bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Exodus 7
Exodus 7
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 8 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Kpɔ ɖa, mewɔ wò abe Mawu ene ɖe Egipte Fiagã dzi, eye mana nɔviwò Aron nanye wò gbeƒãɖela.
2
Gblɔ gbe siwo katã mede asiwò la na Aron, eye eya negblɔ na Egipte Fiagã be nena mɔ Israelviwo be woadzo le eƒe anyigba dzi.
3
Ke mana Egipte Fiagã ƒe dzime nasẽ eye mawɔ dzesi kple nukunu geɖe le Egipte-nyigba dzi,
4
ke Fiagã la maɖo to mi o. Maɖo asi Egipte dzi akplɔ nye aʋakɔ, nye dukɔ Israelviwo, ado goe tso Egipte-nyigba dzi to nu gã siwo mawɔ atsɔ ahe toe na wo la me.
5
Ne meho kple ŋusẽ ɖe Egipte ŋu, eye mekplɔ Israelviwo dzoe la, ekema Egiptetɔwo adze sii be nyee nye Aƒetɔ.”
6
Mose kple Aron wɔ nu si Aƒetɔ gblɔ na wo be woawɔ la dzi pɛpɛpɛ.
7
Ɣesiɣi woƒo nu kple Egipte Fiagã la la, Mose xɔ ƒe bla enyi, eye Aron xɔ ƒe bla enyi vɔ etɔ̃.
8
Aƒetɔ gblɔ na Mose kple Aron be:
9
“Ne Egipte Fiagã la gblɔ na mi be: ‘Miwɔ nukunu aɖe míakpɔ’ la, ekema nàgblɔ na Aron be: ‘Tsɔ wò atizɔti da ɖe anyigba le Egipte Fiagã la ŋkume ne wòazu da.’ ”
10
Ale Mose kple Aron woyi Egipte Fiagã la gbɔ, eye wowɔ nu si Aƒetɔ gblɔ na wo be woawɔ la: Aron ɖe asi le eƒe atizɔti la ŋu da ɖe anyigba le Fiagã la kple eŋumewo ŋkume, eye wòtrɔ zu da.
11
Tete fiagã la yɔ Egiptetɔwo ƒe nunyalawo kple dzosalawo vɛ, eye wotsɔ woƒe vivimeŋusẽwo wɔ nukunu ma tututu:
12
wo dometɔ ɖe sia ɖe tsɔ eƒe atizɔti da ɖe anyigba eye wotrɔ zu da, ke Aron ƒe atizɔti la lé wo tɔwo mi.
13
Gake Egipte Fiagã la ƒe dzime gasẽ ko, eye abe ale si Aƒetɔ la gblɔe ene la, egbe be yemaɖo to wo o.
14
Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Egipte Fiagã la ƒe dzime sẽ ŋutɔ; egbe be yemaɖe asi le dukɔa ŋu woadzo o.
15
Eya ta etsɔ ŋdi kanya la, yi nàɖado goe le Nil-tɔsisi la to. Ne èyina la, tsɔ wò atizɔti si trɔ zu da la ɖe asi.
16
Gblɔ nɛ be: ‘Aƒetɔ, Hebritɔwo ƒe Mawu la dɔm ɖe gbɔwò be magblɔ na wò be: Ɖe asi le nye dukɔ ŋu ne woayi aɖasubɔm le gbedadaƒo. Gake ègbe va se ɖe fifi.
17
Esia nàtsɔ anyae be nyee nye Aƒetɔ nye esi: Kpɔ ɖa, mele atizɔti si le asinye la tsɔ ge aƒo Nil-tɔsisi la dzi, eye tsia atrɔ zu ʋu.
18
Lã siwo le eme la aku, eye tɔsisia anɔ ʋeʋẽm ale gbegbe be Egiptetɔwo mate ŋu ano emetsi o.’ ”
19
Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Gblɔ na Aron be: ‘Tsɔ wò atizɔti eye nàdoe ɖe Egipte-nyigba dzi tsiwo, tɔsisiwo, tɔʋuwo, táwo kple tsiteƒewo katã dzi bene woatrɔ zu ʋu, eye ʋu nanɔ Egipte-nyigba blibo la katã dzi; atigowo kple kpezewo gɔ̃ hã ʋu anɔ wo me.’ ”
20
Mose kple Aron wɔ nu si Aƒetɔ gblɔ na wo la. Ekɔ atizɔti la dzi le Egipte Fiagã kple eŋumewo ŋkume, eye wòƒo tsia dzi. Tete Nil-tɔsisi me tsi la katã trɔ zu ʋu.
21
Lã siwo le eme la katã ku. Tɔa de asi ʋeʋẽ me ale gbegbe be Egiptetɔwo megate ŋu no emetsi o. Ʋu xɔ afi sia afi le Egipte-nyigba dzi.
22
Ke Egiptetɔwo ƒe nukunuwɔlawo hã to woƒe ayemɔwo dzi wɔ nukunu siawo ke. Ale abe ale si Aƒetɔ la gblɔe ɖi ene la, Egipte Fiagã la ƒe dzime gasẽ ko, eye wògbe be yemaɖo to Mose kple Aron ƒe gbe o.
23
Fiagã la trɔ dzo yi aƒeme, eye esia meʋã dzi nɛ vie gɔ̃ hã o.
24
Egiptetɔwo ku do ɖe Nil-tɔsisi la to be tsi nadzi ɖe wo me yewoano elabe Nil-tɔsisi me tsi la meganyo ne woano o.
25
Aƒetɔ gblẽ Nil me tsi la ŋkeke adrẽ sɔŋ.
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 8 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40