bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Exodus 27
Exodus 27
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 26
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 28 →
1
Tsɔ xe kpa vɔsamlekpui. Eƒe didime nanye meta eve kple afã eye eƒe kekeme hã nenema ke; ke eƒe kɔkɔme ya nanye meta ɖeka kple afã.
2
Wɔ dzowo ɖe eƒe dzogoe eneawo dzi; dzoawo nawɔ ɖeka kplii, eye nàfa akɔbli ɖe eŋu.
3
Tsɔ akɔbli wɔ vɔsamlekpui la ŋu nuwo katã: ganu siwo me lãmidzowɔawo anɔ, sofiwo, ametagbɛwo, gaflowo kple dzoɖesonuwo.
4
Tsɔ akɔbli wɔ adzrala ɖeka, eye natu akɔblisigɛ ɖeka ɖe eƒe dzogoe eneawo dometɔ ɖe sia ɖe me.
5
Klã adzralaa ɖe vɔsamlekpuia ŋu kpe ɖo tso ete, ale be adzrala ƒe kɔkɔme nase vɔsamlekpuia titina.
6
Eyome nàtsɔ xeti kpa kpowo na vɔsamlekpuia ƒe axa eveawo eye nàfa akɔbli ɖe wo ŋu.
7
Kpo siawoe woatra ɖe asigɛawo me le vɔsamlekpuia ƒe axa eveawo dzi atsɔ kɔe.
8
Tsɔ ʋuƒowo wɔ vɔsamlekpui lae, eye nàna do nanɔ eme. Wɔe abe ale si wofia wò le toa dzi la ene.
9
“Tɔ kpɔ ɖe agbadɔa ƒe xɔxɔnua ŋu. Tsɔ atitsroka si wotro la lɔ̃ avɔwo tsɔ tɔ kpɔ lae. Le anyigbemekpa dzi la, avɔawo nadidi meta bla ene vɔ ene.
10
Tu kpɔti bla eve tsɔ lé wo ɖe tsitrenu. Tsɔ akɔbli wɔ kpɔtiawoe, eye nàtsɔ akɔbli ke awɔ afɔ zekpe ɖe ɖe sia ɖe gɔme be wòate ŋu alí ɖe tsitrenu. Ke nàtsɔ klosalo awɔ kpɔtiawo ŋu gaviwo kple helétiwoe.
11
Nenema ke dzigbemekpa hã ƒe avɔ nadidi meta bla ene vɔ ene, eye kpɔti bla eve siwo gɔme akɔblifɔ bla eve le nakpe ɖe eŋu. Kpɔtiawo ŋu gatagbadzɛwo kple helétiawo nanye klosalo.
12
Le ɣetoɖoƒekpa dzi la, avɔ si nàtsɔ tɔ kpɔa nadidi meta bla eve vɔ eve. Nàtsɔ akɔblikpɔti ewo alée ɖe te. Gɔme zekpe nanɔ ɖe sia ɖe si.
13
Le ɣedzeƒe gome la, ele be xɔxɔnua nakeke meta bla eve vɔ eve.
14
Avɔ si didi meta adrẽ kple afã nanɔ kekeme sia ƒe akpa ɖeka, eye kpɔti etɔ̃ siwo gɔme afɔ etɔ̃ le la nakpe ɖe eŋu.
15
Nenema ke avɔ si didi meta adrẽ kple afã eye kpɔti etɔ̃ siwo gɔme afɔ etɔ̃ le la nakpe ɖe eŋu, anɔ akpa evelia hã.
16
Tsi mɔnuvɔ ɖe agboa ŋutɔ nu hã. Mɔnuvɔ sia nadidi meta asieke. Tsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzẽtɔ, ka dzẽ kple atitsroka si wotro la lɔ̃e, eye nàtsɔ abui ata nuwo ɖe eto. Tsɔ akɔblikpɔti ene siwo te afɔ zekpe le la lée ɖe enɔƒe.
17
Tsɔ klosalo wɔ kpɔti siwo katã le kpɔa me la ƒe helétiwo kple wo ŋu gatagbadzɛwoe. Ke woƒe afɔ zekpeawo nanye akɔbli.
18
Kpɔa ƒe didime nanye meta bla ene vɔ ene, kekeme nanye meta bla eve vɔ eve, eye eƒe kɔkɔme nanye meta eve kple afã. Woatsɔ ɖeti ɣi dada alɔ̃ avɔ atsɔ atɔe. Kpɔtiawo ƒe afɔwo nanye akɔbli.
19
Nu siwo katã ŋudɔ woawɔ le agbadɔa me hã nanye akɔblinuwo. Agbadɔ la ŋu tsyotiwo kple kpɔa ŋu tɔwo katã hã nanye akɔbli.
20
Ɖo na Israelviwo be woanɔ ami nyuitɔ tsɔm vɛ na wò hena akaɖia me dede, ale be akaɖiawo nanɔ xɔxɔm edziedzi.
21
Aron kple via ŋutsuwo nanɔ edzi kpɔm. Woakpɔ egbɔ be wòanɔ bibim gbe sia gbe, tso fiẽ va se ɖe ŋdi le Aƒetɔ ŋkume, le xɔmetsovɔ si godo nubablaɖaka la le la ŋgɔ. Ele na Israelviwo be woawɔ ɖe ɖoɖo sia dzi tegbee tso dzidzime yi dzidzime.
← Chapter 26
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 28 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40