bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Exodus 6
Exodus 6
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 7 →
1
Gake Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Azɔ àkpɔ nu si mele Egipte Fiagã la wɔ ge. Elabe alɔ sesẽe wòatsɔ nyà wo do goe, ẽ atsɔ alɔ sesẽ anyà wo ɖa le eƒe anyigba dzii.”
2
Mawu gblɔ na Mose be: “Nyee nye Aƒetɔ.
3
Nyee ɖe ɖokuinye fia Abraham, Isak kple Yakob abe Mawu Ŋusẽkatãtɔ ene. Gake nyemena wonya be ŋkɔnyee nye Aƒetɔ o.
4
Mebla nu kpli wo hã be matsɔ Kanaan-nyigba, anyigba si dzi wonɔ abe amedzrowo ene la ana wo wòazu wo tɔ.
5
Gawu la, mese konyi si fam Israelviwo, ame siwo Egiptetɔwo te ɖe anyi la, eye meɖo ŋku nu, si mebla kpli wo la dzi.
6
Eya ta gblɔ na Israel-dukɔ be: ‘Nyee nye Aƒetɔ. Maɖe mi le Egiptetɔwo ƒe kɔkuti te. Maɖe mi le woƒe kluvinyenye me, eye maɖe mi tso wo si me ale be miaganye kluviwo na wo o. Mamlo nye abɔ me atsɔ nye ŋusẽ triakɔ la atu nu kpli wo.
7
Mawɔ mi mianye nye ŋutɔ nye dukɔ, eye manye miaƒe Mawu. Mianyae be nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu, si ɖe mi le Egiptetɔwo ƒe agba kpekpe la te.
8
Makplɔ mi ayi anyigba si meka atam be matsɔ na Abraham, Isak kple Yakob la dzi, eye matsɔe ana mi wòanye miawo ŋutɔ tɔ. Nyee nye Aƒetɔ.’ ”
9
Mose gblɔ nya siawo na Israelviwo; ke womeɖo to se eƒe nyaawo o, le ale si gbegbe woƒe dzi gbã kple fu si gbegbe kpem wole le woƒe kluvinyenye la me la ta.
10
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
11
“Yi ɖagblɔ na Egipte Fiagã la, be neɖe asi le Israelviwo ŋu ne woadzo le eƒe anyigba dzi.”
12
Ke Mose gblɔ na Aƒetɔ be: “Kpɔ ɖa, esi Israelviwo gɔ̃ hã meɖo tom o ɖe, ale ke wɔ Egipte Fiagã ya boŋ laɖo to nye, ame si nu menyaƒona na kura o la?”
13
Tete Aƒetɔ ƒo nu na Mose kple Aron, eye wòdɔ wo ɖe Israel-dukɔ la kple Egipte Fiagã la gbɔ be woakplɔ Israelviwo dzoe le Egipte-nyigba dzi.
14
Wo tɔgbuiwo ƒe aƒekɔtatɔwoe nye esiawo: Ruben, Israel ƒe ŋgɔgbeviŋutsu viŋutsuwoe nye: Henox, Palu, Xezron kple Karmi. Woawo mee Ruben-to la dzɔ tso.
15
Simeon viŋutsuwoe nye: Yemuel, Yamin, Ohad, Yaxin, Zoxar kple Saul, ame si nye Kanaan-nyɔnu ƒe vi. Woawo mee Simeon-to la dzɔ tso.
16
Levi viŋutsuwo ƒe ŋkɔwoe nye: Gerson, Kahat kple Merari. Levi nɔ agbe ƒe alafa ɖeka bla etɔ̃ vɔ adrẽ.
17
Gerson viŋutsuwoe nye Libni kple Simei. Dzidzimeviwo nɔ ɖe sia ɖe si.
18
Kahat viŋutsuwoe nye: Amram, Yizhar, Xebron kple Uziel. Kahat nɔ agbe ƒe alafa ɖeka bla etɔ̃ vɔ etɔ̃.
19
Merari viŋtsuwoe nye Maxeli kple Masi. Ame siawo mee Levi ƒome la dzɔ tso.
20
Amram ɖe tɔ́a nɔvinyɔnu Yoxebed, eye wòdzi Aron kple Mose nɛ. Amram nɔ agbe ƒe alafa ɖeka bla etɔ̃ vɔ adrẽ.
21
Yizhar viŋtsuwoe nye: Korax, Nefeg kple Sixri.
22
Uziel viŋutsuwoe nye: Misael, Elzafan kple Sitri.
23
Aron ɖe Eliseba, Aminadab vinyɔnu, si nye Naxason nɔvinyɔnu eye wòdzi Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar nɛ.
24
Korax viŋutsuwoe nye: Asir, Elkana kple Abiasaf. Woawoe nye Korax ƒome la ƒe tɔgbuitɔgbuiwo.
25
Eleazar, Aron vi ɖe Putiel vinyɔnuwo dometɔ ɖeka, ame si dzi Pinehas nɛ. Ame siawo nye Levi-to la ƒe tɔgbuitɔgbuiwo kple woƒe ƒomeawo.
26
Aron kple Mosee Aƒetɔ gblɔ na be: “Mikplɔ Israelviwo ƒe toawo dzoe le Egipte-nyigba dzi.”
27
Woawoe yi ɖagblɔ na Egipte Fiagã, Egipte-fia la be neɖe mɔ ne Israelviwo nadzo le eƒe anyigba dzi. Mose sia kple Aron sia ye.
28
Esi Aƒetɔ ƒo nu kple Mose le Egipte-nyigba dzi la,
29
egblɔ nɛ be: “Nyee nye Aƒetɔ. Yi ɖagblɔ nya siwo katã megblɔ na wò la na Egipte Fiagã, Egipte-fia la.”
30
Ke Mose gblɔ na Aƒetɔ be: “Kpɔ ɖa, wò ŋutɔ ènya be nu menyaƒona nam o. Ale ke wɔ Egipte Fiagã la aɖo tomee?”
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 7 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40