bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Exodus 35
Exodus 35
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 34
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 36 →
1
Mose yɔ Israelviwo ƒe ha blibo la ƒo ƒu eye wògblɔ na wo be: “Se siwo Aƒetɔ de be miazɔ ɖe wo nu la woe nye esiawo:
2
Miwɔ dɔ ŋkeke ade, ke ŋkeke adrẽlia nye dzudzɔgbe; ele kɔkɔe eye wònye Aƒetɔ ƒe ŋkeke. Ame sia ame si awɔ dɔ aɖe le edzi la, woawui.
3
Miekpɔ mɔ ado dzo gɔ̃ hã le miaƒe nɔƒewo le dzudzɔgbe la dzi o.”
4
Mose gblɔ na Israelviwo ƒe ha blibo la be: “Nu si Aƒetɔ be miawɔ lae nye esi:
5
Midzɔ nu le mia nɔewo dome na Aƒetɔ. Ame sia ame si se le eƒe dzime be yeana nu faa la, netsɔ Aƒetɔ ƒe nunana vɛ. Wonetsɔ sika, klosalo, akɔbli;
6
aɖabɛ blɔtɔ kple dzẽtɔ ƒe ka, ka dzẽ, ɖeti ɣi, avɔ si wotsɔ gbɔ̃fu lɔ̃,
7
agbogbalẽ si wode ama dzẽe, gbɔ̃gbalẽ, xeti,
8
akaɖimemi, ami sisi si ʋẽna lililĩ, lifi si ʋẽna lililĩ,
9
sohamkpe kple kpe xɔasiwo, ne woatsɔ ɖo nunɔlagã ƒe kɔmewu kple akɔtaɖonu ŋu.
10
“Na ŋutsu ɖe sia ɖe si ŋu ŋutete le le mia dome la nava wɔ nu siwo katã Aƒetɔ di la:
11
eƒe agbadɔ kple etamegbanu, eŋugaviawo, eƒe ʋuƒowo, eƒe ʋɔmedetiwo, eƒe sɔtiwo kple woƒe afɔwo;
12
nubablaɖaka la kple eŋu kpoawo, amenuvezikpui la kple xɔmetsovɔ la;
13
kplɔ̃ la kple eŋu kpoawo, eŋu gbawo katã, kple vɔsabolo la;
14
akaɖiti la, eŋu nuwo, akaɖigbɛawo kple akaɖimemi;
15
lifivɔsamlekpui la kple eŋu kpoawo, ami sisi la kple lifi si ʋẽna lililĩ kpakple agbadɔnuvɔ;
16
numemevɔsamlekpui la kple adzrala si le eŋu si wotsɔ akɔbli wɔe, eŋu kpoawo kple eŋu gbaawo katã; tsileze la kple eƒe zɔ;
17
kplɔ̃ la ŋu vɔwo, kpɔtiawo kple woƒe afɔwo kple xɔxɔnua ƒe agbonuvɔ;
18
agbadɔa ŋu tsyotiwo, kpɔtɔtɔa ŋu tsyotiwo kple woƒe kawo;
19
atsyɔ̃ɖowu siwo woatsɔ subɔ le kɔkɔeƒe la, nunɔla Aron ƒe awu kɔkɔeawo kple via ŋutsuawo ƒe awu siwo ŋudɔ woawɔ ne wole subɔsubɔdɔ wɔm la.”
20
Tete Israelviwo ƒe ha blibo la dzo le Mose ŋkume.
21
Emegbe ame sia ame si wòdzɔ dzi na eye wòlɔ̃ kple dzi faa la, va dzɔ nu na Aƒetɔ bene woawɔ eŋudɔ na takpeƒedɔ la kple subɔsubɔdɔ siwo katã hiã le eŋu la kpakple na awu kɔkɔeawo.
22
Ale wova, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, ame sia ame si lɔ̃ faa tso dzime ko la, tsɔ alɔnugawo, togɛwo, asigɛwo, sikakɔwlawo kple sikanu vovovowo va na. Ame sia ame kɔ̀ sikanu aɖe ŋu va na Aƒetɔ.
23
Ame sia ame tsɔ nu si le esi abe aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ, ɖeti ɣi, gbɔ̃fu, agbogbalẽ kple gbɔ̃gbalẽ ene la va na.
24
Ame sia ame si ate ŋu ana klosalo alo akɔbli la tsɔe va na Aƒetɔ; ame sia ame si si xeti le la tsɔe va na hena dɔ vovovoawo wɔwɔ.
25
Nyɔnu siwo nya ɖetitetre la tre aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ɖeti, dzẽtɔ kple ɣitɔ ƒe ɖeti tsɔ vɛ.
26
Nyɔnu siwo katã ƒe dzi ʋã eye ŋutete le wo ŋu la tre gbɔ̃fuwo.
27
Kplɔlawo tsɔ sohamkpe kple kpe xɔasiwo vɛ eye woatsɔ wo ɖo kɔmewu la kple akɔtaɖonu la ŋu.
28
Wotsɔ akaɖimemi, ami ʋeʋẽe si wosina kple lifi si ʋẽna lililĩ la hã vɛ.
29
Ale Israelviwo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, ame siwo wòdzɔ dzi na eye wòlɔ̃ kple dzi faa be wòatsɔ nane ava na hena dɔ si Aƒetɔ gblɔ na Mose be woawɔ la, tsɔe va na Aƒetɔ kple dzi faa.
30
Mose gblɔ na Israelviwo be: “Mikpɔ ɖa, Aƒetɔ tia Bezaleel, Uri viŋutsu, si nye Xur tɔgbuiyɔvi ame si tso Yuda-to la me la.
31
Etsɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ si naa nunya, nugɔmesese, susu ɖaɖɛ kple aɖaŋu vovovowo nyanya ƒe ŋutete la yɔ eyama taŋ.
32
Etea ŋu bua tame nya ale si wòatsɔ sika, klosalo alo akɔbli awɔ nu siwo nyakpɔna la woe.
33
Enya ale si wòakpa kpe kple ale si wòatrɔ asi le ati ŋu awɔ nu wo tsyo ƒomevii.
34
Ede nunya tɔxɛ tame na eya kple Oholiab, Axisamak viŋutsu tso Dan-to la me be woate ŋu afia nu amewo.
35
Ede aɖaŋu wo ame evea ƒe susu me ale gbegbe be wotea ŋu wɔa aɖaŋudɔ ƒomevi vovovowo abe nuwo ƒe dzedzeme ɖeɖe ɖe kpe, ati alo ga dzi, nutata ɖe avɔ me, avɔ biɖibiɖi lɔlɔ̃, avɔlɔlɔ̃ kple lãfuka ene. Wonya dɔwɔla kple aɖaŋudɔwɔla ɖe sia ɖe ƒe dɔ.
← Chapter 34
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 36 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40