bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Exodus 15
Exodus 15
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 16 →
1
Ale Mose kple Israelviwo dzi ha sia na Aƒetɔ be: “Madzi ha na Aƒetɔ elabe ewɔ nu dzɔtsuwo; enyrɔ sɔ kple sɔdola ɖe ƒu me.
2
Aƒetɔ nye nye ŋusẽ kple nye ha; eya va zu xɔname nam. Nye Mawue, eya ta makafui. Tɔ́nye ƒe Mawue, eya ta madoe ɖe dzi.
3
Aʋawɔlae nye Aƒetɔ; Aƒetɔ nye eŋkɔ.
4
Etsɔ Egipte Fiagã la ƒe tasiaɖam kple aʋakɔ la ƒu gbe ɖe ƒu me, eye aʋakalẽtɔwo nyrɔ ɖe Aƒlaƒu la me.
5
Tsiɖɔɖɔ gbagba tsyɔ wo dzi eye woyi to abe kpe ene.
6
O Aƒetɔ, wò nuɖusibɔ ƒe ŋusẽ triakɔ la ɖua dzi. O Aƒetɔ, wò nuɖusibɔ sia nètsɔna gbãa futɔwoe gudugudu.
7
Wò gãnyenye manyagblɔ nètsɔna hea ame siwo tsi tre ɖe ŋuwò la ƒua anyi. Èdɔ wò dɔmedzoe helihelĩ la ɖa wòfiã wo abe gbe ƒuƒu ene.
8
Wò ŋɔti me gbɔgbɔ na tsia ƒo kɔ. Tsi tsatsa dzɔ ɖi abe gli ene; ƒu gɔme tsi bla zu kpe.
9
Futɔ ya be: “Mati wo aɖatu wo; mafiti wo, maha aboyonu hafi nye dzi nadze me. Malũ nye yi le aku me eye matsrɔ̃ wo!”
10
Ke wò la, ƒuƒu ko nèɖo; tete ƒu la gbagba tsyɔ wo dzi; woyi to abe tsumi ene ɖe gogloƒe.
11
O Aƒetɔ, ame kae de nuwò le mawuwo dome? Ame kae le abe wò ene, si wotsɔ gãnyenye ɖo atsyɔ̃ na, wòɖi vɔvɔ̃, dze kafukafu eye wòwɔa nukunuwo?
12
Ɖusi ko nèdo ɖa, tete anyigba mi wo.
13
Ève wò dukɔ la nu; nèkplɔ wo eye nèɖe wo. Etsɔ wò ŋusẽ kplɔ wo va ɖo teƒe kɔkɔe la.
14
Dukɔwo see eye dzidzi ƒo wo; Filistitɔwo le ƒoƒom tititi.
15
Edom-fiawo ɖi vo; Moab-megãwo dzo nyànyanya; Kanaanitɔwo katã lulu.
16
Vɔvɔ̃ kple ŋɔdzi lé wo. Wò ŋusẽ triakɔ la na wodze ti abe kpe ene, va se ɖe esime wò dukɔ si nèxɔ ƒle la to wo dome yi!
17
Àkplɔ wò dukɔ vɛ eye àtsɔ wo aɖo to si nye wò ŋutɔ tɔwò la dzi; O Aƒetɔ, teƒe si nèdzra ɖo be yeanɔ, O Aƒetɔ, kɔkɔeƒe si wò ŋutɔ nètsɔ wò asi ɖo anyii.
18
Aƒetɔ aɖu fia tegbetegbee.”
19
Elabe esi Egipte Fiagã ƒe sɔwo, eƒe tasiaɖamwo kple sɔdolawo ɖo ƒua me la, Aƒetɔ na tsi la tsyɔ wo dzi. Ke Israelviwo ya zɔ ƒuƒuiƒe to ƒua me do.
20
Tete Aron nɔvinyɔnu Miryam, Mawu ƒe gbeƒãɖela tsɔ axatsɛ eye nyɔnuwo katã hã tsɔ axatsɛwo kplɔe ɖo le ɣe ɖum.
21
Miryam do ha ɖa be: “Midzi ha na Aƒetɔ elabe eɖu dzi nukutɔe; ede sɔ kple sɔdola ƒu.”
22
Emegbe Mose na Israel zɔ mɔ tso Aƒlaƒu la nu yi Sur-gbedadaƒo. Wozɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe mɔ le gbedadaƒo gake womekpɔ tsi aɖeke o.
23
Wova ɖo Mara; ke tsi si le afi ma la vena, eya ta womete ŋu noe o. Eya ta woyɔa teƒea be “Mara”.
24
Dukɔ la lĩ Mose ŋu be: “Afi ka míakpɔ tsi le ano?”
25
Mose do ɣli yɔ Aƒetɔ, eye Aƒetɔ fia ati aɖee. Esi wòtsɔ ati la da ɖe tsia me la, tsia trɔ zu tsi nyui. Afi mae Aƒetɔ na se kple ɖoɖo Israelviwo le. Afi mae wòdo wo kpɔ le.
26
Egblɔ be: “Ne èɖo to Aƒetɔ, wò Mawu la, eye nèwɔ nu si dzea Mawu ŋu, ne èlea fɔ ɖe eƒe sewo ŋu eye nèwɔa eƒe ɖoɖowo katã dzi la, nyemahe fukpekpe siwo katã mehe va Egiptetɔwo dzi la ƒe ɖeke ava dziwò o, elabe nyee nye Aƒetɔ, wò dɔyɔla.”
27
Emegbe wova ɖo Elim, teƒe si tsidzɔƒe wui eve kple deti bla adrẽ le, eye woƒu asaɖa anyi ɖe afi ma, le tsia gbɔ.
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 16 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40