bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Exodus 38
Exodus 38
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 37
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 39 →
1
Etsɔ xe kpa numemevɔsamlekpui la hã. Edidi meta eve kple afã eye wòkeke meta eve kple afã; akpa eneawo sɔ. Ekɔ meta ɖeka kple afã.
2
Ewɔ lãdzo ɖe eƒe dzogoe eneawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. Ewɔ dzoawo kple vɔsamlekpui la ɖekae, eye wòfa akɔbli ɖe vɔsamlekpui la ŋu.
3
Etsɔ akɔbli wɔ vɔsamlekpui la ŋu nuwo katã siwo nye: dzowɔlɔnuwo, sofiwo, zewo, gaflowo kple dzoɖesonuwo.
4
Etsɔ akɔbli wɔ gaɖɔ hã ɖe eŋu godoo tso ete va se ɖe titina.
5
Ewɔ akɔblisigɛ ene ɖe akɔbligaɖɔ la ŋu, ɖeka ɖe eƒe dzogoe eneawo dometɔ ɖe sia ɖe gbɔ, be woate ŋu aƒo kpo ɖe wo me.
6
Etsɔ xe kpa kpoawo, eye wòfa akɔbli ɖe woawo hã ŋu.
7
Etsɔ kpoawo ƒo ɖe asigɛawo me le vɔsamlekpuia ƒe axawo dzi be ne woate ŋu atsɔ wo akɔe. Ʋuƒo wòtsɔ wɔ vɔsamlekpui lae ale be do le eme.
8
Etsɔ akɔbli wɔ tsileze la kple eƒe zɔ hã. Nyɔnu siwo subɔna le godoƒegbadɔa nu ƒe ahũhɔ̃ewoe wòtsɔ wɔe.
9
Eyome ewɔ xɔxɔnu la. Etsɔ ɖeti ɣi dada lɔ̃ avɔ hena kpɔ la tɔtɔ le anyigbemekpa dzi si didi meta bla ene vɔ ene.
10
Wotu kpɔti bla eve siwo gɔme akɔblifɔ bla eve le la ɖe eŋu; ke etsɔ klosalo wɔ kpɔtiawo ŋu ga gɔdɔ̃ewo kple helétiwoe.
11
Dzigbemekpa hã didi meta bla ene vɔ ene, eye wotu kpɔti bla eve siwo gɔme akɔblifɔ bla eve le la ɖe eŋu; ke etsɔ klosalo wɔ kpɔtiawo ŋu ga gɔdɔ̃eawo kple helétiawoe.
12
Le ɣetoɖoƒekpa dzi la, avɔ la didi meta bla eve vɔ eve, kpɔti ewo siwo gɔme afɔ ewo le la le eŋu eye wotsɔ klosalo wɔ kpɔtiawo ŋu ga gɔdɔ̃eawo kple helétiawoe.
13
Ɣedzeƒekpa dzi le meta bla eve vɔ eve.
14
Avɔ meta ade kple afã le eƒe akpa ɖeka, eye kpɔti etɔ̃ siwo gɔme afɔ etɔ̃ le la, kpe ɖe eŋu.
15
Avɔ si le akpa evelia la le meta ade kple afã, eye kpɔ etɔ̃ siwo gɔme afɔ etɔ̃ le la, kpe ɖe eŋu. Alea wole le agbo la ƒe akpa eveawo.
16
Ɖeti ɣi dada wotsɔ lɔ̃ avɔ siwo katã le kpɔa ŋu godoo va kpe lae.
17
Kpɔtiawo ƒe afɔwo nye akɔbli; ke wotsɔ klosalo wɔ wo ŋu ga gɔdɔ̃eawo kple helétiawoe. Wofa klosalo ɖe kpɔtiawo tame hã.
18
Ena avɔlɔ̃la tsɔ aɖabɛ blɔtɔ ƒe ka, hẽtɔ ƒe ka, dzẽtɔ ƒe ka kple ɖeti ɣi dada lɔ̃ avɔ si woatsi ɖe nɔƒea ƒe agbo nu. Ena wota nu ɖe eme hã kple abui. Mɔnuvɔ la didi meta asieke eye wòkɔ meta eve abe avɔ bubu siwo hã le kpɔa me la ene. Wotsɔ abui ta atsyɔ̃ɖonuwo ɖe eme.
19
Ekpa kpɔti ene ɖe eŋu; woƒe afɔwo nye akɔbli, ga gɔdɔ̃eawo nye klosalo eye wofa klosalo ɖe kpɔtiawo tame kple helétiawo ŋu.
20
Agbadɔ la ŋu tsyotiwo kple kpɔ la ŋu tsyotiwo katã nye akɔbli.
21
Agbadɔa tutu ƒe dzeside si wolé da ɖie nye esi: agbadɔ si me nubabla la le la, abe ale si Mose de see ene, hena Levi viwo ƒe dɔwɔwɔ le Itamar, nunɔla Aron viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te.
22
Bezaleel, Uri viŋutsu, ame si nye Xur tɔgbuiyɔvi tso Yuda-to la mee wɔ nu sia nu abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene.
23
Eƒe kpeɖeŋutɔe nye Oholiab, Axisamak viŋutsu tso Dan-to la me. Enye aɖaŋunuwo kpala, eye wòtsɔa aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti ɣi lɔ̃a aɖaŋuvɔ ƒomevi vovovowoe.
24
Sika siwo katã ŋudɔ wowɔ le dɔ la wɔwɔ kple kɔkɔeƒe la katã tutu me kpakple sika si tso nudzɔdzɔ me la ƒe kpekpeme le kilo akpe ɖeka le kɔkɔeƒe la ƒe nudada nu.
25
Klosalo siwo ame xexlẽawo na la ƒe kpekpeme le kilo akpe etɔ̃ alafa ene bla etɔ̃ le kɔkɔeƒe la ƒe nudada nu.
26
Ŋutsu siwo katã woxlẽ, ame siwo xɔ ƒe bla eve alo wu nenema la, le ame akpe alafa ade kple etɔ̃, alafa atɔ̃ bla atɔ̃, eye wo dome ame sia ame na beka ɖeka si nye sekel kɔkɔe afã.
27
Wotsɔ klosalo kilo akpe etɔ̃ alafa ene kɔ̀ kɔkɔeƒe la ƒe afɔwo kple xɔmetsovɔ la ƒe afɔwo; kilo bla etɔ̃ vɔ ene de afɔ ɖeka nu.
28
Etsɔ kilo bla etɔ̃ tu kpɔtiawo ŋu ga gɔdɔ̃eawo kple helétiawo; eya ke wofa ɖe wo tame.
29
Akɔbli siwo wodzɔ la le kilo akpe eve alafa ene bla eve vɔ atɔ̃.
30
Woawo wòtsɔ wɔ godoƒegbadɔ la ŋu ʋɔtrutiwo ƒe afɔwo kple akɔblivɔsamlekpui la, eŋu dzralawo kpakple vɔsamlekpui la ŋu gbawo kple kpluwo,
31
kpɔ la ƒe afɔwo godoo va kpe kple agbo la ƒe afɔwo, nɔƒe la ƒe tsyotiwo katã kple kpɔ la ƒe tsyotiwo katã godoo va kpe.
← Chapter 37
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 39 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40