bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Exodus 39
Exodus 39
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 38
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 40 →
1
Wotsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kple ka dzẽ lɔ̃ atsyɔ̃ɖowuwo be woatsɔ awɔ subɔsubɔdɔe le kɔkɔeƒe la, eye wolɔ̃ awu kɔkɔewo na Aron, abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene.
2
Etsɔ sika, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti ɣi dada lɔ̃ kɔmewu la.
3
Woƒo sika la gbabɛ eye wodzee lɛlɛlɛ be aɖaŋuvɔlɔ̃lawo nate ŋu atsɔe atsaka kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti ɣi dada alɔ̃ aɖaŋutɔe.
4
Akpa eve me kɔmewu la le, eye wokpee le eƒe goawo kple eve me.
5
Akɔblanu si le eŋu la wɔ ɖeka kplii; sika, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti ɣi dada ke wotsɔ lɔ̃e aɖaŋutɔe abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene.
6
Wotsɔ sika ƒo fefeka ɖe sohamkpe eve ŋu, eye ŋkɔɖelawo ɖe Israel viŋutsuwo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi.
7
Etsɔ wo ɖo kɔmewu la ƒe abɔtawo hena ŋkuɖoɖo Israel viŋutsuwo dzi, abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene.
8
Ewɔ akɔtaɖonu la aɖaŋutɔe kple sika, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti ɣi dada abe kɔmewu la ene.
9
Dzogoe ene me wòle, eye woŋe akɔtaɖonu la me ɖe eve; edidi asi ƒe dzidzeme ɖeka, eye wòkeke asi ƒe dzidzeme ɖeka.
10
Woɖo kpewo ɖe eŋu ɖe agbaka ene me. Agbaka gbãtɔ nye: karneol, topas kple smaragd.
11
Agbaka evelia nye: rubin, safir kple oniks.
12
Agbaka etɔ̃lia nye: lugurio, axat kple ametist.
13
Agbaka enelia nye: krisolit, soham kple yaspis, eye wotsɔ sika ƒo fefeka ɖe wo ŋu ƒo xlã wo.
14
Kpeawo le wui eve ɖe Israel viŋutsuwo ŋkɔwo nu, eye ŋkɔɖelawo ta to wui eveawo ŋkɔwo ɖe wo dzi.
15
Wotsɔ ka si wotsɔ sika nyuitɔ gbee la wɔ kɔsɔkɔsɔwo ɖe akɔtaɖonu la ŋu.
16
Eyome wotsɔ sika wɔ gbo eve kple sikasigɛ eve, eye wotɔ asigɛ eveawo ɖe akɔtaɖonu la ƒe dzogoewo dzi.
17
Wotsɔ sikakɔsɔkɔsɔ eveawo de asigɛ eveawo me le akɔtaɖonu la ƒe dzogoewo dzi.
18
Eyome wode kɔsɔkɔsɔ eveawo ƒe nu eveawo ƒe gbo eveawo ŋu, eye wotɔ gboawo ɖe kɔmewu la ƒe abɔtawo ŋgɔ.
19
Wogawɔ sikasigɛ eve, eye wotɔ wo ɖe akɔtaɖonu la ƒe dzogoe mamlɛ eveawo dzi le eme ale be wodze akɔtablanu la dzi.
20
Emegbe wogawɔ sikasigɛ eve, eye wotɔ wo ɖe kɔmewu la ƒe abɔtawo kple eve to le ŋgɔ, afi si woɖe kɔme nɛ ɖo aɖaŋutɔe le kɔmewu la ƒe dzi gome.
21
Wogbi aɖabɛ blɔtɔ ƒe ka sa ɖe asigɛ siwo le akɔtaɖonua ŋu la ŋuti hetsi ɖe asigɛ siwo le kɔmewua ŋu la ŋuti, ale be akɔtaɖonu la lí ɖe akɔtablanu la dzi maʋamaʋãe abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene.
