bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Exodus 3
Exodus 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 4 →
1
Mose nɔ toa Yetro si nye Midiantɔwo ƒe nunɔla la ƒe lãwo dzi kpɔm. Gbe ɖeka esi wòkplɔ lãawo yi gbedzi la, eva do ɖe Xoreb, Mawu ƒe to la gbɔ.
2
Tete Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae le dzobibi me le ŋugbe aɖe me. Esi wòɖe ŋku ɖe eŋu la, ekpɔ be dzoa le bibim gake gbea mele fiafiãm o.
3
Mose gblɔ be: “Mayi aɖakpɔ nu dziŋɔ sia ɖa: nu si ta gbea mele fiafiãm o!”
4
Esi Aƒetɔ kpɔ be edze be yeakpɔ nua ɖa la, eyɔe tso ŋugbea me be: “Mose, Mose!” Mose tɔ be: “Nyee nye esi.”
5
Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Mègate va afii o. Ɖe wò atokota le afɔ, elabe anyigba si dzi nètsi tsitre ɖo la, anyigba kɔkɔe ye.”
6
Egagblɔ be: “Nyee nye tɔgbuiwòwo ƒe Mawu, Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu.” Tete Mose tsyɔ nu ŋkume elabe enɔ vɔvɔ̃m be yeakpɔ Mawu.
7
Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Mekpɔ ale si wole funyafunya wɔm nye dukɔ le Egipte. Mese ɣli si dom wole be woaɖe yewo tso dɔdzikpɔla siwo te wo ɖe anyi la si me.
8
Ẽ, menya woƒe fukpekpewo eya ta meɖi va be maɖe wo tso Egiptetɔwo si me, eye makplɔ wo ayi anyigba nyui aɖe dzi. Anyigba sia keke, eye notsi kple anyitsi bɔ ɖe edzi. Afi ma Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo Perizitɔwo, Xivitɔwo kple Yebusitɔwo le.
9
Israelviwo ƒe ɣli ɖi mese eye mekpɔ ale si Egiptetɔwo le wo tem ɖe anyii.
10
Eya ta va, madɔ wò ɖe Egipte Fiagã gbɔ be nàɖe nye dukɔ Israelviwo tso esi me, eye nàkplɔ wo dzoe le Egipte.”
11
Ke Mose gblɔ na Mawu be: “Ame ka menye be maɖado ɖe Egipte Fiagã ŋkume eye be makplɔ Israelviwo adzoe le Egipte?”
12
Mawu ɖo eŋu nɛ be: “Manɔ kpli wò; eye dzesi si nàkpɔ anya be nyee dɔ ye ɖa lae nye be: ne èkplɔ dukɔ la do goe tso Egipte la, miasubɔm le to sia dzi.”
13
Mose bia Mawu be: “Ne meyi Israelviwo gbɔ, eye megblɔ na wo be: ‘Mia tɔgbuiwo ƒe Mawu lae dɔm ɖe mia gbɔ,’ eye wobiam be: ‘Eŋkɔ ɖe?’ hã la, ale ke maɖo eŋu na wo?”
14
Mawu gblɔ na Mose be: “AME SI MENYE LAE MENYE.” Eyi edzi be: “Gblɔ na Israelviwo be: ‘MENYE ye dɔm ɖe mia gbɔ.’ ”
15
Mawu gagblɔ na Mose be: “Gblɔ na Israelviwo be: “Aƒetɔ, mia tɔgbuiwo ƒe Mawu: Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawue dɔm ɖe mia gbɔ. Esiae nye nye ŋkɔ tegbee. Ŋkɔ sia nye nye ŋkɔ tso dzidzime yi dzidzime.
16
Yi nàƒo Israelviwo ƒe ame tsitsiwo nu ƒu, eye nàgblɔ be nye Aƒetɔ, mia tɔgbuiwo ƒe Mawu, Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu, ɖe eɖokui fiam, gblɔ be, ‘Nye ŋku le mia ŋu, eye menya nu si wole mia wɔm le Egipte.
17
Eya ta medo ŋugbe be maɖe mi tso Egiptetɔwo ƒe fuwɔame la me, eye makplɔ mi ayi Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo, Xivitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba dzi; anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la.’
18
Dukɔ la aɖo to wò. Ekema wò kple Israelviwo ƒe ame tsitsiwo miayi Egipte-fia la gbɔ, eye miagblɔ nɛ be: ‘Aƒetɔ, Hebritɔwo ƒe Mawu la ɖe eɖokui fia mí; eya ta ɖe mɔ na mí míazɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe mɔ ayi gbedzi, aɖasa vɔ na Aƒetɔ, mía Mawu la.’
19
Menyae be Egipte-fia la maɖe mɔ na mi miayi o, negbe ɖeko woazi edzi hafi.
20
Ale matsɔ nye ŋusẽ kple nukunu siwo katã mawɔ le wo dome la, atu nu kple Egipte, eye eya megbe la, ana miadzo.
21
Mana gɔ̃ hã be Egiptetɔwo ƒe dɔme atrɔ ɖe dukɔ sia ŋu ale be ne miele dzodzom la, miayi asi ƒuƒlu o.
22
Israel-nyɔnu ɖe sia ɖe nabia klosalotsyɔ̃ɖonu, sikanuwo kple nudodowo le eƒe aƒelika kple amedzro si le eƒeme la si. Miado nu siawo na mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo adzoe. To esia me, miaha Egiptetɔwo.”
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40