bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Exodus 24
Exodus 24
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 25 →
1
Egblɔ na Mose be: “Wò ŋutɔ, Aron, Nadab, Abihu kple Israel-me tsitsiawo dome ame bla adrẽ, milia toa ne miate ɖe Aƒetɔ ŋu. Minɔ adzɔge ne miade ta agu.
2
Mose ɖeka ko nete ɖe Aƒetɔ ŋu. Ame mamlɛawo megate va o, eye dukɔ la megalia to la kplii o.”
3
Mose va gblɔ Aƒetɔ ƒe nyaawo katã kple ɖoɖoawo katã na dukɔ la; tete dukɔ la lɔ̃ ɖe wo dzi kple gbe ɖeka be: “Míawɔ nu siwo katã Aƒetɔ gblɔ na mí la.”
4
Mose ŋlɔ Aƒetɔ ƒe nyaawo katã ɖi. Le evea gbe ŋdi la, efɔ yi ɖaɖi vɔsamlekpui ɖe toa gɔme. Eɖi ŋkuɖodzikpe wui eve hã ɖe afi ma, ɖe Israel-to wui eveawo nu.
5
Ena Israelviwo dome ɖekakpuiwo yi ɖawɔ numemevɔsawo na Aƒetɔ, eye wòna wotsɔ nyitsuwo sa ŋutifafavɔ hã nɛ.
6
Eku nyitsuawo ƒe ʋu ƒe afã ɖe agbawo me da ɖi, eye wòhlẽ afã mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la ŋu.
7
Etsɔ agbalẽ si me wòŋlɔ nublanyaawo ɖo, eye wòxlẽe be dukɔ la nasee. Tete wogblɔ be: “Miawɔ nu siwo katã Aƒetɔ gblɔ na mí la pɛpɛpɛ, eye mianye toɖolawo.”
8
Eyome Mose tsɔ ʋu la wu ɖe ameawo ŋu hegblɔ be: “Kpɔ ɖa, esiae nye nu si Aƒetɔ bla kpli mi le nya siwo katã wògblɔ na mi la nu.”
9
Esia megbe, Mose, Aron, Nadab, Abihu kple Israel-me tsitsi bla adrẽ la yi toa dzi.
10
Tete wokpɔ Israel ƒe Mawu la. Nu gbadza aɖe si dze abe gblotie wotsɔ wɔe ene la le eƒe afɔ te. Nua kɔ keŋkeŋ abe dziŋgɔli ene.
11
Mewɔ nu vevi aɖeke Israelviwo ƒe ame veviawo o. Wokpɔ Mawu, eye woɖu nu, no nu.
12
Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Va gbɔnye le toa dzi; lala le afi ma. Matsɔ kpe gbadzɛ siwo dzi meŋlɔ seawo ɖo be nàɖafia Israelviwo la na wò.”
13
Ale Mose tso kple Yosua eye woyi Mawu ƒe to la dzi.
14
Mose gblɔ na ame tsitsiawo be: “Minɔ afi sia va se ɖe esime míagbɔ. Mikpɔ ɖa, Aron kple Xur le mia gbɔ. Ne ʋɔnunya aɖe le mia dometɔ aɖe si la, mitsɔe yi wo gbɔe.
15
Mose yi toa dzi. Tete alilikpo tsyɔ toa dzi.
16
Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe va nɔ Sinai-to la dzi eye alilikpoa tsyɔe ŋkeke ade. Le ŋkeke adrẽa gbe la, eyɔ Mose tso alilikpoa me.
17
Azɔ la Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe le abe dzo binu ene le toa tame nɔ dzedzem Israelviwo kpɔ.
18
Mose ge ɖe alilikpo la me eye wòyi toa dzi. Mose nɔ toa dzi ŋkeke bla ene, zã bla ene.
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 25 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40