bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Exodus 36
Exodus 36
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 35
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 37 →
1
Ale Bezaleel kple Oholiab kpakple ŋutsu siwo ƒe tagbɔ aɖaŋu le, ame siwo me Aƒetɔ de nunya kple gɔmesesee, be woate ŋu anya ale si woawɔ kɔkɔeƒe la tutu ŋu dɔwo katã la, nawɔ nu siwo katã Aƒetɔ de se be woawɔ la.”
2
Mose yɔ Bezaleel, Oholiab kple ame siwo katã ŋu ŋutete le, siwo Aƒetɔ de aɖaŋu tagbɔ na, eye wose le woƒe dzime be ele be yewoava wɔ dɔa la ƒo ƒui be woawɔ dɔa.
3
Woxɔ lɔlɔ̃nu nunana siwo katã Israelviwo tsɔ vɛ be woatsɔ awɔ kɔkɔeƒe la ƒe dɔ la, le Mose si. Amewo ganɔ lɔlɔ̃nu faa nunanawo tsɔm vɛ nɛ kokoko ŋdi sia ŋdi.
4
Ale be ame siwo katã ŋu ŋutete le, wole dɔ wɔm le kɔkɔeƒe la ŋu la dome ame sia ame tso le eƒe dɔ si wɔm wòle la gbɔ va,
5
eye wogblɔ na Mose be: “Dukɔ la tsɔ nu geɖe wu esi hiã na dɔ si Aƒetɔ be míawɔ la vɛ.”
6
Ale Mose ɖe gbe, woɖe gbeƒã le asaɖa la me be: “Ŋutsu o, nyɔnu o, ame aɖeke megatsɔ naneke vɛ azɔ hena kɔkɔeƒe la tutu o.” Tete wona dukɔ la dzudzɔ nuwo tsɔtsɔ vɛ.
7
Le nyateƒe me la, nuawo sɔ gbɔ de dɔ la katã wɔwɔ nu xoxo, eye wògbɔ edzi gɔ̃ hã.
8
Ame siwo katã ŋu ŋutete le wu le wo tɔwo dome la tsɔ xɔmetsovɔ ewo wɔ agbadɔ lae. Wotsɔ ɖeti ɣi dada, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kpakple ka dzẽ lɔ̃e, eye wowɔ kerubiwo ɖe wo ŋu.
9
Xɔmetsovɔawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe didime nye meta wui eve, eye eƒe kekeme nye meta eve; avɔawo katã ƒe lolome sɔ.
10
Ekpe avɔ atɔ̃ ɖe wo nɔewo nu, eye wògakpe atɔ̃ hã ɖe wo nɔewo nu.
11
Etɔ aɖabɛ blɔtɔ ƒe ka kotoewo ɖe avɔ kpekpea ƒe to ɖeka, eye wògatɔe ɖe avɔ kpekpe evelia ƒe to evelia hã.
12
Etɔ ka kotoe bla atɔ̃ ɖe avɔ ɖeka to, eye wòtɔ ka kotoe bla atɔ̃ hã ɖe avɔ kpekpe evelia to; ka kotoeawo le wo nɔewo kasa.
13
Etsɔ sika tu ganuvi bla atɔ̃, eye wòtsɔ ganuviawo lé avɔawo wozu ɖeka; ale wòzu nɔƒe blibo.
14
Etsɔ gbɔ̃fu lɔ̃ avɔ wuiɖekɛ be woatsɔ agba nɔƒe la tame.
15
Avɔ ɖeka ƒe didime nye meta wui ene eye wòkeke meta eve; avɔ wuiɖekɛawo katã ƒe lolome sɔ.
16
Ekpe avɔ atɔ̃ vovo, eye wòkpe ade hã vovo.
17
Etɔ ka kotoe bla atɔ̃ ɖe avɔ kpekpea ƒe to ɖeka, eye wògatɔ ka kotoe bla atɔ̃ ɖe avɔ kpekpe evelia ƒe to ɖeka.
18
Etsɔ akɔbli tu ganuvi bla atɔ̃ hetsɔ kpe agbadɔvɔawo wozu ɖeka.
19
Ewɔ agbogbalẽ kple gbɔ̃gbalẽ tsɔ gba agbadɔ la dzi.
20
Etsɔ xeti kpa ʋɔtruti siwo alé nɔƒea ɖe te la.
21
Ʋɔtruti ɖeka ƒe didime nye meta ene eye wòkeke sentimeta bla ade vɔ ade.
22
Ekpa ati ɖeka gɔme wòdze eve ale be wòate ŋu alí anyi. Ekpa nɔƒe la ƒe ʋɔtrutiawo katã gɔme alea.
23
Ati siwo wòwɔ na nɔƒe la le ale: ʋɔtruti bla eve le anyigbeme gome.
24
Etsɔ klosalo wɔ afɔ bla ene ɖe wo gɔme ale be afɔ eve le ʋɔtruti ɖe sia ɖe te.
25
Wowɔ ʋɔtruti bla eve na nɔƒe la ƒe axa evelia si le dzigbeme gome,
26
eye wòtsɔ klosalo wɔ afɔ bla ene ɖe wo ŋu; afɔ eveve le ʋɔtruti ɖeka gɔme.
27
Ewɔ ʋɔtruti ade ɖe nɔƒea ƒe akpa si le ɣetoɖoƒe gome,
28
eye wòwɔ ʋɔtruti eve ɖe dzogoe ɖe sia ɖe me na nɔƒe la le megbe gome.
29
Wo gɔme kple wo tame kpe le ʋɔtrutiawo ŋu, ale be asigɛ ɖeka nanɔ wo ŋu. Alea wowɔ wo ame eve lae le dzogoe eveawo dzi.
30
Wo katã le ʋɔtruti enyi siwo gɔme klosalofɔ wui ade le; afɔ eveve le ʋɔtruti ɖe sia ɖe gɔme.
31
Etsɔ xeti kpa gameti atɔ̃ ɖe ʋɔtruti siwo le nɔƒe la ƒe axa ɖeka ŋu,
32
gameti atɔ̃ ɖe ʋɔtruti siwo le nɔƒe la ƒe axa evelia ŋu kple gameti atɔ̃ ɖe ʋɔtruti siwo le nɔƒe la megbe le ɣetoɖoƒe gome la ŋu.
33
Ewɔ gameti dometɔ wòto ʋɔtrutiawo titina, tso go ɖeka me va se ɖe go evelia dzi.
34
Efa sika ɖe ʋɔtrutiawo ŋu, eye wòtsɔ sika tu wo ŋu sigɛ siwo me woaƒo gametiawo ɖo; efa sika ɖe gametiawo hã ŋu.
35
Etsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti ɣi dada lɔ̃ xɔmetsovɔ la, eye wòwɔ kerubiwo aɖaŋutɔe ɖe eme.
36
Etsɔ xeti kpa sɔti ene ɖe eŋu hefa sika ɖe wo ŋu. Ga gɔdɔ̃e si le wo ŋu la nye sika, eye wòkɔ klosalofɔ ene ɖe wo gɔme.
37
Etsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti ɣi dada lɔ̃ avɔ, tsɔ abui ɖo nuwo ɖe eme aɖaŋutɔe be woatsɔ atu agbadɔ la nu.
38
Ewɔ sɔti atɔ̃ kple wo ŋu ga gɔdɔ̃eawo ɖe eŋu, eye wofa sika ɖe wo tame kple woƒe helétiwo ŋu, ke etsɔ akɔbli wɔ afɔ atɔ̃ ɖe wo gɔme.
← Chapter 35
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 37 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40