bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Exodus 13
Exodus 13
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 14 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
2
“Ɖe ŋgɔgbeviwo katã ɖe aga nam. Nu sia nu si aʋu dɔ nu na nɔa le Israelviwo dome la, tɔnye ye. Eɖanye ame alo lã o, tɔnyee.”
3
Mose gblɔ na dukɔ la be: “Miaƒe ŋku nenɔ ŋkeke sia, si dzi miedzo le Egipte, afi si mienye kluviwo le la dzi, elabe ŋusẽ triakɔ ŋutɔe Aƒetɔ tsɔ kplɔ mi dzoe le afi ma. Migaɖu amɔwɔ ʋaʋã bolo le ŋkeke sia dzi o.
4
Miele dzodzom le Egipte egbe sia, le Abib, si nye nuŋeɣleti la me.
5
Aƒetɔ ka atam na mia tɔgbuiwo be yeatsɔ Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo, Xivitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la ana mi. Ne wòkplɔ mi va anyigba sia dzi la, miaɖu ŋkekenyui sia le ɣleti sia me.
6
Miaɖu amɔwɔ maʋamaʋã bolo ŋkeke adrẽ, eye le ŋkeke adrẽa gbe la, miaɖu ŋkekenyui na Aƒetɔ.
7
Le ŋkeke adrẽ siawo me la, miaɖu amɔwɔ maʋamaʋã bolo ko. Womakpɔ amɔwɔ ʋaʋã bolo alo amɔwɔʋãnu aɖeke le mia si le miaƒe anyigba blibo la dzi o.
8
Gbe ma gbe la, miagblɔ na mia viŋutsuwo be: ‘Nu si Aƒetɔ wɔ na mí esime míeʋu tso Egipte la tae míele ŋkeke sia ɖum ɖo.’
9
Ŋkeke nyui sia nanye ŋkuɖodzinu le miaƒe ŋgo nu, bene Aƒetɔ ƒe se la nanɔ mia nu elabe ŋusẽ triakɔ ŋutɔe wòtsɔ kplɔ mi dzoe le Egipte.
10
Miwɔ ɖoɖo sia dzi, ƒè sia ƒè, le ɣeyiɣi si woɖo ɖi la dzi.”
11
“Ne Aƒetɔ kplɔ mi va Kanaanitɔwo ƒe anyigba dzi abe ale si wòka atam na mi kple mia tɔgbuiwoe ene, eye wòtsɔe na mi la,
12
ekema miaɖe nu sia nu si ʋu dɔ nu na nɔa la ɖe aga na Aƒetɔ; miaƒe lãwo ƒe ŋgɔgbevi siwo nye atsu la katã nanye Aƒetɔ tɔ.
13
Ke tedzinɔ ƒe ŋgɔgbevi ya la, miatsɔ alẽ aɖɔlii. Ne mieɖɔlii o la, ekema miŋe kɔ nɛ. Ke miɖɔli amewo ƒe ŋgɔgbeviwo katã.
14
Ne etsɔ megbe mia viŋutsuwo va bia mi be: ‘Nuwɔna sia gɔme ɖe?’ mahã la, miaɖo eŋu be: ‘Aƒetɔ tsɔ ŋusẽ triakɔ ŋutɔ kplɔ mí dzoe le Egipte, afi si míenye kluviwo le tsã la.
15
Esi Egipte Fiagã la sẽ tame, gbe be yemaɖe asi le mía ŋu míadzo o la, Aƒetɔ wu ŋgɔgbeviwo katã le Egipte-nyigba dzi, amegbetɔwo ƒe ŋgɔgbeviwo kple lãwo tɔwo siaa. Eya ta míetsɔa atsu sia atsu si ʋu dɔ nu na nɔa la saa vɔe na Aƒetɔ, eye míeɖɔlia mía viŋutsuviwo ya kple alẽ.
16
Esia nye dzesi anɔ míaƒe asi ta kple ŋgoblanu anɔ míaƒe ŋgo nu, be Aƒetɔ ye tsɔ eƒe ŋusẽ triakɔ la kplɔ mí dzoe le Egipte.’ ”
17
Esi Egipte Fiagã la ɖe asi le Israelviwo ŋu wodzo la, Mawu mekplɔ wo to Filistitɔwo ƒe anyigba dzi mɔ o, togbɔ be eyae tsɔ kpuie hafi. Elabe Mawu gblɔ be: “Ne woho aʋa ɖe wo ŋu la, woƒe susu ava trɔ, eye woagbugbɔ ayi Egipte.”
18
Eya ta ena woto gbedadaƒomɔ si ɖo ta Aƒlaƒu la gbɔ la dzi. Ke Israelviwo bla akpa ɖe aʋawɔwɔ ŋu hafi dze mɔ tso Egipte.
19
Azɔ Mose tsɔ Yosef ƒe ƒuwo ɖe asi elabe Yosef gblɔ na Israelviwo be: “Mika atam nam be, ne Mawu ve mia nu eye miedzo le afii yina la, miatsɔ nye ƒuwo ɖe asi ayii.”
20
Israelviwo dze mɔ tso Sukot, eye woɖaƒu asaɖa anyi ɖe Etam le gbedadaƒo la to.
21
Aƒetɔ nɔ wo ŋgɔ le alilikpo tsrala me le ŋkeke me, eye wòkplɔa wo. Le zã me la, enɔa dzobibi tsrala me, eye wònaa kekeli wo, ale be wote ŋu zɔ mɔ zã kple keli.
22
Alilikpo tsrala la medzona le dukɔ la gbɔ le ŋkeke me o, eye dzobibi tsrala la hã medzona le dukɔ la ŋgɔ le zã me o.
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 14 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40