bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Exodus 4
Exodus 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 5 →
1
Tete Mose ɖo eŋu be: “Ke ne womexɔ dzinye se o, alo womese nye gbe hã o, ke wogblɔ be: ‘Aƒetɔ meɖe eɖokui fia wò fɔ̃e o ɖe.’ ”
2
Aƒetɔ biae be: “Nu kae nye ema le asiwò?” Eɖo eŋu be: “Atizɔti ye.”
3
Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Dae ɖe anyigba.” Edae ɖe anyigba eye atia trɔ zu da. Mose sí le enu.
4
Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Do asi ɖa nàlé eƒe asikɛ.” Mose do asi ɖa lée. Tete daa gazu atizɔti ɖe esi.
5
Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Wɔ nu sia ekema Israelviwo axɔe se be nye Aƒetɔ, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu: Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu la, meɖe ɖokuinye fia wò vavã.”
6
Aƒetɔ gagblɔ nɛ be: “Ƒo asi ɖe wò awu ƒe akɔta.” Eƒoe ɖee. Esi wohee ɖe go la, dɔ ƒo ɖe asia ŋu wòfu kpii abe tsikpe ene.
7
Tete Mawu be: “Gaƒo asi ɖe awua me.” Egaƒoe ɖee, eye esi wògaɖee la, asia ŋu gakɔ keŋkeŋ abe ale si wònɔ tsã ene.
8
Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Ne womexɔ wò dzi se o, eye womebu dzesi gbãtɔa o la, woaxɔ evelia ya dzi ase.
9
Ne womexɔ dzesi eveawo dzi se o, eye womexɔ wò hã dzi se o la, ekema ku tsi le Nil-tɔsisia me nàkɔ ɖe anyigba ƒuƒui; tsia atrɔ zu ʋu ɖe anyigba.”
10
Gake Mose gagblɔ na Aƒetɔ be: “Taflatsɛ, nye Aƒetɔ, nu menya ƒona nam o; menye egbe o, menye etsɔ o, eye menye tso esime nèdze nuƒoƒo gɔme nam hã o. Nye aɖe metrɔna ɖe nya ŋu o.”
11
Tete Aƒetɔ biae be: “Ame kae wɔ nu na ame? Ame kae nana be ame ƒe to kuna alo ame ƒe aɖe tuna? Ame kae nana be ame kpɔa nu alo nyea ŋkuagbãtɔ? Ɖe menye nye, Aƒetɔ ye oa?
12
Eya ta heyi ko; makpe ɖe ŋuwò nàƒo nu eye mafia nya si nàgblɔ la wò.”
13
Tete Mose gabe: “Gake, ao, nye Aƒetɔ, meɖe kuku, di ame bubu nàdɔ.”
14
Aƒetɔ do dziku ɖe eŋu azɔ, eye wògblɔ be: “Nɔviwò Aron Levitɔ la meli oa? Menya be eƒoa nu nyuie. Egbɔna gɔ̃ be yeava kpe wò. Ne eva ke ɖe ŋuwò la, dzi adzɔe ŋutɔ.
15
Ƒo nu kplii ne nàtsɔ nya de enu. Nye la, makpe ɖe mia ŋu miaƒo nu nyuie, eye mafia nu si miawɔ la mi.
16
Eya naƒo nu kple dukɔ la ɖe nuwò. Anye wò nu, eye wò la, nànɔ Mawu teƒe nɛ.
17
Nàlé atizɔti sia ɖe asi elabe eyae nèle tsɔtsɔ ge awɔ dzesiawoe.”
18
Tete Mose trɔ gbɔ va toa Yetro gbɔ va gblɔ nɛ be: “Taflatsɛ, ɖe mɔ nam ne matrɔ yi nɔvinyewo gbɔ le Egipte aɖakpɔ ɖa be wogale agbe mahã.” Yetro ɖo eŋu be: “Heyi le ŋutifafa me.”
19
Aƒetɔ gblɔ na Mose le Midian be: “Gbugbɔ yi Egipte, elabe ame siwo katã nɔ didim be yewoawu wò la ku.”
20
Mose kɔ srɔ̃a kple via ŋutsuwo ɖo tedzi dzi, eye wòtrɔ yi Egipte. Etsɔ Mawu ƒe atizɔti la ɖe asi.
21
Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Ne èɖo Egipte la, ɖo ŋku edzi nàwɔ nukunu siwo katã metsɔ de asi na wò la le Egipte Fiagã la ŋkume. Mana eƒe dzime nasẽ ale be maɖe asi le dukɔ la ŋu woadzo o.
22
Ekema nàgblɔ na Egipte Fiagã la be: ‘Ale Aƒetɔ gblɔ nye esi: Israel la vinye ŋutsu ye; nye ŋgɔgbevi wònye.
23
Megblɔ na wò be: ‘Ɖe asi le vinye ŋu ne woaɖasubɔm.’ Gake ègbe mèɖe mɔnɛ o; eya ta mawu wò ŋgɔgbeviŋutsu.’ ”
24
Esi wole mɔa dzi va ɖo dzeƒe aɖe la, Aƒetɔ va, eye wòdi be yeawu Mose.
25
Tete Zipora tsɔ kpe ɖaɖɛ lã via ŋutsu ƒe aʋanuyi. Etsɔ aʋanuyi la tɔ eƒe afɔ, eye wògblɔ nɛ be: “Ʋusrɔ̃ nènye nam baa!”
26
Tete Aƒetɔ megawɔ nu vevi Mose o. Le aʋatsotso la ta, Zipora da ŋkɔ ɖe srɔ̃a dzi be, “Ʋuŋugbetɔsrɔ̃.”
27
Azɔ Aƒetɔ gblɔ na Aron be: “Yi gbedzi nàɖakpe Mose.” Aron yi eye wòɖakpe Mose le Mawu ƒe to la gbɔ. Egbugbɔ nu nɛ,
28
eye Mose gblɔ dɔ si gbe Aƒetɔ dɔe ɖo, nya siwo katã wòto nɛ kple dzesi siwo keŋ wòna ŋusẽe be wòawɔ la na Aron.
29
Tete Mose kple Aron woyi Egipte, eye woyɔ Israelviwo ƒe ame tsitsiwo katã ƒo ƒu.
30
Aron gblɔ nya siwo katã Aƒetɔ gblɔ na Mose la na wo, eye Mose wɔ dzesiawo hã wokpɔ.
31
Ameawo xɔ Mose kple Aron dzi se, eye esi wose be Aƒetɔ va Israelviwo gbɔ, eye wòkpɔ ale si Egiptetɔwo le fu wɔm wo la, wode ta agu hesubɔe.
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 5 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40