bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Exodus 20
Exodus 20
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 21 →
1
Mawu gblɔ nya siawo katã be:
2
“Nyee nye Aƒetɔ, wò Mawu, si kplɔ wò dzoe le Egipte-nyigba dzi, afi si nènye kluvi le kpɔ la.
3
“Mawu bubu aɖeke meganɔ asiwò le ŋkunye me o.
4
“Mègawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò o. Mègawɔ nu siwo le dziƒo, alo nu siwo le anyigba dzi, alo nu siwo le tsi me le anyigba te la dometɔ aɖeke ƒe nɔnɔme o.
5
Mègade ta agu na ɖeke alo asubɔ ɖeke o. Elabe nye Aƒetɔ, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye. Mehea to na vi siwo léa fum, ɖe wo tɔ́wo ƒe vodada nu, va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi.
6
Gake mevea ame akpe nane siwo lɔ̃am, eye wowɔa nye sewo dzi ya nu.
7
“Mègayɔ Aƒetɔ, wò Mawu ŋkɔ dzodzro o, elabe Aƒetɔ magbe tohehe na ame si yɔa eŋkɔ dzodzro la o.
8
“Ɖo ŋku dzudzɔgbe la dzi, ne nàwɔe kɔkɔe.
9
Ŋkeke ade nàwɔ dɔ, eye nàwɔ ŋuwò dɔwo katã.
10
Ke ŋkeke adrẽlia nye dzudzɔgbe na Aƒetɔ, wò Mawu la. Gbe ma gbe la, mègawɔ dɔ aɖeke o. Eɖanye wò ŋutɔ o, viwò ŋutsu o, viwò nyɔnu o; eɖanye wò dɔlaŋutsu, wò dɔlanyɔnu, lã siwo wɔa dɔ na wò alo amedzro si va dze wò du me la o.
11
Elabe ŋkeke ade mee Aƒetɔ wɔ dziƒo kple anyigba, atsiaƒu kple nu siwo katã le eme, eye wòdzudzɔ eɖokui le ŋkeke adrẽa gbe. Eya ta Aƒetɔ yra dzudzɔgbe la, eye wòwɔe kɔkɔe.
12
“Bu tɔ́wò kple nɔwò, be nànɔ agbe wòadidi le anyigba si Aƒetɔ, wò Mawu na wò la dzi.
13
“Mègawu ame o.
14
“Mègawɔ ahasi o.
15
“Mègafi fi o.
16
“Mègaɖi aʋatsoɖase ɖe hawòvi ŋuti o.
17
“Mègabiã ŋu ɖe hawòvi ƒe aƒe ŋu o. Mègabiã ŋu ɖe hawòvi srɔ̃, eƒe dɔlaŋutsu, eƒe dɔlanyɔnu, eƒe nyitsu alo eƒe tedzi alo nu sia nu si nye hawòvi tɔ la ƒe ɖeke ŋu o.”
18
Esi ameawo se dzi ƒe gbeɖeɖeawo kple kpẽa ƒe ɖiɖi, eye wokpɔ dzi ƒe dzokeke kple ale si to la le dzudzɔ tumee la, wovɔ̃, dzo nyànyanya eye wole tsitre ɖe adzɔge ke.
19
Wogblɔ na Mose be: “Wò, ƒo nu kpli mí, eye míasee; ke mègana Mawu naƒo nu kpli mí o; míava ku.”
20
Mose gblɔ na wo be: “Migavɔ̃ o. Mawu ɖeko wòva be yeado mi kpɔ eye yeana vɔvɔ̃ nanɔ ye ŋu le mia dome be miagawɔ nuvɔ̃ o.”
21
Dukɔ la tsitre ɖe adzɔge ke, esime Mose te ɖe viviti tsiɖitsiɖi si me Mawu nɔ la ŋu.
22
Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Gblɔ na Israelviwo be: ‘Miawo ŋutɔ miekpɔe! Dziƒo ke meƒo nu kpli mi tso.
23
Migawɔ klosalo mawuwo kpe ɖe ŋunye loo, alo miawɔ sika mawuwo na mia ɖokui o.
24
Tsɔ anyi ɖi vɔsamlekpui nam, eya dzie nàtsɔ wò alẽwo kple nyitsuwo asa numemevɔ, wò ŋutifafavɔ, atsɔ alẽwo, nyitsuwo le afi sia afi si mena be woaɖo ŋku nye ŋkɔ dzi le la. Mava gbɔwò eye mayra wò.
25
Ne èbe yeatsɔ kpe aɖi vɔsamlekpui nam la, mègatsɔ kpe si wofú la o, elabe ne ètsɔ wò dɔwɔnu aɖe ka kpe la ŋu ko, ègblẽ kɔ ɖo nɛ.
26
Mègalia atrakpui yi nye vɔsamlekpui dzi, be wò ama me nadze le edzi o.’
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 21 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40