bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Exodus 28
Exodus 28
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 27
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 29 →
1
“Azɔ ɖe nɔviwò ŋutsu Aron kple via ŋutsuwo, Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar, le Israelviwo dome te ɖe ɖokuiwò ŋu ne woazu nunɔlawo asubɔm.
2
Na woatɔ nunɔlawuwo na nɔviwò Aron. Ele be woanye awu siwo nyakpɔ eye woade bubu eŋu.
3
Yɔ ame siwo katã ŋu ŋutete le, ame siwo mede aɖaŋu tagbɔ na la ƒo ƒu ne woatɔ Aron ƒe awuawo be woaɖo eyama nunɔla nam.
4
Awu vovovo siwo woatɔ la woe nye: akɔtaɖonu, kɔmewu, dziwui, awutewui ʋlaya, tablanu kple alidziblanu. Woatɔ nunɔlawu siawo na nɔviwò Aron kple via ŋutsuawo, be woazu nunɔlawo asubɔm.
5
“Awuawo tɔlawo natsɔ lãfuka blɔtɔ, hẽtɔ kple dzẽtɔ, sikaka kple awuvɔ biɖibiɖi atɔ woe.
6
“Aɖaŋuvɔlɔ̃lawo natsɔ aɖabɛ blɔtɔ, hẽtɔ kple dzẽtɔ sikaka kple avɔ biɖibiɖi alɔ̃ kɔmewu eye woado atsiã ɖe eto kple sikaka.
7
Abɔtaka eve nanɔ eŋu, esiwo woasa be awua nakpe.
8
Woatsɔ avɔ ma ke si wotsɔ sikaka, aɖabɛ blɔtɔ kple dzẽtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple atitsroka totro lɔ̃ la ƒomevi awɔ akɔtagbanu ɖe kɔmewua ŋu.
9
Emegbe tsɔ sohamkpe eve nàɖe Israel viŋutsuwo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi.
10
Nàɖe ŋkɔ ade ɖe ɖeka dzi, ade ɖe evelia hã dzi. Ŋkɔwo nava ɖe ale si wodzɔ ɖe wo nɔewo yomee la nu.
11
Na kpekpala nakpa kpeawo, ŋkɔɖelawo naɖe ŋkɔawo ɖe wo dzi, eye woawɔ sika ɖe ŋkɔa wo ŋu akpe ɖo.
12
Azɔ nàlé kpe eveawo ɖe kɔmewu la ƒe abɔtawo hena ŋkuɖoɖo Israel viŋutsuawo dzi. Ekema woƒe ŋkɔawo anɔ Aron ƒe abɔta eveawo nenema le Aƒetɔ ŋkume, abe dzesi ene hena ŋkuɖoɖo wo dzi.
13
Nàtsɔ sikaka aƒo gboe.
14
Nàtsɔ ka si wogbe kple sika nyuitɔ la awɔ kɔsɔkɔsɔ eve, eye nàtɔ kɔsɔkɔsɔawo ɖe gboawo ŋu.
15
“Wɔ akɔtaɖonu si anye nyametsonu. Wɔ nyametsotso akɔtaɖonu sia kple aɖaŋu si nètsɔ wɔ kɔmewu lae. Wɔ atsiã ɖe eya hã to abe ale si nèwɔe ɖe kɔmewua to ene.
16
Nàwɔe ɖe dzogoe ene me, eye nàŋe eme ɖe eve. Eƒe didime kple kekeme nasɔ; ɖe sia ɖe nanye sentimeta bla eve vɔ eve.
17
Nàɖo kpe xɔasiwo ɖe eŋu ɖe agbaka ene me. Agbaka gbãtɔ nanye karneol, topas kple smaragd;
18
agbaka evelia nanye rubin, safir kple oniks;
19
agbaka etɔ̃lia nanye ligurio, axat kple ametist,
20
eye agbaka enelia nanye krisolit, soham kple yaspis. Woatsɔ sika aƒo fefeka ɖe wo ŋu godoo akpe ɖo.
21
Kpeawo nanɔ wui eve ɖe Israel viŋutsuawo nu. Ŋkɔɖelawo naɖe woƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi, kpe ɖeka ŋkɔ ɖeka, be woanye Israel-to wui eveawo ƒe dzesi.
22
Tsɔ ka si wogbe kple sika nyuitɔ la wɔ kɔsɔkɔsɔwo ɖe akɔtaɖonu la ŋu.
23
Azɔ nàtu sikasigɛ eve na akɔtaɖonu la, eye nàtɔ asigɛ eveawo ɖe akɔtaɖonu la ƒe dzogoe eve dzi,
24
eye nàde sikakɔsɔkɔsɔ eveawo asigɛawo me le akɔtaɖonu la ƒe dzogoeawo dzi.
