bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Exodus 30
Exodus 30
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 29
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 31 →
1
“Tsɔ xé wɔ vɔsamlekpui si dzi woado lifidzudzɔ ɖo.
2
Eƒe didime nanye sentimeta bla ene vɔ atɔ̃, kekeme hã sentimeta bla ene vɔ atɔ̃; dzogoe sɔsɔe ene nanɔ esi eye eƒe kɔkɔme nanye sentimeta bla asieke. Vɔsamlekpuia kple eƒe dzoawo katã nanye nu blibo ɖeka.
3
Fa sika nyuitɔ ɖe eŋu katã; etame, ekɔgo kple eƒe dzoawo ŋu, eye nàtsɔ sika do atsiã ɖe eŋu kpe ɖo.
4
Wɔ sikasigɛ eveve ɖe eƒe axa eveawo dzi, ɖe atsiãdodo la te, bene woaƒo kpo ɖe eme akɔe.
5
Tsɔ xé kpa kpoawo, eye nàfa sika ɖe wo ŋu.
6
Tsɔ vɔsamlekpui sia ɖo xɔmetsovɔ, si megbe nubablaɖaka si dzi wotsyɔ nui la, le la ŋgɔ. Afi siae mado go wò le.
7
Aron nanɔ dzo tɔm lifi si ʋẽna lílili la le edzi. Ŋdi sia ŋdi, ne edzra akaɖiawo ɖo vɔ la, netɔ dzo lifi le edzi,
8
eye le fiẽ me, ne esi akaɖiawo vɔ la, negatɔ dzo lifi le edzi. Esia nanye lifidzudzɔvɔsa le Aƒetɔ ŋkume le miaƒe dzidzimewo katã me.
9
Migatsɔ lifi makɔmakɔ aɖeke va edzi o; migatsɔ numemevɔsa alo nuɖuɖuvɔsa bubu aɖeke hã va edzi o, eye migakɔ nunonovɔsa hã ɖe edzi o.
10
Aron natsɔ nuvɔ̃ vɔsalã si nye avulénu la ƒe ʋu aɖe nuvɔ̃ ɖa le eƒe dzowo ŋu, zi ɖeka le ƒè ɖeka me. Awɔ nu sia ƒè sia ƒè tso dzidzime yi dzidzime; nu kɔkɔetɔ kekeake wònye na Aƒetɔ.”
11
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
12
“Ne èle Israel-dukɔa me tɔwo xlẽm la, ekema ame ɖe sia ɖe naxe fe ɖe eƒe agbe ta na Aƒetɔ, ne èxlẽ wo, be dɔ vɔ̃ɖi aɖeke magaɖo wo dome, esi woxlẽ wo la ta o.
13
Ame sia ame si woxlẽ la dometɔ ɖe sia ɖe nadzɔ klosalo ga afã ɖe kɔkɔeƒe la ƒe nudzidze nu. Gera bla eve wɔa klosalo ɖeka. Woadzɔ klosalo ga afã na Aƒetɔ.
14
Ame sia ame si woxlẽ eye wòxɔ ƒe bla eve alo wu nenema la, nadzɔ nu na Aƒetɔ.
15
Kesinɔtɔ mana wu o, eye ame dahe maɖe le edzi o; klosalo afãafã ame ɖe sia ɖe adzɔ na Aƒetɔ ɖe eƒe agbe ta.
16
Nàzã ga si Israel-dukɔa me tɔwo na ɖe woƒe agbe ta ɖe godoƒegbadɔ la ƒe dɔ ŋu, bene wòanye ŋkuɖodzinu kple avulénu na Israel-dukɔ la le Aƒetɔ ŋkume.”
17
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
18
“Tsɔ akɔbli wɔ tsileze, eye nàtsɔ akɔbli ke aɖo zɔ ɖe egɔme. Dae ɖe godoƒegbadɔ la kple vɔsamlekpui la domee eye nàku tsi ɖe eme.
19
Aron kple via ŋutsuwo atsɔe aklɔ asi kple afɔe.
20
Ne wole godoƒegbadɔ la me yi ge alo ne wole tete ge ɖe vɔsamlekpui ŋu asubɔ, asa dzovɔ na Aƒetɔ la, ele be woale tsi; ne menye nenema o la, woaku.
21
Ele be woaklɔ asi kple afɔ, ne menye nenema o la, woaku. Esia nanye ɖoɖo si dzi woawɔ tegbee; enye ɖoɖo na eya ŋutɔ kple eƒe dzidzimeviwo gɔ̃ hã le woƒe dzidzimewo katã me.”
22
Gawu la, Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
23
“Tsɔ atike ʋeʋẽe nyuitɔ siwo ʋẽna lílilĩ siwo nye: lifi lãhɛtɔ kilo ade, botsyo kilo etɔ̃, gbekee kilo etɔ̃,
24
kotoklobo kilo ade, wo katã ɖe kɔkɔeƒe la ƒe nudzidze nu eye nàku ami lita ene kɔ ɖe wo dzi.
25
Tsɔ wo wɔ ami kɔkɔe lae abe ale si ami ʋeʋẽe ɖalawo wɔna la ene; ami kɔkɔe si woasi na nu wòanye.
26
Sii na godoƒegbadɔ la, nubablaɖaka la,
27
kplɔ̃ la kple eŋu nuwo katã, akaɖiti la kple eŋu nuwo katã, lifivɔsamlekpui la,
28
numemevɔsamlekpui la kple eŋu nuwo katã kple tsileze la kple eƒe zɔ hã.
29
Kɔ wo ŋuti be woazu nu kɔkɔetɔwo kekeake, ale be nu sia nu si aka wo ŋu la, nazu kɔkɔe.
30
Si ami na Aron kple via ŋutsuawo nam, awɔ wo kɔkɔe, be woasubɔm abe nunɔlawo ene.
31
Gblɔ na Israelviwo be: ‘Esia anye nye ami kɔkɔe si woasi na nu le miaƒe dzidzimewo katã me.
32
Womasii na ame ɖe sia ɖe o, eye womawɔ etɔgbe hã o; ele kɔkɔe eye wòanye nu kɔkɔe na mi.
33
Ne ame aɖe wɔ ami sia ƒomevi alo sii na ame aɖe si mele be woasii na hafi o la, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔmetɔwo dome.’ ”
34
Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Tsɔ atike siwo ʋẽna lililĩ siwo nye: lifi lãhɛtɔ, ƒumebɔbɔgo kple atimitsi ƒomevi vovovowo ƒo ƒu; ɖeke negasɔ gbɔ wu nɔvia o.
35
Tsɔ wo wɔ lifidzudzɔdonui abe ale si ami ʋeʋẽe wɔlawo wɔnɛ ene. De dze eme be wòadza anɔ kɔkɔe.
36
Tu eƒe sue aɖe memee eye nàtsɔe da ɖe nubablaɖaka la ŋgɔ le agbadɔ la me, afi si mado go wò le. Nu kɔkɔetɔ kekeake wòanye na mi.
37
Migawɔ lifidzudzɔdonu si miawɔ la tɔgbe aɖeke na mia ɖokui o, ke boŋ miabui nu kɔkɔe na Aƒetɔ.
38
Ame sia ame si awɔ etɔgbe be yeawɔ eŋudɔ abe ami ʋeʋẽe ene la, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔmetɔwo dome.”
← Chapter 29
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 31 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40