bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Exodus 31
Exodus 31
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 30
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 32 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
2
Kpɔ ɖa, meyɔ Bezaleel, Uri viŋutsu si nye Xur ƒe tɔgbuiyɔvi tso Yuda-to la me.
3
Metsɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ si fiaa ŋutete kple nunya, nugɔmesese kple aɖaŋu vovovowo wɔwɔ de eme fũu,
4
be wòabu tame anya ale si wowɔa sika, klosalo kple akɔbli ŋudɔ aɖaŋutɔe;
5
anya ale si woadze kpe hena nuwo me dede, eye wòanya ale si woadze ati hena aɖaŋu vovovowo wɔwɔe.
6
Kpɔ ɖa, metia Oholiab, Axisamak viŋutsu tso Dan-to la me kpe ɖe eŋu, eye mena nunya ame siwo katã ŋu ŋutete le la, be woate ŋu awɔ nu siwo katã meɖo na mi be miawɔ la:
7
godoƒegbadɔ la, nubablaɖaka la kple eƒe nutunu si le edzi kpakple agbadɔ la ŋuti nuwo katã;
8
kplɔ̃a kple eŋu nuwo, sikakaɖiti la kple eŋu nuwo katã kpakple lifivɔsamlekpui la;
9
numemevɔsamlekpui la kple eŋu nuwo katã, tsileze la kple eƒe zɔ;
10
atsyɔ̃ɖowuawo kple nunɔla Aron ƒe awu kɔkɔeawo kpakple via ŋutsuawo ƒe awuwo be woatsɔ asubɔ;
11
ami kɔkɔe si wosina na nu kple lifi si ʋẽna lílilĩ hena kɔkɔeƒe la. Woawɔ nu siawo katã abe ale si megblɔ na wò la ene tututu.”
12
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
13
“Gblɔ na Israel-dukɔ la be: ‘Miɖo ŋku nye dzudzɔgbeawo dzi, elabe esia nye dzesi le nye kple miawo kpakple miaƒe dzidzimeawo dome, ne mianyae be nye Aƒetɔ, ye wɔ mi kɔkɔe.
14
Miɖo ŋku dzudzɔgbe la dzi elabe nu kɔkɔe wònye na mi: Ame sia ame si gblẽ kɔ ɖo nɛ la, ele be woawui. Ame sia ame si awɔ dɔ aɖe le edzi la, ele be woaɖee ɖa le eƒe dukɔmetɔwo dome.
15
Ŋkeke adee woawɔ dɔ, ke ŋkeke adrẽlia nye dzudzɔgbe, ŋkeke kɔkɔe na gbɔɖeme na Aƒetɔ. Ame sia ame si wɔ dɔ aɖe le dzudzɔgbe la, ele be woawui.
16
Eya ta Israel-dukɔ la naɖo ŋku dzudzɔgbe la dzi, alé ŋku ɖe eƒe ɖoɖowo ŋu le dzidzimewo katã me, wòanye nubabla si anɔ anyi tegbee.
17
Enye dzesi mavɔ le nye kple Israel-dukɔ la dome be ŋkeke ade mee Aƒetɔ wɔ dziƒo kple anyigba, eye le ŋkeke adrẽa gbe la, wògbɔ ɖe eme heɖi ɖe eme nyuie.’ ”
18
Esi wòƒo nu kple Mose vɔ le Sinai-to dzi la, etsɔ kpe eveawo, siwo dzi sea le la nɛ; kpe siwo dzi Mawu ŋutɔ tsɔ eƒe asibidɛ ŋlɔ nu ɖo la.
← Chapter 30
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 32 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40