bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Exodus 22
Exodus 22
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 23 →
1
“Ne ame aɖe fi nyitsu alo alẽ eye wòwui alo dzrae la, ele nɛ be wòaɖo nyitsu atɔ̃ nyi ɖeka la teƒe, eye alẽ ene aɖo alẽ ɖeka teƒe. Ele be wòaɖo nu si wòfi la ƒe home eteƒe. Ne naneke mele esi o la, ekema woadzrae ɖe nu si wòfi la teƒe.
2
“Ne fiafi aɖe ge ɖe aƒe aɖe me le fi fim, eye woxlã nu ɖee wui la, ewula medo hlɔ̃ o.
3
Evɔ nenye ŋkeke mee la, ekema ewula do hlɔ̃.
4
Ne wokpɔ nu si wòfi la agbagbee le esi, nyitsu lae loo, tedzi lae loo, alo alẽ lae la, ele be wòaxe eƒe fe teƒe eve.
5
“Ne ame aɖe kplɔ eƒe lãwo yi gbeɖuƒe le eƒe anyigba dzi, alo eƒe waingble me, eye eƒe lãa yi ɖaɖu nu le ame bubu ƒe anyigba dzi alo agble me la, ele be wòadi nuku siwo eƒe lãa ɖu la ƒe nyuitɔ kekeake le eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi alo waingble me aɖo nu siwo eƒe lãa ɖu la teƒe.
6
“Ne ame aɖe tɔ dzo nu, eye dzoa bi yi ɖagblẽ ame bubu ƒe nuku siwo le do nu alo esiwo woxa ƒo ƒui ɖi la, ele na dzoa tɔla la be wòaxe nu siwo dzoa gblẽ la ƒe fe.
7
“Ne ame aɖe dzra ga alo nu bubu aɖe ɖo ɖe ame gbɔ ko wova fii, eye wolé fiafitɔa la, ele na fiafitɔa be wòaxe nuawo ƒe fe ƒe teƒe eve.
8
Ne womenya ame si fi nuawo o la, ekema ame si nye aƒea tɔ la ate ɖe Mawu ŋu ava ɖee afia be eya ŋutɔe fi nuawo loo, alo menye eyae o.
9
“Ne ame eve le nane abe nyi, tedzi, alẽ, nudodo aɖe alo nane ene si bu eye wofɔe tsɔ vɛ la ʋlim la, woahe ame eveawo ayi Mawu ŋkume. Ame si Mawu bu fɔ la axe nua ƒe teƒe eve na ehavia.
10
“Ne ame aɖe tsɔ tedzi, nyitsu, alẽ alo lã bubu aɖe ɖo ehavi gbɔ eye lãa ku, alo nu vevi aɖe wɔe, alo wokplɔe dzoe eye ame aɖeke mekpɔe o la,
11
ekema atà Aƒetɔ na nɔvia atsɔ fia be menya nu le lã la ƒe bubu ŋu o; ame si tɔe nye lãa la axɔ nutàta sia, eye ame si gbɔ wòtsɔ lãa ɖo hafi la maxe fe aɖeke o.
12
Ke nenye ɖe wofi lãa la, axee na ame si tɔe nye lã la.
13
Nenye lã wɔadã aɖee vuvui la, mina wòatsɔe ava fia wòanye ɖaseɖiɖi, eye maxe fe aɖeke ɖe lãa ta o.
14
“Ne ame aɖe ɣe ehavi ƒe nane, eye nu vevi wɔe alo wòku, esime lã tɔ meli o la, ele be wòaɖo eteƒe wòade tututu.
15
Ke ne nua tɔ li hafi nua dzɔ la, ekema lãɣela la maxe naneke ɖe lãa ta o. Nenye ɖe wodae na dɔwɔwɔ la, womaxɔ naneke le esi o, elabe ɖe wodae xe fe ɖe eta.
16
“Ne ŋutsu aɖe ble ɖetugbi si ta womebia o, eye wòde asi eŋu la, ele nɛ be wòawɔ srɔ̃ɖenu ɖe eta eye wòaɖee.
17
Ne ɖetugbia tɔ́ gbe be yematsɔe nɛ wòaɖe o la, ele na ŋutsua be wòaxe srɔ̃ɖenu siwo wowɔna ɖe ɖetugbi ta la ƒe fe na tɔ́a la.
18
“Mègana nyɔnu dzotɔ nanɔ agbe o.
19
“Ame si dɔ kple lã la, miwui.
20
“Ne ame aɖe sa vɔ na mawu bubu aɖe, eye menye na Aƒetɔ ɖeɖe ko o la, mitsrɔ̃e keŋkeŋ.
21
“Migawɔ vɔ̃ ɖe amedzro ŋu alo atee ɖe anyi o, elabe miawo hã mienye amedzro kpɔ le Egipte-nyigba dzi.
22
Migafia fu ahosiwo alo tsyɔ̃evi aɖeke o.
23
Ne miewɔ fu wo eye wodo ɣli yɔm la, matɔ na wo kokoko.
24
Mado dɔmedzoe helihelĩ, awu mi kple yi, mia srɔ̃wo azu ahosiwo eye mia viwo azu tsyɔ̃eviwo.
25
“Ne èdo ga na nye dukɔa me tɔ ame dahe aɖe la, mègayɔe ɖe nu abe ale si fetɔ wɔna ene o, eye mègabia deme ɖe ga la dzi hã o.
26
Ne hawòvi tsɔ eƒe awu alo avɔ ɖo awɔba na wò la, trɔe nɛ hafi ɣe naɖo to,
27
elabe eya koe le esi wòtsyɔna. Ne etsi gbɔwò ɖe, nu ka hawòvi la atsyɔ amlɔ anyii? Ne efa konyi nam la, masee elabe nublanuikpɔla menye.
28
“Mègado vlo Mawu o, eye mègaƒo fi de wò dukɔ ƒe dziɖula aɖeke o.
29
“Mègahe ɖe megbe le agblemenuku kple wain siwo do tso wò dɔwɔwɔ me la ƒe akpa ɖe nana ŋu o. “Mitsɔ mia viŋutsu ŋgɔgbeawo nam.
30
Miwɔ nenema ke na miaƒe nyiwo kple alẽwo hã. Ne wodzi ɖe la, nenɔ nɔa gbɔ ŋkeke adrẽ, eye le ŋkeke enyia gbe la, mitsɔe nam.
31
Ame siwo ŋu wokɔ la mianye nam, eya ta migaɖu lã si lã wɔadãwo vuvu le gbedzi la o; ke boŋ mitsɔe ƒu gbe na avuwo.
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 23 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40