bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Exodus 34
Exodus 34
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 33
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 35 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Kpa kpe bubu eve ne woanɔ abe gbãtɔawo ene, eye nàŋlɔ kpe gbãtɔ siwo nègbã la ƒe nyawo ɖe wo dzi.
2
Dzra ɖo, etsɔ ŋdi nàlia Sinai-to la naɖanɔ lalayem le etame.
3
Ame aɖeke megalia to la kpli wò o. Mègana woakpɔ ame aɖeke le to bliboa ƒe afi aɖeke o; mègana alẽha alo nyiha hã nava ɖu gbe le toa gbɔ o.”
4
Ale Mose kpa kpe eve abe gbatɔ̃awo ene. Efɔ ŋufɔke ŋdi kanya, tsɔ kpeawo ɖe asi eye wòlia to la yi etame abe ale si Aƒetɔ gblɔ nɛ ene.
5
Aƒetɔ le alilikpo me ɖi va, hetsi tsitre ɖe egbɔ eye wòɖe gbeƒã Aƒetɔ ŋkɔ.
6
Tete wòva to Mose ŋkume yina, eye wòɖe gbeƒã be: “Aƒetɔ, Aƒetɔ, Mawu nublanuikpɔla kple amenuvela, ame si gbɔa dzi blewuu eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ.
7
Evea amegbetɔwo nu le dzidzime akpe nanewo me, eye wòtsɔa vodadawo, dzidadawo kple nuvɔ̃wo kena, ke megbea tohehe na ame o. Exea vi tɔ́wo ƒe vodadawo ŋuti fe na viwo kple wo viwo ƒe viwo va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi.”
8
Tete Mose wɔ kaba, de ta agu eye wòdo gbe ɖa.
9
Egblɔ be: “Aƒetɔ, ne èkpɔ ŋudzedze le ŋunye azɔ la, Aƒetɔ, meɖe kuku, va kplɔ mí yii. Togbɔ be dukɔ kɔlialiatɔe nye dukɔ sia hã la, tsɔ míaƒe vodadawo kple míaƒe nuvɔ̃wo ke mí, eye nàgalɔ̃ axɔ mí abe wò domenyinu ene.”
10
Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Kpɔ ɖa, mebla nu kpli wò. Mele nukunu siwo ƒomevi womewɔ le anyigba blibo la dzi alo le dukɔ aɖeke me kpɔ o la wɔ ge le wò dukɔ blibo la ŋkume. Dukɔ blibo si dome nèle la akpɔ Aƒetɔ ƒe nukunu, elabe nu dziŋɔ wònye wɔ ge mala.
11
“Lé ŋku ɖe se siwo dem mele na wò egbe la ŋu. Kpɔ ɖa, manyà Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo, Xivitɔwo kple Yebusitɔwo ɖa le mia ŋgɔ.
12
Kpɔ nyuie be nàgabla nu kple anyigba si dzi yim miele la dzi tɔwo o, be womagava zu mɔ̀ ɖe mia dome o.
13
Ke boŋ mimu woƒe vɔsamlekpuiwo, migbã woƒe legbawo, eye mitso woƒe nyɔnumawu Asera-tiwo ƒu anyi.
14
(Migasubɔ mawu bubu aɖeke o elabe Aƒetɔ, si ŋkɔe nye Ŋuʋaʋã la, Mawu ʋãŋu wònye.)
15
Mègabla nu kple anyigba la dzi tɔwo gbeɖe o. Ne menye nenema o la, ne wole woƒe trɔ̃nuwo wɔm la, woayɔ wò be nàva ɖu woƒe vɔsanuawo.
16
Eyome àɖe wo vinyɔnuwo na viwò ŋutsuwo, eye ne wo vinyɔnuwo le woƒe trɔ̃nuwo wɔm la, woana viwò ŋutsuwo hã nasubɔ woƒe mawuawo.
17
“Mègakɔ̀ mawu aɖeke na ɖokuiwò o.
18
“Ɖo ŋku Abolo Maʋamaʋã Ŋkeke Nyui la dzi mianɔ ɖuɖum. Ɖu abolo si me womede amɔwɔʋãnui o la ŋkeke adrẽ le nuŋeɣleti, Abib, me abe ale si meɖoe na mi la ene, elabe ɣleti, Abib, mee mieʋu dzo le Egipte.
