bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Exodus 29
Exodus 29
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 28
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 30 →
1
“Azɔ nu si nàwɔ na wo be nàwɔ wo kɔkɔe, ne woazu nunɔlawo asubɔm lae nye esi: Lé nyitsu ɖagbee ɖeka kple agbo eve siwo naneke mewɔ afi aɖeke na o la.
2
Tsɔ wɔ memee ƒo abolo maʋamaʋã kple aboŋgo maʋamaʋã. Tɔ tatali maʋamaʋã eye nàkɔ ami ɖe edzi.
3
Fɔ wo de kusi me tsɔ ɖe asi, eye nàkplɔ nyitsu la kple agbo eveawo vɛ.
4
Kplɔ Aron kple via ŋutsuawo va godoƒegbadɔ la nu eye nale tsi na wo.
5
Fɔ awuawo vɛ, eye nàdo awutewui ʋlaya la kple dziwui la kpakple kɔmewu la na Aron. Gba wo dzi nɛ kple akɔtagbanu eye nàtsɔ akɔtaɖonu la aɖo eŋu.
6
Bla tablanu la nɛ, eye nàtsi ŋgoblanu kɔkɔe la ɖe tablanu la ŋu.
7
Azɔ tsɔ ami sisi la nakɔ ɖe eƒe tame eye nàsii nɛ.
8
Eyome nàna via ŋutsuawo nate va, eye nàdo awutewui ʋlaya na wo.
9
Bla ali dzi na wo eye nàbla tablanu la hã na wo; ekema nunɔladɔ la azu wo tɔ tegbee. Aleae nàɖo Aron kple via ŋutsuawo nunɔlawoe.
10
“Eyome kplɔ nyitsua va godoƒegbadɔa nu. Aron kple via ŋutsuawo nava tsɔ asi aɖo eƒe tame,
11
eye nàwu nyitsua le Aƒetɔ ŋkume le godoƒegbadɔ la ƒe ʋɔtru nu.
12
De asibidɛ nyitsua ƒe ʋu me nàtsɔ asisi ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, eye nàtsɔ ʋu mamlɛa akɔ ɖe vɔsamlekpuia te.
13
Ɖe ami siwo katã le dɔmenuawo ŋu, esiwo le aklãa ŋu kple ayiku eveawo kpakple wo ŋuti miwo, eye nàtɔ dzo wo katã ɖe vɔsamlekpui la dzi, ne woafiã keŋkeŋ.
14
Ke nàtɔ dzo nyitsua ƒe lã, eƒe agbalẽ kple mi siwo le dɔme nɛ la le asaɖa la godo, elabe nuvɔ̃vɔsae.
15
“Azɔ he agbo ɖeka vɛ, eye Aron kple via ŋutsuwo natsɔ woƒe asiwo ada ɖe agbo la ƒe tame.
16
Wu agbo la eye nàtsɔ eƒe ʋu awu ɖe vɔsamlekpui la dzi godoo ava kpe.
17
Fli agbo la kakɛkakɛe, nàklɔ dɔmenuawo kple afɔawo eye nàtsɔ wo akpe ɖe eƒe lã mamlɛa kple eƒe ta ŋu.
18
Nàtɔ dzo agbo bliboa katã ɖe vɔsamlekpui la dzi; numemevɔsa wònye na Aƒetɔ. Enye ʋeʋẽ lílilĩ ƒe dzo si dzea Aƒetɔ ŋu.
19
“Emegbe nàhe agbo evelia vɛ, eye Aron kple via ŋutsuawo natsɔ woƒe asiwo ada ɖe agbo la ƒe tame.
20
Wu agbo la nàtsɔ eƒe ʋu asisi ɖe Aron kple via ŋutsuwo ƒe nuɖusi togboewo, nuɖusi degblefetsuwo kple nuɖusifɔ degblefetsuwo ŋu, eye nàtsɔ ʋu mamlɛa awu ɖe vɔsamlekpuia ŋu godoo ava kpe.
21
Eyome tsɔ ʋu si le vɔsamlekpuia dzi la ƒe ɖe kple amisiname la ƒe ɖe awu ɖe Aron kple eƒe awuwo ŋu. Gawu ʋua kple amisiname la ƒe ɖe ɖe via ŋutsuawo kple woƒe awuwo hã ŋu. Ekema Aron ŋutɔ kple eƒe awuwo azu kɔkɔe, eye via ŋutsuawo kple woƒe awuwo hã ŋuti akɔ.”
22
“Azɔ nàɖe ami le agboa ŋu, ɖe asikɛ la kple eŋu miwo, ɖe ami si le eƒe dɔmenuawo ŋu, ɖe ami si le eƒe aklã kple ayiku eveawo ŋu eye nàɖe agboa ƒe nuɖusita elabe ameɖoɖo Mawu ƒe dɔ nu ƒe agboe.
23
Tsɔ abolo bɔbɔe ɖeka, aboŋgo ɖeka kple tatali ɖeka siwo nye nu maʋamaʋãwo le Aƒetɔ ŋkume le kusia me.