22
Etsɔ aɖabɛ blɔtɔ ƒe ka ɖeɖe lɔ̃ dziwui si dzi woado kɔmewu ɖo la.
23
Woɖe kɔme nɛ ɖe titina eye woƒo kɔme la to va kpe be magadze o.
24
Etsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti ɣi dada wɔ yevuboɖawo ɖe awu la to godoo va kpe.
25
Wotsɔ sika nyuitɔ wɔ nyawowoewo, eye wotsi nyawowoeawo ɖe yevuboɖawo dome le dziwui la to godoo va kpe;
26
nyawowoe ɖeka yevuboɖa ɖeka, nyawowoe ɖeka yevuboɖa ɖeka. Alea wole le dziwui la to godoo va kpe hena subɔsubɔ ƒe dzesi abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene.
27
Wotsɔ ɖeti ɣi lɔ̃ awutewui ʋlayawo na Aron kple via ŋutsuwo.
28
Wotsɔ ɖeti ɣi lɔ̃ tablanuwo, eye wotsɔ ɖeti ɣi dada lɔ̃ agbotɛ ɣiawo.
29
Wotsɔ ɖeti ɣi dada, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kpakple ka dzẽ lɔ̃ alidziblanu la tsɔ abui ɖo nu ɖe eme aɖaŋutɔe abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene.
30
Emegbe wotsɔ sika nyuitɔ wɔ fiakuku kɔkɔe la eye ŋkɔɖelawo ŋlɔ nu ɖe edzi be: “Ele kɔkɔe na Aƒetɔ”.
31
Wotsi aɖabɛ blɔtɔ ƒe ka ɖe eŋu be woate ŋu asae ɖe tablanu la ŋu abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene.
32
Ale wowu nɔƒe si nye godoƒegbadɔ la ŋudɔwo katã nu. Ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose be woawɔe la, nenema Israelviwo wɔe pɛpɛpɛ.
33
Wokɔ nɔƒe la va Mose gbɔ; agbadɔ la kple eŋu nuwo katã, eŋu ga gɔdɔ̃eawo, ʋɔtrutiawo, gametiawo sɔtiawo, afɔawo,
34
agbogbalẽ kple gbɔ̃gbalẽ siwo wote kpee kpakple xɔmetsovɔ la,
35
nubablaɖaka la, eŋu kpoawo kple nutuvi la,
36
kplɔ̃ la kple eŋu nuwo katã kpakple vɔsabolo la,
37
sikakaɖiti la kple eŋu kaɖigbɛawo si woɖo ɖe agbaka nu, eŋu nuwo katã kple akaɖimemi,
38
sikavɔsamlekpui la, amisinanu la kple dzudzɔdonu si wotsɔ atike ʋeʋẽewo wɔe kpakple agbadɔnuvɔ la,
39
akɔblivɔsamlekpui la kple eŋu akɔblidzrala la, eŋu kpoawo kple eŋu nuwo katã; tsileze la kple eƒe zɔ;
40
kpɔ la ŋu vɔwo, kpɔtiawo, afɔawo kple agbonuvɔ na xɔxɔnu la, agbadɔ ŋu kawo kple tsyotiawo kpakple nu siwo katã ŋudɔ woawɔ le nɔƒe si nye godoƒegbadɔ la me:
41
atsyɔ̃ɖowu nyui siwo woado awɔ subɔsubɔdɔ le kɔkɔeƒe la, nunɔla Aron ƒe awu kɔkɔewo kple via ŋutsuwo ƒe awuawo be woanye awu siwo nunɔlawo atsɔ asubɔe abe nunɔlawo ene.
42
Ale si tututu Aƒetɔ gblɔ na Mose la, nenema pɛpɛpɛ Israelviwo wɔ dɔ blibo lae.
43
Mose kpɔ dɔawo katã eye kpɔ ɖa, wowɔe abe ale si Aƒetɔ gblɔ be woawɔe la ene. Tete Mose yra wo.
← Chapter 38
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 40 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40