bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Exodus 2
Exodus 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 3 →
1
Eva eme be ŋutsu aɖe tso Levi-to la me ɖaɖe Levi-nyɔnu aɖe.
2
Nyɔnua fɔ fu eye wòdzi ŋutsuvi. Ekpɔ be ɖevia dze ɖeka ŋutɔ. Ale wòɣlae ɣleti etɔ̃ sɔŋ.
3
Esi megate ŋu le ɖevia ɣlam o la, edi kusi si wolɔ̃ kple aɖa eye wotree kple aŋɔ la, tsɔ ɖevi la de eme, eye wòtsɔe yi ɖada ɖe aƒlawo dome le tɔsisia to.
4
Ɖevia nɔvinyɔnu bè ɖe adzɔge be yeakpɔ ɖa be nu kae adzɔ ɖe edzi mahã.
5
Egipte Fiagã vinyɔnu va tsi le ge le tɔsisia me. Enɔ tsia lem eye eƒe subɔlawo nɔ tsa ɖim le tɔa to. Kasia eƒe ŋku kle kusia le aƒlaawo me ɖaa, eye wòna eƒe dɔlanyɔnu yi ɖatsɔe vɛ.
6
Esi wòʋui la, ekpɔ vidzĩ le eme. Ŋutsuvi ye; enɔ avi fam. Eƒe nu wɔ nublanui nɛ eye wògblɔ be: “Hebritɔwo ƒe viwo dometɔ ɖekae nye esia.”
7
Tete nɔvia nyɔnu la te va. Ebia fiavinyɔnua be: “Mayi ɖadi Hebri-nyɔnu vi nɔ aɖe vɛ, ne wòana no ɖevia na wòa?”
8
Egipte Fiagã vinyɔnua ɖo eŋu be: “Yi.” Nyɔnuvia yi ɖayɔ vidzĩ la dada vɛ.
9
Fiavinyɔnua gblɔ nɛ be: “Xɔ ɖevi sia nàna noe nam. Maxe fe na wò.” Nyɔnua kɔ vidzĩa dzoe, eye
10
wòɖakpɔ edzi. Esi ɖevia tsi la, ekplɔe vɛ na Egipte Fiagã vinyɔnu la. Exɔe wɔ viae, eye wòtsɔ ŋkɔ nɛ be Mose hegblɔ be: “Elabe tɔ mee meɖee tsoe.
11
Esi Mose va tsi la, eɖi tsa yi nɔvia Hebritɔwo gbɔ gbe ɖeka, eye wòkpɔ wo wole woƒe dzizizidɔawo wɔm. Tete wòkpɔ Egiptetɔ aɖe wòle Hebritɔ aɖe ƒom.
12
Mose tsa ŋku, tsa ŋku, eye esi mekpɔ ame aɖeke o la, eƒo Egiptetɔ la wu, eye wòlɔ ke ƒo ɖe edzi.
13
Evea gbe la, Mose gayi nɔviawo gbɔ. Kasia Hebritɔ evee nye esiwo le avu wɔm. Ebia ame si tɔ medzɔ o la be: “Nu ka ŋuti nèle nɔviwò ƒom?”
14
Eɖo eŋu na Mose be: “Ame kae ɖo wò amegã kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mía nu? Ɖe nèbe yeawu nye hã abe ale si nèwu Egiptetɔ ma enea?” Mose gblɔ be: “Nya la ɖi; amewo see!” Ale vɔvɔ̃ ɖoe.
15
Esi Egipte Fiagã va se nyaa la, edi Mose be yeawu. Tete Mose sí le enu yi Midian-nyigba dzi. Eɖanɔ vudo aɖe to.
16
Midian nunɔla vinyɔnu adrẽ wova tsi du ge akɔ ɖe lãwo ƒe tsinonuwo me na wo tɔ́ ƒe lãwo.
17
Lãkplɔla aɖewo va nyà wo ɖa. Mose tso ʋli wo ta eye wòku tsi na wo tɔ́ ƒe lãawo wono.
18
Esi wotrɔ yi aƒeme la, wo tɔ́ si ŋkɔe nye Reguel la, bia wo be: “Ale ke wɔ miegbɔ kaba egbe ya ale?”
19
Woɖo eŋu be: “Egipte-ŋutsu aɖee ʋli mía ta le lãkplɔlawo gbɔ, eye wòdu tsi na míaƒe alẽwo wono gɔ̃ hã.”
20
Ebia via nyɔnuawo be: “Ŋutsua ɖe? Ale ke wɔ miegblẽe ɖe afi ma? Miyi ɖayɔe ne wòava ɖu nu.”
21
Mose lɔ̃ be yeatsi ŋutsua gbɔ koŋ, eye ŋutsua tsɔ via nyɔnu Zipora nɛ wòɖe.
22
Zipora dzi viŋutsuvi nɛ. Mose na ŋkɔe be Gersom hegblɔ be: “Amedzro menye le dzronyigba dzi”
23
Le ƒè geɖee megbe la, Egipte-fia va ku. Israelviwo nɔ ŋèŋem le woƒe kluvikɔkuti sesẽ la te. Wodo ɣli, eye Mawu se woƒe ɣlidodo la.
24
Mawu se woƒe ŋèŋe eye wòɖo ŋku nu, si wòbla kple Abraham, Isak kple Yakob la dzi.
25
Mawu trɔ kɔ kpɔ Israelviwo eye wònya nu si nɔ dzɔdzɔm ɖe wo dzi.
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40