24
Tsɔ nuawo katã nàde asiƒome na Aron kple via ŋutsuawo, eye nànyè nuawo le Aƒetɔ ŋkume.
25
Emegbe nàxɔ nuawo le wo si ada ɖe vɔsalã la dzi le vɔsamlekpuia dzi, eye nàtɔ dzo wo, bene woaʋẽ lililĩ ɖe Aƒetɔ; Aƒetɔ ƒe dzovɔsa wònye.
26
“Ɖe agbo si wowu tsɔ ɖo Aron la ƒe akɔ eye nànyèe le Aƒetɔ ŋkume, emegbe wòazu tɔwò.
27
Kɔ̀ agbo si wowu tsɔ ɖo Aron kple via ŋutsuawoe la ƒe akɔ kple ata siwo wonyè xoxo la ŋuti elabe Aron kple via ŋutsuawo tɔe.
28
Anye adzɔ na Aron kple via ŋutsuawo tso Israelviwo gbɔ tegbee elabe nunɔlawo ƒe gomee. Anye adzɔ si Israelviwo ana Aƒetɔ tso woƒe ŋutifafavɔsawo me. Woƒe vɔsa na Aƒetɔ wònye.
29
Aron ƒe awu kɔkɔeawo nazu via ŋutsu siwo ava nɔ eteƒe la tɔ, eye woanɔ wo ŋu hafi woasi ami na wo, aɖo wo.
30
Aron viŋutsu si zu nunɔla ɖe eteƒe la nado wo ŋkeke adrẽ, ne wòva godoƒegbadɔ la me be wòasubɔ le kɔkɔeƒe la.
31
“Tsɔ agbo si wowu tsɔ ɖo Aron kple via ŋutsuawo ƒe lã, eye nàɖae le teƒe kɔkɔe aɖe.
32
Aron kple via ŋutsuawo natsɔ abolo si le kusia me aɖu agbolã la le Mawu ƒe agbadɔ la nu.
33
Ale woaɖu nu mawo siwo wotsɔ ɖe nuvɔ̃ ɖa le wo ŋu hewɔ wo kɔkɔe hafi ɖo wo la; ke ame bubu aɖeke mekpɔ mɔ aɖu nu mawo o, elabe nu kɔkɔe wonye.
34
Ne vɔsalã ma si wotsɔ ɖo ameawoe kple aboloa ƒe ɖe tsi anyi ŋu ke ɖe edzi la, ame aɖeke mekpɔ mɔ aɖui o; ele be woatɔ dzoe elabe nu kɔkɔe wònye.
35
“Alea ye nàwɔ na Aron kple via ŋutsuawo abe ale si megblɔ na wò ene la tututu; ŋkeke adrẽ sɔŋ nàtsɔ aɖo woe.
36
Gbe sia gbe la, nàwu nyitsu ɖeka hena nuvɔ̃vɔsa abe avulénu ene. Ɖe nuvɔ̃ ɖa le vɔsamlekpui la ŋu to avulénuawo mème le edzi me, eye nàsi ami nɛ awɔe kɔkɔe.
37
Ŋkeke adrẽ sɔŋ nàmè avulénuwo le vɔsamlekpui la dzi, eye nàwɔe kɔkɔe ale be vɔsamlekpui la nazu nu kɔkɔetɔ kekeake. Nu sia nu si aka vɔsamlekpui la ŋu la, azu kɔkɔe.
38
“Azɔ nu si wòle be nàmè le vɔsamlekpui la dzi lae nye esi: Gbe sia gbe nàmè alẽvi eve siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka.
39
Mè alẽvi ɖeka le ŋdi me, eye nàgamè ɖeka le fiẽ me.
40
Le alẽvi gbãtɔ gome la, tsɔ wɔ memee kilo ɖeka dzaba ami nyui lita ɖeka eye nàtsɔ wain lita ɖeka awɔ nunonovɔsa akpe ɖe alẽvi ɖeka la ŋu.
41
Mè alẽvi evelia le fiẽ me eye nàwɔ nuɖuɖuvɔsa kple nunonovɔsa siwo kpe ɖe eŋu la abe ŋdi me tɔ ene. Esia anye dzovɔsa si aʋẽ lililĩ ɖe Aƒetɔ.
42
Esia nanye numemevɔsa si me miaƒe dzidzimeviwo alé ɖe asi, le godoƒegbadɔ la nu, le Aƒetɔ ŋkume, afi si maɖe ɖokuinye afia mi le, eye maƒo nu kpli mi le afi ma.
43
Afi mae mado go Israelviwo le, eye nye ŋutikɔkɔe ana agbadɔ ŋuti nakɔ.
44
Makɔ̀ godoƒegbadɔ la kple vɔsamlekpuia ŋu, eye makɔ̀ Aron kple via ŋutsuawo ŋuti be woanye nunɔlawo asubɔm.
45
Manɔ Israelviwo dome eye manye woƒe Mawu.
46
Woadze sii be nyee nye Aƒetɔ, woƒe Mawu si kplɔ wo dzoe le Egipte-nyigba dzi, be manɔ wo dome. Nyee nye Aƒetɔ, woƒe Mawu.
← Chapter 28
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 30 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40