bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Exodus 17
Exodus 17
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 18 →
1
Israelviwo ƒe ameha blibo la ho tso Sin-gbedadaƒo ɖo ta ŋgɔ. Wotɔ ɖe teƒeteƒewo le Aƒetɔ ƒe gbeɖeɖe nu. Wova ɖo Refidim mlɔeba eye woƒu asaɖa anyi ɖe afi ma. Ke tsi aɖeke mele afi ma woano o.
2
Eya ta wokpe dzre kple Mose gblɔ be: “Di tsi na mí ne míano.” Mose bia wo be: “Nu ka ta miele dzre wɔm kplim? Nu ka ta miele Aƒetɔ tem kpɔ?”
3
Gake esi tsikɔ wu ameawo vevie le afi ma la, woƒo nu le Mose ŋu be: “Nu ka ta nèkplɔ mí dzoe le Egipte? Ɖe nèbe tsikɔ nawu míawo ŋutɔ kple mía viwo kpakple míaƒe lãwo ne míakua?”
4
Ale Mose do ɣli na Aƒetɔ be: “Nu ka mawɔ na dukɔ sia? Wole klalo be yewoaƒu kpem.”
5
Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Dze ŋgɔ na dukɔ la, eye nàtia Israel-me tsitsi aɖewo akpe ɖe ɖokuiwò ŋu. Tsɔ atizɔti si nètsɔ ƒo Nil dzi la ɖe asi yii.
6
Kpɔ ɖa, matsi tsitre ɖe ŋkuwò me ɖe Xoreb-kpe la dzi. Ƒo kpe la ekema tsi ado tso eme be dukɔ la nano.” Mose wɔ nenema le Israel-me tsitsiawo ŋkume.
7
“Dzrewɔwɔ” Mose tsɔ ŋkɔ na teƒe ma be Masa kple Meriba elabe Israelviwo wɔ dzre eye wote Aƒetɔ kpɔ le afi ma bia be: “Ɖe Aƒetɔ le mía dome loo, alo meli o?”
8
Esia megbe Amalekitɔwo wɔ aʋa kple Israelviwo le Refidim.
9
Tete Mose gblɔ na Yosua be: “Tia ŋutsu aɖewo na mí ne miayi aɖakpe aʋa kple Amalek etsɔ. Nye la, maɖatsi tsitre ɖe togbɛ la tame alé Mawu ƒe atizɔti la ɖe asi.”
10
Ale Yosua wɔ abe ale si Mose gblɔ nɛ la ene eye wowɔ aʋa kple Amalek. Ke Mose, Aron kple Xur ya yi ɖe togbɛ la tame.
11
Ne Mose kɔ asi dzi la, Israelviwo ƒe alɔ yia dzi, ne eɖiɖi asi ɖe anyi la, ekema Amalekitɔwo ƒe alɔ yia dzi.
12
Ke abɔ va ku ɖe Mose ŋu, ale wotsɔ kpe va de ete, eye wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe edzi. Aron kple Xur lé eƒe asiwo ɖe dzi; ame ɖeka le axa ɖeka dzi eye ame evelia le axa kemɛ dzi. Ale wolé eƒe asiwo ɖe te, va se ɖe esime ɣe ɖo to.
13
Yosua fiti Amalek kple eƒe aʋakɔ la kple yi keŋkeŋ.
14
Tete Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Ŋlɔ nu sia ɖe agbalẽ me hena ŋkuɖoɖo edzi, eye nàkui ɖe to me na Yosua, elabe matsrɔ̃ Amalek ŋkɔ ɖa le xexea me keŋkeŋ.
15
Mose ɖi vɔsamlekpui eye wòna ŋkɔe be “Aƒetɔ nye nye aflaga,
16
hegblɔ be, “Asi le Aƒetɔ ƒe aflaga dzi! Aƒetɔ awɔ aʋa kple Amalek tso dzidzime yi dzidzime.”
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 18 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40