bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Exodus 25
Exodus 25
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 24
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 26 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
2
“Gblɔ na Israelviwo be woadzɔ nu nam. Mixɔ nudzɔdzɔ le ame sia ame si lɔ̃ tso eƒe dzime be yeana num faa la si nam.
3
Nu siwo miaxɔ la woe nye: sika, klosalo, akɔbli,
4
aɖabɛ blɔtɔ ƒe ka, aɖabɛ dzẽ ƒe ka, ka dzẽ, ka ɣi, gbɔ̃fu,
5
agbogbalẽ si wode ama dzẽ, gbɔ̃gbalẽ zɔzrɔ̃e, xeti,
6
akaɖimemi, ami ʋeʋẽe, atike ʋeʋẽe si wotɔa dzoe,
7
sohamkpe kple kpe xɔasi bubu siwo woatsɔ aɖo atsyɔ̃ na nunɔlagã ƒe kɔmewu kple akɔtaɖonu.
8
Na woawɔ kɔkɔeƒe nam be mava nɔ wo dome.
9
Ale si mefia agbadɔla ƒe tutume kple nunɔdzi siwo katã anɔ eme la wɔwɔ wòe la, miawɔ wo nenema tututu.
10
“Woatsɔ xeti akpa aɖakae. Aɖakaa ƒe didime nanye sentimeta alafa ɖeka kple ewo, eƒe kekeme nanye sentimeta bla ade vɔ ade, eye eƒe kɔkɔme hã nanye bla ade vɔ ade.
11
Fa sika nyuitɔ ɖe eme kple ekɔgo siaa, eye nàtsɔ sika nyuitɔ do atsiã ɖe eto kpe ɖo.
12
Eyome nàkɔ sikasigɛ ene, eye nàklã wo ɖe eƒe dzogoe eneawo ŋu: eve nanɔ akpa ɖeka, eye eve hã nanɔ akpa evelia.
13
Azɔ nàtsɔ xeti akpa kpo eve eye nàfa sika ɖe wo ŋu.
14
Nàtsɔ kpoawo ƒo ɖe asigɛawo me ne woatsɔ wo akɔ aɖaka lae.
15
Kpoawo natsi asigɛawo me le aɖakaa ŋu; womaɖee le asigɛawo me o.
16
Mlɔeba nàtsɔ ɖaseɖiɖi si tsɔ ge mele na wò la ade aɖaka la me.
17
Tsɔ sika nyuitɔ nàwɔ nutuvi na aɖaka la. Nutuvia ƒe didime nanye sentimeta alafa ɖeka kple ewo, eye eƒe kekeme nanye sentimeta bla ade vɔ ade.
18
Nàtsɔ sika awɔ kerubi eve eye woanɔ nutuvia ƒe nugbɔ eveawo.
19
Kɔ kerubi ɖeka ɖe akpa ɖeka, eye nàkɔ evelia ɖe akpa evelia. Nàwɔ kerubiawo kple nugbɔawo ɖekae.
20
Na kerubiawo nakeke woƒe aʋala me do ɖe dzi ale be aʋalaawo nabi ɖe nutuvia dzi. Woadze ŋgɔ wo nɔewo, eye woade mo to ɖe nutuvia dzi.
21
Nàtsɔ se siwo mele tsɔtsɔ ge na wò la ade aɖaka la me, eye nàtsɔ nutuvia atu enu.
22
Kerubi eve siwo le nubablaɖakaa tame la domee maɖe ɖokuinye afia wò le, eye afi mae magblɔ gbedeasi siwo katã wòle be nàxɔ ayi na Israelviwo la le na wò.
23
“Emegbe tsɔ xe nàkpa kplɔ̃. Kplɔ̃a ƒe didime nanye sentimeta bla enyi vɔ enyi, eƒe kekeme nanye sentimeta bla ene vɔ ene, eye eƒe kɔkɔme nanye sentimeta bla ade vɔ ade.
24
Fa sika nyuitɔ ɖe eŋu, eye nàtsɔ sika do atsiã ɖe eŋu akpe ɖo.
25
Na to nanɔ eŋu akpe ɖo; to la nakeke sentimeta bla adrẽ vɔ atɔ̃, eye nàtsɔ sika wɔ atsiã ɖe eya hã ŋu akpe ɖo.
26
Tsɔ sika wɔ asigɛ ene, nàklã ɖekaɖeka ɖe kplɔ̃a ƒe afɔti eneawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu.
27
Asigɛawo nete ɖe kplɔ̃a to ŋu, ale be woate ŋu ade kpo wo me atsɔ kɔ kplɔ̃ lae.
28
Tsɔ xe nàkpa kpo didi eve, eye nàfa sika ɖe wo ŋu; woawoe woatsɔ kɔ kplɔ̃ lae.
29
Azɔ nàtsɔ sika nyuitɔ awɔ kplɔ̃a dzi nuwo: agba gbadzɛwo, ametagbɛvi siwo me woanɔ lifi kɔm ɖo, kpluwo kple kplu siwo ŋudɔ woawɔ aƒo tsi ɖii.
30
Tsɔ vɔsabolo da ɖe kplɔ̃a dzi le ŋkunye me ɣe sia ɣi.
31
“Tsɔ sika nyuitɔ nàwɔ akaɖitii. Afɔ nenɔ akaɖitia gɔme eye eƒe titinati, kɔ́ siwo le titinatia ŋu, eƒe alɔwo kple seƒoƒowo katã nanye nu blibo ɖeka ado tso sika la me.
32
Alɔ ade nenɔ titinatia ŋu. Etɔ̃ nanɔ eƒe axa ɖeka, eye etɔ̃ nanɔ evelia hã.
33
Seƒoƒo etɔ̃ kple wo tameɖonuwo nanɔ alɔ ɖeka ŋuti, eye seƒoƒo etɔ̃ kple woƒe tameɖonuwo nanɔ alɔ evelia ŋuti. Alea woanɔ alɔ ade siwo le akaɖitia ŋu la ŋuti akpe ɖo.
34
Seƒoƒo ene kple wo tameɖonuwo nanɔ atia ŋutɔ ŋuti.
35
Seƒoƒo ɖeka kple etameɖonu nanɔ alɔ eveve kpeƒe le ati la ŋu.
36
Kɔawo nawɔ ɖeka ɖe atia ŋu; sika nyuitɔ woatsɔ tu akaɖiti blibo lae.
37
Eyome nàwɔ akaɖi adrẽ ada ɖe wo dzi eye woabi do ɖe ŋgɔgbe.
38
Tsɔ sika nyuitɔ nàwɔ ɖovulãnuwo kple ganu suewoe.
39
Woatsɔ sika nyuitɔ kilo bla etɔ̃ vɔ atɔ̃ atu akaɖitia kple eŋu nuawo katãe.
40
Kpɔ egbɔ be woanɔ tututu abe ale si wofia wò le toa dzi la ene.
← Chapter 24
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 26 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40