzi.
22
Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Do asi ɖe dziƒo, ne kpetsi nadza ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi. Nedza ɖe amewo, lãwo kple agblemenuku siwo katã le Egipte-nyigba dzi la dzi.”
23
Mose do eƒe atizɔti la ɖe dziƒo, eye Aƒetɔ na dziɖegbe, tsikpe kple dzo kɔ ɖe anyigba dzi. Aƒetɔ na kpetsi la dza ɖe Egipte-nyigba blibo la dzi.
24
Dzi le gbe ɖem ɖe tsikpe la me atraɖii. Esia tɔgbe medzɔ kpɔ tso esime woɖo Egipte-dukɔ la gɔme anyi o.
25
Kpetsi la gblẽ nu le Egipte-nyigba blibo la katã dzi. Egblẽ nu sia nu le gbedzi, eye wòwu ame kple lãwo siaa. Egblẽ agblemenukuwo eye wòfe gbemetiwo katã.
26
Gake le Gosen-nutome, afi si Israelviwo le ya la, kpetsi aɖeke medza ɖee o.
27
Tete Egipte Fiagã la na woɖayɔ Mose kple Aron vɛ, eye wògblɔ na wo be: “Azɔ ya la, meda vo. Aƒetɔ tɔ dzɔ. Ke nye kple nye dukɔ la tɔ medzɔ o.
28
Miɖaɖe kuku na Aƒetɔ ne wòana dziɖegbe kple kpetsia nu natso, ekema maɖe asi le mia ŋu miadzo; miaganɔ afi sia o.”
29
Mose ɖo eŋu nɛ be: “Ne menyado le dua me ko la, make nye abɔwo me, aƒo koko na Aƒetɔ. Ekema dziɖegbe la nu atso, eye kpetsia hã ake, ne nàtsɔ nya be Aƒetɔ tɔe nye xexea me.
30
Ke wò ŋutɔ kple ŋuwòmewo ya la, menyae be miele Aƒetɔ Mawu la vɔ̃m haɖe o.”
31
(Ɖeti kple mɔli gblẽ le agble dzi elabe mɔli do ku eye ɖeti ƒo se ɣe ma ɣi.
32
Ke naneke mewɔ lu ŋutɔ kple bli ya o, elabe woawo do megbe.)
33
Mose dzo le Egipte Fiagã la gbɔ. Esi wòdo go le dua me la, eke eƒe abɔ me, do gbe ɖa na Aƒetɔ. Tete dziɖegbe la dzudzɔ, kpetsia hã nu tso, eye tsidzadza la megakɔ ɖi o.
34
Esi Egipte Fiagã la kpɔ be tsidzadzaa, kpetsia kple dziɖegbe la dzudzɔ la, egayi nuvɔ̃ wɔwɔ dzi. Eya kple eŋumewo gasẽ dzime.
35
Ale abe ale si Aƒetɔ gblɔ to Mose dzi ene la, egagbe be yemaɖe asi le Israelviwo ŋu woadzo o.
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 10 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40