bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Exodus 5
Exodus 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 6 →
1
Emegbe Mose kple Aron woyi Egipte Fiagã la gbɔ ɖagblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, Israel Mawu be: “Ɖe asi le nye dukɔ ŋu ne woaɖaɖu ŋkekenyui nam le gbedadaƒo.”
2
Ke Egipte Fiagã la ɖo eŋu be: “Ame kae nye Aƒetɔ ta maɖo toe, aɖe asi le Israelviwo ŋu woayi? Nyemenya Aƒetɔ la o, eye nyemaɖe asi le Israelviwo ŋu woayi o.”
3
Mose kple Aron gagblɔ nɛ be: “Hebritɔwo ƒe Mawu la ɖe eɖokui fia mí. Ɖe mɔ na mí ne míazɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe mɔ ayi gbedadaƒo aɖasa vɔ na Aƒetɔ, mía Mawu la, ne menye nenema o la, adze mía dzi kple dɔ vɔ̃ loo, alo awu mí kple yi.”
4
Ke Egipte-fia la ɖo eŋu na wo be: “Mose kple Aron, nu ka ŋuti miele didim be yewoana Israelviwo nagblẽ woƒe dɔdeasiwo ɖi adzo? Mitrɔ yi miaƒe dɔ sesẽ la wɔwɔ dzi.”
5
Egipte Fiagã la gblɔ be: “Azɔ esi ameawo sɔ gbɔ ɖe edzi le anyigbaa dzi ale hafi miebe woadzudzɔ woƒe dɔ sesẽa wɔwɔa?”
6
Gbe ma gbe ke la, fia la de se na kluviwo dzikpɔlawo kple wo nunɔlawo be:
7
“Tso azɔ heyi, migana gbe Israelviwo woade anyi me amè anyikpeawoe o. Woawo ŋutɔ naɖadi gbe amè anyikpe lae.
8
Ke kpe ale sinu womèna tsã la ke koe wòle be woamè. Migaɖe le edzi kura o. Kuvia wɔm wole ta wole ɣli dzi be: ‘Na míayi aɖasa vɔ na mía Mawu.’
9
Mizi wo dzi eye mite wo ɖe anyi ne woagawɔ dɔ sesĩe, ekema womaɖo to alakpanya mawo o.”
10
Tete kluviwo dzikpɔlaawo kple woƒe dɔnunɔlawo do yi ɖagblɔ na Israelviwo be: “Egipte Fiagã la be yemegale gbe na ge mi miatsɔ amè anyikpe la azɔ o.
11
Miawo ŋutɔ miyi ɖadi gbe le afi sia afi si miakpɔe le la amèe. Ke kpe ale sinu miemèna tsã la ke koe miagamè. Womaɖe ɖeke le dzi o.”
12
Ale Israel-dukɔ blibo la kaka ɖe Egipte-nyigba la katã dzi hele gbe dim.
13
Ke kluviwo dzikpɔlaawo yɔa ʋu ɖe wo te gblɔna be: “Dɔa netsɔ! Gbe sia gbe ƒe dɔ si miewɔna tsã, esi wonaa gbe mi la kee wòle be miawɔ.”
14
Ne anyikpeawo mede o la, Egipte Fiagã ƒe dɔdzikpɔlawo ƒoa Israelvi siwo nye dɔnunɔlawo eye wobiaa wo be: “Nu ka ta anyikpeawo mede xexlẽme xoxoa nu egbe o?”
15
Azɔ Israelvi dɔnunɔlawo yi ɖafa konyi na Egipte Fiagã gblɔ be: “Nu ka ta nèle mí, wò dɔlawo wɔm ale?
16
Womegale gbe na mí o, gake ɣe sia ɣi ko wole gbɔgblɔm nam mí be ‘Mimè anyikpe! Mimè anyikpe’ eye woƒoa mí gɔ̃, evɔ wò amewo gbɔ boŋue vodada la tso.”
17
Ke fia la ɖo eŋu na wo be: “Kuviatɔwo! Alɔgblɔdɔwɔlawo mienye, eya ta miele biabiam be: ‘Ɖe mɔ na mí ne míayi aɖasa vɔ na Aƒetɔ.’
18
Midzo yi kaba miaɖawɔ dɔ! Womana gbe aɖeke mi o. Ke ele be miamè anyikpe xexlẽme si woɖo na mi la kokoko.”
19
Esesẽ ŋutɔ na Israelvi dɔdzikpɔlawo be woaɖagblɔ na wo tɔwo be womekpɔ mɔ aɖe le anyikpe xexlẽme si woɖo na wo be woamè gbe sia gbe la dzi o.
20
Esime wodzo le Egipte Fiagã la gbɔ la, wodo go Mose kple Aron siwo nɔ wo lalam.
21
Wogblɔ na wo be: “Aƒetɔ nelé ŋku ɖe mia ŋu ne wòadrɔ̃ ʋɔnu kpli mi, elabe miena Egipte Fiagã la kple eŋumewo lé fu mí vevie. Miede yi asi na wo be woawu mí.”
22
Tete Mose gatrɔ ɖe Aƒetɔ ŋu eye wò gblɔ be: “Aƒetɔ, nu ka ta nèhe vɔ̃ va dukɔ sia dzi? Nu ka koŋ ta nèdɔm ɖa ya?
23
Elabe tso esime meva Egipte Fiagã la gbɔ va ƒo nu le wò ŋkɔ me la, ɖeko wògale ŋuta sẽm le wò dukɔ la ŋu wu. Ke wò la, mèɖe wò dukɔ la kura o.”
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40