bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Exodus 40
Exodus 40
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 39
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
1
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
2
“Le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, nàtu nɔƒe si nye takpeƒe la.
3
Tsɔ nubablaɖaka si me ɖaseɖeɖi la le da ɖe eme, eye nàtsɔ xɔmetsovɔ la xe aɖaka la ŋkume.
4
Tsɔ kplɔ̃ la va da ɖe eme, eye nàɖo nuwo ɖe ɖoɖo nu ɖe edzi. Kɔ akaɖiti la va eme, eye nàfɔ akaɖigbɛawo aɖo edzi.
5
Tsɔ sikavɔsamlekpui si dzi woado lifi dzudzɔ ɖo la da ɖe nubablaɖaka la ƒe ŋgɔdze, eye nàtsɔ avɔ atu agbadɔ la ƒe mɔ nu.
6
Tsɔ numemevɔsamlekpui la da ɖe nɔƒe la si nye takpeƒe la ƒe ʋɔtrua ŋgɔ.
7
Tsɔ tsileze la da ɖe takpeƒe la kple vɔsamlekpui la dome eye nàku tsi ɖe eme.
8
Tɔ kpɔ ƒo xlãe godoo va kpe, eye nàtsɔ avɔ tu xɔxɔnua ƒe agbo la nu.
9
Eyome tsɔ amisinanu la nàsi na agbadɔ la kple nu siwo katã le eme, eye nàkɔ eya ŋutɔ kple eme nunɔdziwo katã ŋu be woazu kɔkɔe.
10
Si ami na numemevɔsamlekpui la kple eŋu nuwo katã hã.
11
Si ami na tsileze la kple eƒe zɔ la, eye nàkɔ eŋu.
12
Emegbe na Aron kple via ŋutsuwo nava takpeƒea ƒe mɔ nu eye nàle tsi na wo.
13
Na Aron nado awu kɔkɔeawo, eye nàsi ami nɛ, awɔe kɔkɔe be wòazu nunɔla asubɔm.
14
Eyome kplɔ via ŋutsuwo vɛ eye nàdo awu na wo.
15
Si ami na wo abe ale si nèsii na wo tɔ́ ene, be woazu nunɔlawo asubɔm. Ami sisi sia anye dzesi na wo kple woƒe dzidzimeviwo be nunɔladɔ la zu wo tɔ tegbee.
16
Mose wɔe pɛpɛpɛ. Ale si Aƒetɔ gblɔ nɛ la, nenema wòwɔ.
17
Le ƒè evelia ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔa gbe la, wotu nɔƒe la.
18
Mose tu nɔƒe la. Efɔ afɔawo da ɖi, eye wòtsɔ ʋɔtrutiawo de wo me. Etu kpoawo eye wòtu sɔtiawo hã.
19
Ekeke agbadɔvɔ ɖe nɔƒe la dzi, eye wòtsyɔ nu edzi abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene.
20
Etsɔ ɖaseɖiɖi la de aɖaka la me, eye wòde kpoawo aɖaka la ŋu. Eyome etsɔ amenuvezikpui la da ɖe aɖaka la tame.
21
Ekɔ aɖaka la va nɔƒe la, eye wòtsɔ xɔmetsovɔ la xe nubablaɖaka la ŋkume abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene.
22
Etsɔ kplɔ̃ da ɖe takpeƒe la me, le nɔƒe la ƒe dzigbemekpa dzi, le xɔmetsovɔ la ŋgɔ,
23
eye wòtsɔ abolo da ɖe edzi le Aƒetɔ ŋkume, abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene.
24
Eyome etsɔ akaɖiti la da ɖe takpeƒe la me le kplɔ̃ la kasa le nɔƒe la ƒe anyigbemekpa dzi,
25
eye wòfɔ akaɖigbɛawo ɖo edzi le Aƒetɔ ŋkume, abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene.
26
Etsɔ sikavɔsamlekpui la da ɖe takpeƒe la me, le xɔmetsovɔ la ŋgɔ,
27
eye wòdo lifidzudzɔ ɖe edzi abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene.
28
Emegbe etsɔ avɔ la tu agbadɔ la nu.
29
Etsɔ numemevɔsamlekpui la da ɖe nɔƒe si nye takpeƒe la ŋgɔ, eye wòmè numemevɔsa hewɔ nuɖuɖuvɔsa le edzi, abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene.
30
Etsɔ tsileze la da ɖe takpeƒe la kple vɔsamlekpui la dome, eye wòku tsi si woale la ɖe eme.
31
Mose kple Aron kple via ŋutsuwo tsɔe klɔ woƒe asiwo kple afɔwo.
32
Ne wole gege ge ɖe godoƒegbadɔ la me alo wole tete ge ɖe vɔsamlekpui la ŋu la, wolea tsi, abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene.
33
Etɔ kpɔ ƒo xlã nɔƒe la kple vɔsamlekpui la godoo va kpe, eye wòtsɔ avɔ la tu xɔxɔnu la ƒe agbo la nu. Ale Mose wu dɔ la nu.
34
Tete alilikpo tsyɔ godoƒegbadɔ la dzi, eye Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe yɔ agbadɔ la taŋ.
35
Ke Mose mete ŋu ge ɖe godoƒegbadɔ la me o, elabe alilikpo la tsyɔ edzi, eye Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe yɔ nɔƒe la taŋ.
36
Le Israelviwo ƒe mɔzɔzɔ la katã me la, ne alilikpo la ho tso agbadɔ la dzi la, woawo hã hona yia ŋgɔ.
37
Ne alilikpo la meho o la, woawo hã mehona o, va se ɖe gbe si gbe wòaho hafi woawo hã naho.
38
Elabe le woƒe mɔzɔzɔ katã me la, Aƒetɔ ƒe alilikpo la nɔ nɔƒe la dzi le ŋkeke me, eye le zã me la, dzo nɔa eme wòdzena Israel-dukɔ blibo la kpɔna.
← Chapter 39
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40