19
Nu sia nu si ʋu dɔ nu na nɔa la, tɔnyee. Wò lãwo ƒe ŋgɔgbevi siwo nye atsu, nyi o, alẽ o, tɔnyee.
20
Gake ne tedzi dzi vi gbãtɔ wònye atsu la, ele be nàtsɔ alẽvi aɖɔlii, eye ne maɖɔlii o la, ekema nàŋe kɔ le enu. Ele be miaɖɔli miaƒe viŋutsu ŋgɔgbeawo katã ta. Ame aɖeke megava ŋkunye me asi ƒuƒlu o.
21
“Wɔ dɔ ŋkeke ade, eye nàdzudzɔ le ŋkeke adrẽa gbe. Nuŋlɔɣi wòɖanye o, nuŋeɣi wòɖanye o, dzudzɔ ɖokuiwò.
22
Ɖu kwasiɖawo ƒe ŋkekenyui la, ne ède asi lu gbãtɔwo ŋeŋe me, eye nàɖu avaɖoɖoŋkekenyui le ƒea ƒe nuwuwu.
23
Ele na wò ŋutsuwo katã be woava Aƒetɔ, Mawu la, Israel ƒe Mawu la, ŋkume zi etɔ̃ le ƒe ɖeka me.
24
Elabe manyà dukɔwo ɖa le ŋgɔwò eye makeke wò liƒowo ɖe enu. Ne èyi Aƒetɔ, wò Mawu la ŋkume zi etɔ̃ le ƒe ɖeka me la, wò anyigba madzro ame aɖeke o.
25
“Mègatsɔ nye vɔsalã ƒe ʋu sa vɔe kpe ɖe amɔwɔʋãnu ŋu o. Mègagblẽ lã si nàtsɔ sa vɔe le Paska ɖugbe la ƒe ɖeke ɖi ŋu nake ɖe edzi o.
26
Ƒe sia ƒe la, nàtsɔ wò agblemenuku gbãtɔ si nèŋe la va Aƒetɔ ƒe aƒe la me. Mègaɖa gbɔ̃vi le nɔa ƒe notsi me o.”
27
Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Ŋlɔ nya siawo ɖi, elabe nya siawo dzie mebla nu kpli wò kple Israel ɖo.”
28
Mose nɔ Aƒetɔ gbɔ le toa dzi, ŋkeke bla ene, zã bla ene, nu maɖumaɖu, tsi manomanoe eye wòŋlɔ nubabla la ƒe nyawo ɖe kpeawo dzi. Nya siawoe nye Se Ewoawo.
29
Esi Mose lé kpe eveawo, siwo dzi Se Ewoawo le la ɖe asi, eye wòɖi tso Sinai-toa dzi gbɔna la, eƒe mo nɔ keklẽm, esi wòƒo nu kple Aƒetɔ ta, gake menya o.
30
Aron kple Israelviwo ƒe ha blibo la kpɔ be eƒe mo nɔ keklẽm. Vɔvɔ̃ ɖo wo eye womedi be yewoate ɖe eŋu o.
31
Ke Mose do ɣli yɔ wo le adzɔge. Aron kple ameha la ƒe kplɔlawo yi egbɔ azɔ, eye wòƒo nu kpli wo.
32
Eyome Israel-ha blibo la va ƒo ƒu ɖe eŋu. Tete wògblɔ se siwo katã Aƒetɔ de na dukɔa le toa dzi la na wo.
33
Esi wòƒo nu kpli wo vɔ la, etsɔ motsyɔvɔ tsyɔ mo.
34
Ɣe sia ɣi si wòyina ɖe godoƒegbadɔ la me be yeaƒo nu kple Aƒetɔ la, eɖea motsyɔvɔ la ɖa le mo. Ne edo go va le Aƒetɔ ƒe gbedeasiwo gblɔm na dukɔa la,
35
Israelviwo kpɔna be eƒe mo le keklẽm. Tete wògatsɔa motsyɔvɔ la tsyɔa mo va se ɖe esime ɣeyiɣia gaɖona wògayina ɖaƒoa nu kple Aƒetɔ.
← Chapter 33
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 35 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40