25
Eyome nàde kɔsɔkɔsɔ eveawo ƒe nu eveawo gbo eveawo ŋu, eye nàtɔ gboawo ɖe kɔmewu la ƒe abɔtawo le ŋgɔ.
26
Azɔ nàtu sikasigɛ eve, eye natɔ wo ɖe akɔtaɖonu la ƒe dzogoe eve mamlɛawo dzi le eme gome, be woadze akɔgbanu la dzi.
27
Emegbe nàgatu sikasigɛ eve, eye nàtɔ wo ɖe kɔmewu la ƒe abɔtawo to le ŋgɔ, afi si woɖe kɔme nɛ ɖo, le akɔgbanu la ƒe dziƒo gome.
28
Woagbe aɖabɛ blɔtɔ ƒe ka asa ɖe asigɛ siwo le akɔtaɖonu la ŋuti la ŋu ahade asigɛ siwo le kɔmewua ŋuti la me, ale be akɔtaɖonu la manɔ ʋaʋãm o, eye wòanɔ akɔgbanu la dzi.
29
Ale ne Aron yi kɔkɔeƒea la, Israel viŋutsuawo ŋkɔwo nanɔ eƒe dzi dzi le akɔtaɖonu si nye nyametsonu la dzi hena ŋkuɖoɖodzi le Aƒetɔ ŋkume tegbee.
30
Tsɔ Urim kple Tumim de akɔtaɖonu si nye nyametsonu la me be ne Aron yi Aƒetɔ ŋkume la, wòanɔ eƒe dzi dzi. Ele be Israelviwo ƒe nyametsonu la nanɔ Aron ƒe akɔta edziedzi ne wòle Aƒetɔ ŋkume.
31
Emegbe nàtsɔ aɖabɛ blɔtɔ ƒe ka ɖeɖe alɔ̃ dziwui si dzi woado kɔmewu la ɖo.
32
Woaɖe kɔme nɛ ɖe titina, afi si woaƒo ta ɖo eye woaƒo kɔme la to akpe, be magadze o.
33
Eyome nàtsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kpakple ka dzẽ awɔ yevuboɖawo ɖe awu la to godoo ava kpe, eye woatsɔ sika awɔ nyawowoewo ɖe wo domee.
34
Sikanyawowoe ɖeka yevuboɖa ɖeka, sikanyawowoe ɖeka yevuboɖa ɖeka; alea woanɔ dziwui la to godoo ava kpee.
35
Woanɔ Aron ŋu, ne ele subɔsubɔm, eye woanɔ ɖiɖim woase, ne eyi kɔkɔeƒe la le Aƒetɔ ŋkume alo wòdo go, ne menye nenema o la, aku.
36
“Tsɔ sika nyuitɔ wɔ kpe gbadzɛ aɖe eye woaŋlɔ nu ɖe edzi abe ale si woŋlɔa ŋkɔdzesi ene be ‘Ele kɔkɔe na Aƒetɔ.’
37
Tsii ɖe aɖabɛ blɔtɔ ƒe ka ŋuti le tablanu la ŋu le ŋgɔ.
38
Anɔ Aron ƒe ŋgonu, ale Aron axɔ fɔɖiɖi siwo anɔ Israelviwo ƒe nunana siwo ŋu wokɔ ŋu la aɖo eɖokui dzi. Anɔ eƒe ŋgonu ɖaa bene woƒe nunanawo nadze Aƒetɔ ŋu.
39
“Tsɔ avɔ biɖibiɖi nyuitɔ tɔ awutewui ʋlaya la, atsɔ wɔ tablanu la hãe eye woatsɔ abui awɔ alidziblanu la ŋɔŋɔe ŋɔŋɔe.”
40
“Azɔ nàlɔ̃ awutewui ʋlaya, alidziblanu kple tablanu na Aron viŋutsuawo bene wòade bubu wo ŋu, eye wòaɖo atsyɔ̃ na wo.
41
Do nu siawo na nɔviwò ŋutsu Aron kple via ŋutsuawo, eyome nàsi ami na wo aɖo wo, akɔ wo ŋu bene woazu nunɔlawo asubɔm.
42
Nàtɔ agbotɛ ɣi siwo nadidi tso alime ava se klonu la na wo bene woƒe ama me nagadze o.
43
Aron kple via ŋutsuawo nado wo hafi ayi ɖe agbadɔ si me Aƒetɔ ɖea eɖokui fiana le la. Ele na wo hã be woado wo hafi ate ɖe vɔsamlekpui la ŋu, awɔ subɔsubɔdɔ le kɔkɔeƒe la ne woagaɖi fɔ eye woaku o. Esia nanye ɖoɖo na eya ŋutɔ kple eƒe dzidzimeviwo tegbee.
← Chapter 27
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 29 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40