bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Exodus 33
Exodus 33
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 32
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 34 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Dzo, dzo le afi sia, wò kple dukɔ si nèkplɔ tso Egipte-nyigba dzi, ne miayi anyigba si ŋu meka atam ɖo na Abraham, Isak kple Yakob be, ‘Miaƒe dzidzimeviwo matsɔe ana’ la dzi.
2
Madɔ mawudɔla ɖe ŋgɔwò, eye manyà Kanaanitɔwo, Amoritɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo Xivitɔwo kple Yebusitɔwo ɖa le mia ŋgɔ.
3
Miyi anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la dzi; ke nyemanɔ mia dome ayi kpli mi o, ne menye nenema o la, matsrɔ̃ mi le mɔ dzi, elabe dukɔ kɔlialiatɔ mienye.”
4
Esi dukɔ la se ŋɔdzinya siawo la, wofa konyi eye ame aɖeke megaɖoa atsyɔ̃ o.
5
Elabe do ŋgɔ la, Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Gblɔ na Israelviwo be: ‘Dukɔ kɔlialiatɔe mienye. Ne mezɔ kpli mi aɖabaƒoƒo ɖeka pɛ ko hã la, matsrɔ̃ mi keŋkeŋ. Miɖe miaƒe atsyɔ̃ɖonuwo katã da ɖi ne manya nu si mawɔ mi.”
6
Eya ta Israelviwo megadoa woƒe atsyɔ̃ɖonuwo tso Xoreb-to la gbɔ heyi o.
7
Azɔ la Mose tu Aƒetɔ Nɔƒegbadɔ ɖe asaɖa la godo, ɖe adzɔge ke. Eyɔe be godoƒegbadɔ. Ame sia ame si di be yeabia nu Aƒetɔ la yia godoƒegbadɔ la gbɔ le asaɖa la godo.
8
Ne Mose yina agbadɔ la gbɔ la, ameawo katã tsona, eye ame sia ame tsia tre ɖe eƒe agbadɔ ƒe mɔnu nɔa Mose kpɔm va se ɖe esime wòge ɖe agbadɔ la me.
9
Ne ege ɖe agbadɔ la me la, alilikpo dodo la ɖina vaa agbadɔa ƒe ʋɔtru nu, eye Aƒetɔ ƒoa nu kple Mose.
10
Ne ameawo kpɔ alilikpo dodo la wòtɔ ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu la, wo katã wotsia tre, eye wo dome ame sia ame dea ta agu subɔna le eƒe agbadɔ ƒe ʋɔtru nu.
11
Ale Aƒetɔ ƒoa nu kple Mose ŋkume kple ŋkume abe xɔlɔ̃ kple xɔlɔ̃ ene. Eyome Mose gatrɔna vaa asaɖa la me. Ke eƒe kpeɖeŋutɔ Yosua, Nun vi, ɖekakpui la ya medzona le agbadɔ la gbɔ o.
12
Mose gblɔ na Aƒetɔ be: “Kpɔ ɖa, ègblɔ nam be: ‘Kplɔ dukɔ sia’ gake meyɔ ame si dɔ ge nèle be wòakpe ɖe ŋunye la ŋkɔ nam o. Evɔ ègblɔ be: ‘Menya wò, nya wò ŋkɔ, eye mekpɔ ŋudzedze le ŋuwò’ hafi.
13
Eya ta, azɔ la, meɖe kuku, ne èkpɔ ŋudzedze le ŋunye la, ekema na manya wò mɔwo, eye madze sii be èkpɔ ŋudzedze le ŋunye nyateƒe. Bu eŋu hã be dukɔ sia la, wò ŋutɔ wò dukɔe.”
14
Aƒetɔ ɖo eŋu be: “Mazɔ kpli mi ayi, eye mana miaɖagbɔ ɖe eme.”
15
Mose xɔ edzi be: “Ne màzɔ kplim o la, ekema mègana míaho adzo le afi sia o.
16
Ne mèzɔ kpli mí o la, ale ke amewo awɔ anya be èkpɔ ŋudzedze le nye kple wò dukɔ la siaa ŋu? Menye wò zɔzɔ kpli mi mee woakpɔe adze sii le be nye kple wò dukɔ la míeto vovo le anyigba dzi dukɔ bubuwo katã dome oa?”
17
Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Nu si tututu nèbia la, mawɔe elabe meve nu wò, eye menya wò ŋkɔ.
18
Mose be: “Meɖe kuku, na makpɔ wò ŋutikɔkɔe la.”
19
Aƒetɔ be: “Mana nye atsyɔ̃ɖoɖo blibo la ava to ŋkuwò me ayi, eye maɖe gbeƒã nye ŋkɔ le ŋgɔwò be ‘Aƒetɔ lae’. Ame sinu medi be mave la, eya nue mave, eye ame si melɔ̃ be makpɔ nublanui nala, eyae makpɔ nublanui na.
20
Gake nyemana nàkpɔ nye ŋkume ya o, elabe ame aɖeke mate ŋu akpɔ nye ŋkume aganɔ agbe o.”
21
Tete Aƒetɔ yi edzi be: “Kpɔ ɖa, teƒe aɖe le gbɔnye le afii, afi si nàtsi tsitre ɖe agakpe dzi le,
22
eye ne nye ŋutikɔkɔe la va yina la, maɣla wò ɖe agakpe la to me, atsyɔ asi dziwò va se ɖe esime matso eme ayi.
23
Eyome mahe asi ɖa eye nàkpɔ nye megbe ɖa; ke nye ŋkume ya la, màkpɔe o.”
← Chapter 32
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 34 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40